INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 1/15 axa 10-14
  • Ameƒomea Hiã Sidzedze Mawu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ameƒomea Hiã Sidzedze Mawu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Sidzedze Mawu”
  • Nuŋeŋedɔa Sɔ Gbɔ!
  • Nyabiaɖaka
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Yayra Gã Siwo Tsoa Teokrasikpekpewo Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Sidzedze Xɔxɔ—Tso Fifia Yi Ðe Mavɔmavɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Ŋkuléle Ðe Nusrɔ̃lawɔwɔdɔ si Hiã Kpata ƒe Zɔɖeɖe Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 1/15 axa 10-14

Ameƒomea Hiã Sidzedze Mawu

“Àse Yehowa-vɔvɔ̃ gɔme, eye wò asi atu sidzedze Mawu.”—LODODOWO 2:5.

1. Nukatae míate ŋu agblɔ be Mawu ƒe aɖaŋudɔ blibo aɖee amegbetɔ ƒe dzi nye?

AMEGBETƆ ƒe dzi siwo ade 5,600,000,000 la le tsotsom le anyigba dzi fifi laa. Wò ŋutɔ wò dzi tsona zi gbɔ zi 100,000 eye wòɖoa ʋu lita 7,600 ɖe wò ŋutilã ƒe ʋuka siwo ne wotsiã wo ɖe enu la, woade kilometa 100,000 la me gbesiagbe. Amegbetɔ ƒe ŋutinu bubu aɖeke megawɔa dɔ sesẽ de Mawu ƒe aɖaŋudɔ nyui sia nu o.

2. Aleke nàɖɔ kpɔɖeŋudzi lae?

2 Kpɔɖeŋudzi 5,600,000,000 hã le dɔ dzi le anyigba la dzi. Míaƒe kpɔɖeŋudzi la mee míaƒe seselelãmewo, ŋusẽ siwo ʋãa mí míewɔa nu, kple míaƒe didiwo le. Eya mee míaƒe tamesusu, míaƒe gɔmesese, kple míaƒe didi tsona. Kpɔɖeŋudzia ate ŋu ado eɖokui ɖe dzi alo abɔbɔ eɖokui, alé blanui alo akpɔ dzidzɔ, eme nado viviti alo eme nakɔ.—Nexemya 2:2; Lododowo 16:5; Mateo 11:29; Dɔwɔwɔwo 14:17; Korintotɔwo II, 4:6; Efesotɔwo 1:16-18.

3, 4. Aleke wotsɔ nyanyuia le amewo ƒe dzi gbɔ ɖomee?

3 Yehowa Mawu ate ŋu axlẽ nusi le amegbetɔ ƒe dzi me. Lododowo 17:3 gblɔ be: “Sonu li ɖe klosalo ŋu, eye kpo li ɖe sika ŋu; ke Yehowa doa dziwo kpɔna.” Gake le esi Yehowa naxlẽ amesiame ƒe dzi ko ne wòadrɔ̃ ʋɔnui teƒe la, ele eƒe Ðasefowo zãm be woatsɔ nyanyuia aɖo amewo ƒe dzi gbɔe. Esia wɔ ɖeka kple apostolo Paulo ƒe nya siawo: “Amesiame, si ayɔ [Yehowa, NW] ƒe ŋkɔa dzi la, woaɖee. Azɔ aleke woayɔ amesi dzi womexɔ se o la mahã? Ke aleke woaxɔ amesi ŋutinya womese kpɔ o la dzi ase mahã? Ke aleke woase nya, ne nyanyui gbeƒãɖela aɖeke mele wo si o mahã? Ke aleke woaɖe gbeƒã, ne womedɔ wo ɖa hafi o mahã? Abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: ‘Nyagblɔla, siwo gblɔa ŋutifafanya kple nyanyui la ƒe afɔwo nyo loo!’”—Romatɔwo 10:13-15.

4 Edze Yehowa ŋu be yeaɖo yeƒe Ðasefowo ɖe anyigba la ƒe afisiafi be ‘woagblɔ nyanyuia’ eye woadi amesiwo si dzi si xɔa nya la le. Fifia míesɔ gbɔ wu ame 5,000,000—le mamã dedie nu la, efia be Ðasefo 1 li na anyigbadzitɔ 1,200 ɖesiaɖe. Menye dɔ feŋui ye nyanyuia tsɔtsɔ yi na ame biliɔn siwo le anyigba dzi la nye o. Gake Mawu le mɔ fiam dɔ sia to Yesu Kristo dzi eye ele dzi anukwaretɔwo hem vɛ. Eyata nyagblɔɖi si le Yesaya 60:22 la le eme vam, be: “Ame suewo azu akpe, eye ame ʋeewo azu dukɔ sesẽ. Nye Yehowa, nye asi matsɔ awɔe le ewɔɣi.”

5. Nukae nye sidzedze, eye nukae míate ŋu agblɔ le xexeame ƒe nunya ŋu?

5 Ɣeyiɣi mae nye fifia, eye nu ɖeka dze kɔte—ame biliɔn gbogbo siwo le anyigba dzi la hiã sidzedze. Nusi sidzedze fia koŋ ye nye nuwo nyanya to nuteƒekpɔkpɔ, ŋkuléleɖenuŋu, alo nusɔsrɔ̃ me. Sidzedze gbogbo aɖe le xexeame si. Wowɔ ŋgɔyiyi le nuwo abe mɔzɔzɔ, lãmesẽtakpɔkpɔ, kple kadodo ene me. Gake le nyateƒe me la, xexemesidzedze ye ameƒomea hiã? Kura o! Aʋawɔwɔ, ameteteɖeanyi, dɔléle, kple ku yi edzi le fu wɔm ameƒomea. Zi geɖe la, xexeame ƒe nunya trɔna kabakaba eye kakaɖedzi blibo mele eŋu o.

6. Ne wotsɔ sidzedze Mawu sɔ kple xexeame ƒe nunya le ʋu gome la, aleke wòle?

6 Le kpɔɖeŋu me: Anye ƒe alafa eve va yi la, woɖea ʋu le lãme na ame kple susu be gbe dam wole nɛ. Woɖe ʋu le George Washington, United States dukplɔla gbãtɔ, ŋu zi geɖe le eƒe agbe me gaƒoƒo mamleawo me. Eva ɖo afi aɖe wògblɔ be: “Mina maku le ŋutifafa me; nyemagate ŋu anɔ anyi adidi o.” Nyateƒe wòto, elabena eku gbemagbe ke—le December 14, 1799 dzi. Ðe ʋuɖeɖelelãmename teƒe la, ʋudodo ɖe ame ƒe lãme dzie wotea gbe ɖo egbea. Kuxi siwo hea ku vɛ sɔŋ ye bɔ ɖe mɔnu evea siaa me. Gake le ɣeyiɣi siawo katã me la, Mawu ƒe Nya la gblɔ be: ‘Mitsri ʋu.’ (Dɔwɔwɔwo 15:29) Sidzedze Mawu sɔna ɣesiaɣi, kakaɖedzi nɔa eŋu, eye medoa xoxo o.

7. Ne wotsɔ Ŋɔŋlɔawo me sidzedze vavãtɔ sɔ kple xexeame ƒe nunya le vihehe gome la, aleke wòle?

7 Gabu alesi kakaɖedzi mele xexeame ƒe nunya ŋu o ƒe kpɔɖeŋu bubu hã ŋu kpɔ. Susuŋutinunyalawo gblɔ ƒe geɖe enye esia be woaɖe mɔ na ɖeviwo woawɔ woawo ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu, gake nya sia taʋlila ɖeka lɔ̃ ɖe edzi emegbe be vodadae wònye yewowɔ. Germania Gbeŋutinusrɔ̃lawo ƒe Habɔbɔ gblɔ ɣeaɖeɣi be “ne mede ɖeke o hã la, [mɔɖeɖeɖenuŋu sia] gbɔe kuxi siwo míedoa goe egbea le ɖeviwo gome la tso le mɔ aɖe nu.” Xexeame ƒe nunya ate ŋu anɔ tɔtrɔm abe yae lɔe ɖe enu ene, gake Ŋɔŋlɔawo me sidzedze vavãtɔ ya li ke sesĩe. Biblia ɖo aɖaŋu si da sɔ le vinyinyi ŋu. Lododowo 29:17 gblɔ be: “He to na viwò, ekema ana gbɔɖeme wò, eye wòado vivi na wò luʋɔ.” Ele be woahe to sia le lɔlɔ̃ me, elabena Paulo ŋlɔ be: “Mi fofowo la, migado dziku na mia viwo o, ke minyi wo le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.”—Efesotɔwo 6:4.

“Sidzedze Mawu”

8, 9. Aleke nàɖe nusi Lododowo 2:1-6 gblɔ le sidzedze si ƒomevi hiã ameƒomea ŋutɔŋutɔ ŋu la mee?

8 Togbɔ be Paulo nye agbalẽnyalagã hã la, egblɔ be: “Ne mia dome ame aɖe bu eɖokui nunyala le xexe sia me la, nezu bometsila, bene wòazu nunyala. Elabena xexe sia me nunya enye bometsitsi le Mawu gbɔ.” (Korintotɔwo I, 3:18, 19) Mawu koe ate ŋu ana sidzedze si ameƒomea hiã ŋutɔŋutɔ la mí. Lododowo 2:1-6 gblɔ le eŋu be: “Vinye, ne èxɔ nye nuƒoƒo wɔ tɔwòe, eye nèdzra nye sewo ɖo ɖe ɖokuiwò gbɔ, be nèƒu wò to anyi ɖe nunya ŋu, eye nèbi wò dzi ɖe gɔmesese ŋuti, ẽ, ne èyɔ nunya, eye nèkɔ wò gbe dzi ɖe gɔmesese ŋu la, ne èdii abe klosalo ene, eye nèdi eyome mɔ abe kesinɔnu, si le to me ene la, ekema àse Yehowa-vɔvɔ̃ gɔme, eye wò asi atu sidzedze Mawu. Elabena Yehowa naa nunya, eƒe nu me sidzedze kple gɔmesese dzɔ tso.”

9 Amesiwo dzi nyui ʋãna la ƒua to anyi ɖe nunya ŋu to sidzedze si Mawu nana la tsɔtsɔ wɔ dɔe le mɔ nyuitɔ nu me. Wobia woƒe dzi ɖe gɔmesese ŋu to alesi nusiwo srɔ̃m wole dada kpɔ nyuie me. Esɔ kple alesi woayɔ gɔmesese, alo alesi woakpɔ nane ƒe akpa vovovowo ƒe nudede wo nɔewo mee. Dzidzɔdzɔetɔwo wɔa dɔ abe alesi wokua klosalo alo wodia kesinɔnu ɣaɣla siwo le tome ene. Gake viɖe gã kae amesiwo ƒe dzi xɔa nyaa la kpɔna? Eyae nye “sidzedze Mawu.” Nukae woyɔna nenema? Ne míagblɔe kpuie la, eyae nye sidzedze si le Mawu ƒe Nya Biblia la me.

10. Nukae wòle be míawɔ be míanɔ gbɔgbɔmelãmesẽ nyui me?

10 Sidzedze Mawu sɔ, eli ke, enaa agbe ame. Enaa gbɔgbɔmelãmesẽ ame. Paulo de dzi ƒo na Timoteo be: “Lé [nya tuameɖo, NW] siwo nèse le nunye la ƒe kpɔɖeŋu me ɖe asi le xɔse kple lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu me la me.” (Timoteo II, 1:13) Kpɔɖeŋu alo ɖoɖo aɖe li si nu wogblɔa nya ɖo le gbegbɔgblɔ ɖesiaɖe me. Nenema ke ‘nya tuameɖowo ƒe kpɔɖeŋu’ le Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea ƒe “gbegbɔgblɔ dzadzɛ” si wotu ɖe Biblia ƒe tanya si nye Yehowa ƒe dziɖulanyenye taʋiʋli to Fiaɖuƒea dzi la dzi hã si. (Zefanya 3:9, NW) Ele be míalé nya tuameɖowo ƒe kpɔɖeŋu sia ɖe susu kple dzi me. Ne míedi be míaƒe kpɔɖeŋudzi nagaxɔ dɔ o bene míanɔ gbɔgbɔmelãmesẽ nyui me la, ele be míatsɔ Biblia la awɔ dɔe le míaƒe agbenɔnɔ me eye míazã gbɔgbɔmenunana siwo Mawu naa mí to “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la dzi bliboe. (Mateo 24:45-47; Tito 2:2) Mina nenɔ susu me na mí be bene míanɔ gbɔgbɔmelãmesẽ me la, míehiã sidzedze Mawu.

11. Nukawoe nye susu siwo ta ameƒomea hiã sidzedze Mawu la dometɔ aɖewo?

11 Bu susu bubu siwo ta ame biliɔn geɖe siwo le anyigba dzi hiã sidzedze Mawu la ŋu kpɔ. Ðe wo katã wonya alesi anyigba kple ameƒomea wɔ va dzɔa? Ao, womenyae o. Ðe ameƒomea katã nya Mawu vavã la kple Viaa? Ðe amesiame nya nane tso nya siwo Satana fɔ ɖe te tso Mawu ƒe dziɖulanyenye kple amegbetɔ ƒe nuteƒewɔwɔ ŋu la ŋutia? Nya siawo hã ƒe ŋuɖoɖoe nye ao. Ðe amewo nya nusita míetsina kua amegã hekunaa? Míagaɖo eŋu be ao. Ðe anyigbadzitɔwo katã nya be Mawu ƒe Fiaɖuƒea le dzi ɖum eye be ŋkeke mamleawo mee míelea? Ðe wonya nu tso gbɔgbɔ vɔ̃ɖiwo ŋua? Ðe sidzedze si ŋu kakaɖedzi le le amewo katã si ku ɖe alesi woawɔ woƒe ƒomewo nakpɔ dzidzɔ ŋua? Eye ɖe amehawo nya be agbe si me dzidzɔkpɔkpɔ le le Paradiso me ye nye mía Wɔla la ƒe tameɖoɖo na ameƒomea me tɔ siwo nye toɖolawoa? Nya siawo hã ƒe ŋuɖoɖoe nye ao. Eyata eme kɔ ƒã be ameƒomea hiã sidzedze Mawu.

12. Aleke míate ŋu ade ta agu na Mawu le ‘gbɔgbɔ kple nyateƒe mee’?

12 Ameƒomea gahiã sidzedze Mawu le nusi Yesu gblɔ le gbedodoɖa me le eƒe anyigbadzigbenɔnɔ ƒe zã mamlea me hã ta. Anye nusi awɔ dɔ ɖe eƒe apostoloawo dzi ŋutɔ esime wose wògblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Ne míetsɔ sidzedze sia wɔ dɔe ko hafi míaƒe tadedeagu na Mawu adze eŋu. Yesu gblɔ be: “Mawue nye Gbɔgbɔ, eye amesiwo [le ta dem agu nɛ la, ele be woade ta agu nɛ, NW] le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.” (Yohanes 4:24) Míedea ta agu na Mawu ‘le gbɔgbɔ me’ ne dzi si me xɔse kple lɔlɔ̃ yɔ ye ʋãa mí. Aleke míedea ta agu ‘le nyateƒe mee’? To eƒe Nya la sɔsrɔ̃ kple tadedeagu nɛ le nyateƒe si wòɖe fia—“sidzedze Mawu” mee.

13. Nudzɔdzɔ kae woŋlɔ ɖe Dɔwɔwɔwo 16:25-34, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ le eme?

13 Ame akpe geɖe dzea tadedeagu na Yehowa gɔme ƒe sia ƒe. Gake ɖe wòle be míawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kple ɖetsɔlemetɔwo ɣeyiɣi didi aɖea, alo ɖe míate ŋu akpe ɖe dzi anukwaretɔwo ŋu be woaɖo nyɔnyrɔ̃xɔxɔ gbɔ kaba wua? Enyo, bu nusi dzɔ le gaxɔdzikpɔla kple eƒemetɔwo gome si ŋu woƒo nu le le Dɔwɔwɔwo 16:25-34 la ŋu kpɔ. Wode Paulo kple Sila gaxɔ me le Filipi, gake le zãtitina la, anyigbaʋuʋu gã aɖe ʋu gaxɔa ƒe ʋɔtruwo. Esi gaxɔdzikpɔla susu be gamenɔlawo katã si dzo eye woava he to na ye vevie ta la, esusɔ vie wòwu eɖokui kloe hafi Paulo gblɔ nɛ be yewo katã yewoli. Paulo kple Sila “wogblɔ Aƒetɔ ƒe nya la nɛ kple amesiwo katã le eƒe me.” Gaxɔdzikpɔla ma kple eƒe ƒomea nye Dukɔwo me tɔ siwo si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me sidzedze menɔ do ŋgɔ o. Gake le zã ɖeka ma me la, wozu xɔsetɔwo. Gawu la, ‘wonyrɔ̃ wo katã, eya kple eƒemetɔwo.’ Nɔnɔme mawo tɔgbe mebɔ o gake wofia nyateƒea ƒe gɔmedzenuwo ame yeyewo eye emegbe wosrɔ̃ nu bubuwo le hamea ƒe kpekpewo hã me. Ele be míawo hã míate ŋu awɔ nusia tɔgbe egbea.

Nuŋeŋedɔa Sɔ Gbɔ!

14. Nukatae wòhiã be míawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ tseku geɖewo le ɣeyiɣi si le kpuie wu me?

14 Anyo ne Yehowa Ðasefowo ate ŋu awɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ tseku geɖe wu le ɣeyiɣi si le kpuie wu me. Nusia hiã ŋutɔŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, le Ɣedzeƒe Europa dukɔwo me la, ele be woaŋlɔ amewo ŋkɔ ada ɖi woanɔ lalam be ne wokpɔ asinu hafi woawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kple wo. Nenema ke wòle le teƒe bubuwo hã. Le Dominican Republic ƒe du aɖe me la, amesiwo bia tso Ðasefo atɔ̃ si be woawɔ nusɔsrɔ̃ kple yewo sɔ gbɔ ale gbegbe be ewu wɔwɔ na wo. Nukae wowɔ? Wode dzi ƒo na ɖetsɔlemetɔwo be woanɔ kpekpeawo vam le Fiaɖuƒe Akpata me ne woaŋlɔ wo ŋkɔ ɖi gbɔ be woasrɔ̃ Biblia kple wo emegbe. Nɔnɔme siawo tɔgbe bɔ ɖe xexeame ƒe teƒe geɖe.

15, 16. Nukae wona be míatsɔ akaka sidzedze Mawu ɖe edzi kabakaba wu, eye eŋuti nyatakaka aɖewo ɖe?

15 Anyigbamamã gã geɖe—agble gã siwo dzi woaŋe nu le—nu le ʋuʋum ɖi na Mawu ƒe amewo. Togbɔ be Yehowa, “nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la” le dɔwɔla geɖe ɖom ɖa hã la, dɔ geɖe gali kokoko be míawɔ. (Mateo 9:37, 38) Eyata be woakaka sidzedze Mawu kabakaba wu la, ‘dɔla nuteƒewɔla’ la na dɔwɔnu aɖe si agblɔ nufiafiawo tẽ eye wòanɔ kpuie si akpe ɖe Biblia-nusrɔ̃viwo ŋu be woayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me le nusɔsrɔ̃ ɖesiaɖe wɔwɔ me. Eyae nye agbalẽ yeye aɖe si nu woate ŋu awu kaba wu le aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ me—ɖewohĩ le ɣleti ʋee aɖewo ko me. Eye ate ŋu ayi míaƒe gbeadziyikplowo, alo akplo viwo, alo míaƒe awukotokuwo gɔ̃ hã me bɔbɔe! Enye dzidzɔ gã aɖe na ame akpe alafa geɖe siwo kpe ta le Yehowa Ðasefowo ƒe “Mawu Kafula Kpɔdzidzɔwo” Nutome Gã Takpekpewo me be yewoaxɔ axa 192-gbalẽ yeye sia si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me.

16 Agbalẽŋlɔlawo le dukɔ vovovowo me ŋlɔ emenyawo eye woƒo wo katã nu ƒu va trɔ asi le eŋu tsɔ ta Sidzedze-gbalẽ lae. Eyata agbalẽa adze amewo ŋu le dukɔ vovovowo me. Gake ɖe eteƒe adidi hafi woaɖe agbalẽ sia ɖe gbe vovovo siwo wodona le xexeame godoo la mea? Ao, elabena woate ŋu aɖe axa 192-gbalẽ gɔme kaba wu agbalẽ siwo lolo wu. Le October 1995 me la, Dziɖuha la ƒe Agbalẽtakɔmiti da asi ɖe edzi be woaɖe agbalẽ sia gɔme tso Eŋlisigbe me ɖe gbe siwo wu 130 me.

17. Nukawoe ana Sidzedze-gbalẽa zazã nanɔ bɔbɔe?

17 Nya siwo le Sidzedze-gbalẽa ƒe ta ɖesiaɖe me akpe ɖe nusrɔ̃viwo ŋu be woayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me kabakaba. Agbalẽa gblɔ Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea le mɔ si atu ame ɖo nu. Meƒo nu fũ tso aʋatsodzixɔsewo ŋu o. Alesi wogblɔ emenyawo egɔme nya see eye susu le wo me la ana be agbalẽa zazã atsɔ wɔ Biblia-nusɔsrɔ̃e nanɔ bɔbɔe eye wòakpe ɖe amewo ŋu be sidzedze Mawu nasu wo si. Hekpe ɖe ŋɔŋlɔ siwo me nyawo woŋlɔ ɖi ŋu la, woyɔ Biblia me mawunyakpukpui bubuwo ɖe eme si nusrɔ̃via ate ŋu axlẽ ne ele dzadzram ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu. Woate ŋu axlẽ wo le nua sɔsrɔ̃ me alesi ɣeyiɣia aɖe mɔe gake manyo be woatsɔ nya bubuwo ade eme fũ siwo ana nya veviawo nabu o. Ke boŋ ele be amesiwo le Biblia-nusɔsrɔ̃a wɔm la nadze agbagba ase nusi dzi ta ɖesiaɖe le gbe tem ɖo la me eye woakpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòakpɔe nenema. Esia fia be gbã la, ele be nufiala la nado vevie agbalẽa asrɔ̃ ale be nya veviawo me nakɔ ɖe susu me nɛ nyuie.

18. Aɖaŋu kawoe woɖo le Sidzedze-gbalẽa zazã ŋuti?

18 Aleke agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me la ate ŋu ado tsɔtsɔe nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔ lae? Woate ŋu asrɔ̃ axa 192-gbalẽ sia le ɣeyiɣi si le kpuie wu me, eye amesiwo ƒe ‘nɔnɔme sɔ na agbe mavɔ kpɔkpɔ’ la ate ŋu asrɔ̃ nu geɖe le eme be woaɖe adzɔgbe na Yehowa axɔ nyɔnyrɔ̃. (Dɔwɔwɔwo 13:48) Eyata mina míazã Sidzedze-gbalẽa nyuie le subɔsubɔdɔa me. Ne Biblia-nusrɔ̃vi aɖe srɔ̃ agbalẽ bubu yi ŋgɔe la, ke asɔ be wòasrɔ̃e awu enu. Ne mele nenema o la, ke míaɖo aɖaŋu be woawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ le Sidzedze-gbalẽa me boŋ. Ne wowu agbalẽ yeye sia nu la, míakafui be woagasrɔ̃ agbalẽ evelia kple nusrɔ̃vi ma ke o. Amesiwo va xɔ nyateƒea ate ŋu ana woƒe sidzedze nade edeƒe to Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dede kpakple Biblia kple Kristotɔwo ƒe agbalẽ vovovowo xexlẽ le wo ɖokui si me.—Yohanes II, 1.

19. Hafi nàdze Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme le Sidzedze-gbalẽa me la, nukatae wòanyo be nàto Ðoɖo Hena Míaƒe Subɔsubɔdɔa Nu Wuwu ƒe axa 175-218 me?

19 Woŋlɔ Sidzedze-gbalẽa kple taɖodzinu be wòakpe ɖe ame ŋu be wòate ŋu aɖo biabia siwo katã me hamemegãwo tona kple gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ̃ siwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ̃ azu Yehowa Ðasefowo la ŋu. Eyata hafi nàna wò Biblia-nusrɔ̃viwo natrɔ ɖe agbalẽ yeye sia sɔsrɔ̃ ŋu la, míele ekafum be nàzã gaƒoƒo ʋee aɖewo atsɔ ato nyabiabia siwo le agbalẽ si nye Ðoɖo Hena Míaƒe Subɔsubɔdɔa Nu Wuwu ƒe axa 175 vaseɖe 218 me.a Esia akpe ɖe ŋuwò be nàte gbe ɖe nyabiabia mawo ƒe ŋuɖoɖowo dzi ne èle Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm le Sidzedze-gbalẽa me.

20. Nukae nèɖo be yeatsɔ agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me la awɔe?

20 Ele be amewo nase nyanyuia le afisiafi. Ẽ, ameƒomea hiã sidzedze Mawu, eye Ðasefowo le Yehowa si siwo ana wòasu amewo si. Fifia agbalẽ yeye aɖe si míaƒe Dziƒofofo si lɔ̃a mí la na mí to dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela dzi la le mía si. Àzãe atsɔ afia nyateƒea eye nàhe bubu vɛ na Yehowa ƒe ŋkɔ kɔkɔea? Yehowa ayra wò godoo ne èdze agbagba ɖesiaɖe be yeana sidzedze si kplɔa ame yia agbe mavɔ me la nasu ame geɖe si.?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

◻ Aleke nàɖɔ kpɔɖeŋudzi lae?

◻ Nukae nye sidzedze Mawu?

◻ Nukatae ameƒomea hiã sidzedze Mawu?

◻ Agbalẽ yeye kae li, eye aleke nèɖo be yeazãe?

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Nu geɖe li siwo tae ame biliɔn siwo le anyigba dzi la hiã sidzedze Mawu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe