Tsɔ Dzidzɔ Trɔ Yi be Nàkpe Ðe Ðetsɔlemetɔwo Ŋu
1 Amesiame si wɔa aƒeme yi aƒeme dɔa dina vevie be yeakpe ɖe amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia la ŋu. To kpekpeɖeŋu ma tɔgbe nana me la, míekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme deto. (Tsɔe sɔ kple Psalmo 126:5, 6.) Esia wɔwɔ bia be míadzra ɖo.
2 Dzadzraɖo dzea egɔme tso alesi míaŋlɔ nya vevi geɖe ɖe míaƒe aƒeme yi aƒeme nuŋlɔɖigbalẽvia dzi la dzi. Ŋlɔ nyati si me miedzro le yiyi zi gbãtɔ me kple alesi aƒemenɔlaa wɔ nui la ɖi. Ðewohĩ àdi be yeaŋlɔ alesi nàdi be yeadze dzeɖoɖoa gɔme ne yetrɔ va la hã ɖi.
3 Le kpɔɖeŋu me, ne èhe susu yi Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa dzi zi gbãtɔ si nèyi eye nèna “Dziɖuɖu” ƒe agbalẽ gbadzaa la, àte ŋu agblɔ nya sia tɔgbe kpuie be:
◼ “Esi meva zi gbãtɔ la, míedzro alesi woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi kple alesi woakpɔ ŋutifafa le agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa la me. Taflatse de dzesi nusi agbalẽ gbadza si megblẽ ɖe gbɔwò gblɔ le axa 29 le yayra bubu siwo Mawu ƒe Fiaɖuƒea ahe vɛ na ameƒomea la ŋu.”
4 Ne ewɔ abe ɖe amea mexɔ Mawu dzi se tututu o ene la, gblɔ nya sia tɔgbe:
◼ “Esi meva va yi la, míenɔ nya si Paulo gblɔ le Hebritɔwo 3:4, si gblɔ nusiwo me nunya le si woatsɔ aƒo nya tae be ele be nuwo katã Wɔla nyanu aɖe nanɔ anyi la me dzrom.” Gaxlẽ ŋɔŋlɔ la eye nàke Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa? ƒe agbalẽa ƒe axa 4 vaseɖe 9, eye nàdze egɔme tso afisi mieɖo dzea se ɖo va yi la dzi. Bia nya la eye nàxlẽ memamã la, eye nàɖe mɔ aƒemenɔla la naɖo nyaa ŋu. Ne anya wɔ la, bia be wòatsɔ eƒe agbalẽa vɛ eye miadzro eme ɖekae.
5 Ne edze abe ŋutilãmenuwo alo nu bubu aɖee na aƒemenɔla la ƒe dzi dze eme le wò yiyi zi gbãtɔ me ene la, àte ŋu agahe eƒe susu ayi Ðe Xexeme Sia Akpɔtɔ Anɔ Anyia? ƒe trakt la dzi eye miaxlẽ nusi wogblɔ le eƒe axa 6. Bia aƒemenɔla la be edzroe be yeanɔ agbe le paradisonyigba dzeani aɖe dzi hã. Be wòakpe ɖe ŋuwò naganya eƒe ɖetsɔleme ɖe edzi la, àte ŋu abia eƒe susu le nɔnɔmetata dedziƒoname aɖe alo magazine si zãm nèle me nya aɖe ŋu.
6 Àte ŋu agazã mɔnu vevi sia ke na nyati aɖe si me ɖewohĩ miedzro le Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! me. He susu yi nyati si me miedzro le wò yiyi zi gbãtɔ me la dzi eye nàgaƒo nu tso nya dodzidzɔname bubu si le nyati ma ke alo tata bubu si le asiwò me la ŋu. Ne anya wɔ la, mixlẽ ŋɔŋlɔ la ɖekae eye nàbia aƒemenɔla la ƒe nukpɔsusu.
7 Wò taɖodzinu si nye Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme dzedze nenɔ susu me na wò. Zi geɖe la, ebiana be míayi amea gbɔ zi geɖe hafi anyɔ eƒe ɖetsɔleme va ɖo afisia. Tsɔ ɖe le aƒemenɔlaa me eye nàtrɔ yi egbɔ kaba alesi nàte ŋui.
8 Nyanyui si míeɖea gbeƒãe na wokpɔa dzidzɔ si mele gbɔgblɔ me o. (Luka 2:10) Ne míaƒe agbagbadzedzewo na ɖetsɔlemetɔwo xɔ nyateƒea la, esia na míekpɔa dzidzɔ ale gbegbe. (Fil. 4:1) Mina míakpɔ dzidzɔ ma to tɔtrɔ ayi be míakpe ɖe ɖetsɔlemetɔ siwo míekpɔ le gbeadzi la me.