Naneke Megana Nàtra le Yehowa Subɔsubɔ me O
1 “Woayra dukɔ, si ƒe Mawu Yehowa nye!” (Ps. 144:15) Ðe Fia Dawid ƒe nya siawo kpɔtɔ nye nyateƒe le ŋkeke vɔ̃ɖi siawo gɔ̃ hã mea? (Ef. 5:16) Ẽ! Kristotɔwo gale dzidzɔ kpɔm le Yehowa subɔsubɔ me. Nɔnɔmeawo menɔa bɔbɔe na mí ɣesiaɣi o. Satana hea nɔnɔme sesẽwo vaa mía dzi le ‘ɣeyiɣi sesẽ’ siawo me, gake dzi meɖe le mía ƒo o. (Tim. II, 3:1, 2) Nɔnɔmeawo ƒe gbegblẽ ɖe edzi nye kpeɖodzi bubu be ɣeyiɣia de be Mawu ƒe Fiaɖuƒea naɖe xexe xoxo gblẽku sia ɖa eye wòatsɔ xexeme yeye dzadzɛ aɖo eteƒe. (Pet. II, 3:13) Xexe sia ƒe blukɔ mena míaƒe dzidzɔ ƒe mɔkpɔkpɔkaɖia wɔ vĩi alo tsi o; ke boŋ míaƒe Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa le keklẽm ɖe edzi wu tsã. Ðe medzɔa dzi na wò be èle Yehowa subɔm abe kekelivi ene le xexe doblukɔ sia me oa?—Fil. 2:15.
2 Ele be mía dome amesiame nalé ŋku ɖe alesi wòsubɔa Yehowae ŋu ɣesiaɣi. Nukatae? Elabena Ametrala gã aɖee Satana nye. Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe “tatra” gɔme be “woatrɔ megbe ade nu” “woahe alo atrɔ (ame ƒe susu) ɖe nu bubu alo teƒe bubuwo ŋu le ɣeyiɣi ma ke me,” kple “woatsɔ seselelãme alo nɔnɔme siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu aʋã ame alo atɔtɔ amee.” Tso esime wonyã Satana va anyigba dzi ko la, ekpɔ dzidzedze le ameƒomea ‘beble’ me. Etoa mɔ geɖe dzi hea amewo ƒe susu ɖa le míaƒe ŋkekea me nyateƒenyawo ŋu. (Nyaɖ. 12:9) Togbɔ be Yehowa Ðasefowo ʋli sesĩe le gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒea me le ƒe alafa ɖeka siwo va yi me hã la, ame nenie kpɔ ŋudzedze ɖe nya vevitɔ kekeake si nye be woato Mawu ƒe Fiaɖuƒea dzi akɔ Mawu ƒe ŋkɔa ŋuti ahaʋli eƒe dziɖulanyenye ta la ŋu? Ame ʋee aɖewo koe. (Yoh. I, 5:19) Ne Satana ate ŋu ana ame biliɔn geɖe natra le anyigba sia dzi la, afɔku si li ɖaa enye be ate ŋu ana míatra alo akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe susu dzi ale be míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Nublanuitɔe la, Satana tsɔ eƒe ameblemɔwo tɔtɔ mía nɔvi aɖewo. Woɖe mɔ wotrɔ woƒe susuwo ɖe nu bubuwo ŋu. Ameblenu ƒomevi vovovowo li egbea. De ŋugble le wo dometɔ ʋee aɖewo ŋu kpɔ.
3 Gakuxiwo Kple Ŋutilãmenuwo Didi: Le dukɔ geɖe me le anyigba dzi la, dɔmakpɔwɔe kple nuwo ƒe asixɔxɔ na amewo tsi dzimaɖi. Nyateƒee, ele be míadi nuɖuɖu, awu, kple dɔƒe na mía ŋutɔwo kple míaƒe ƒomewo. Gake ne míetsi dzi ɖe agbemenuhiahiãwo ŋu akpa la, nusiawo ava ɖu míaƒe tamesusu dzi. Le esi teƒe be míanɔ megbe na Fiaɖuƒe ŋuti nyaʋiʋlia la, agbe si míanɔ fifia boŋ ava zu nu vevitɔ na mí le míaƒe agbe me. Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu le esia ŋu le Hebritɔwo 13:5, 6. Yesu Kristo ka ɖe edzi na mí be mele be amesiwo dia Fiaɖuƒea gbãgbiagbã la natsi dzi o; Yehowa naa nusiwo míehiã ŋutɔŋutɔ la mí. (Mat. 6:25-34) Mɔɖelawo kple ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla bubu siwo le xexeame katã ate ŋu aɖo kpe edzi be esia nye nyateƒe.
4 Satana ƒe xexea doa ŋutilãmenuwo lɔlɔ̃ ɖe ŋgɔ. Kesinɔnu geɖe ƒe amesinɔnɔ alo wo ta kpɔkpɔe nye nusi kpɔ ŋusẽ ɖe ame miliɔn geɖe ƒe agbenɔnɔ dzi. Ameblenu siawo tɔgbe nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekea me. Ðekakpui dziɖula kesinɔtɔ aɖe bia nusi wòawɔ hafi anyi agbe mavɔ ƒe dome la Yesu. Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Ne èle didim be, yeazu blibo la, heyi ɖadzra nusiwo le asiwò la, ne natsɔ wo ana ame dahewo, ekema kesinɔnu anɔ dziƒo na wò, eye nava anɔ yonyeme.” (Mat. 19:16-23) Edze ƒã be ŋutilãmenu geɖe siwo nɔ ɖekakpui sia si la he eƒe susu ɖa le Yehowa subɔsubɔ kple luʋɔ blibo ŋu. Wotrɔ eƒe dzi ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu. Yesu nya be aɖe vi na ɖekakpui sia ne eɖe ameblenu siawo ƒe agba le eɖokui dzi. Woxe mɔ nɛ be metsɔ eɖokui na Mawu bliboe o. Ke wò ya ɖe? Ðe nètsɔa ɣeyiɣi geɖe wɔa ŋutilãmedɔ kple susu be yeakpɔtɔ anɔ agbe abe alesi yenɔnɛ enea? Le kpɔɖeŋu me, ɖe esia gblẽ nu le wò Yehowa subɔsubɔ ŋu le kpekpewo dede kple gbeadziyiyi gomea? Ðe wò ŋutilãmenunɔamesiwo xɔ wò ɣeyiɣi kple ŋusẽ katã ale gbegbe be mègakpɔa vovo ɖe Fiaɖuƒenuwo ŋu oa? (Mat. 6:24) Ðe nàte ŋu ana wò agbenɔnɔ nabɔbɔ vie ale be nàtsɔ ɣeyiɣi geɖe aɖo anyi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋua?
5 Gbesiagbe ƒe Agbemenyawo: Ne míekpɔ nyuie o la, gbesiagbe ƒe agbemenyawo ava nɔ vevie na mí ale gbegbe be míanɔ aɖaba ŋem ƒu gbɔgbɔmenuwo dzi. Miɖo ŋku Noa ŋɔlimetɔwo dzi. Woƒo wo ɖokui ɖe hadomenyawo, nuɖuɖu kple nunono, srɔ̃ɖeɖe kple srɔ̃ɖeɖe na wo viwo me ale gbegbe be womede dzesi Noa ƒe nuxlɔ̃ame le Tsiɖɔɖɔ si nɔ aƒe tum la ŋu o. Hafi woadze sii la, Tsiɖɔɖɔa va eye wòkplɔ wo katã yii. Tatra na wotsrɔ̃. Yesu gblɔ be: “Nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.” (Mat. 24:37-39) Nyateƒee, ame akpa gãtɔ egbea tsi dzi ɖe woa ŋutɔwo ƒe agbenɔnɔ ŋu akpa be woaɖo to nuxlɔ̃amegbedasi si míetsɔna yina na wo. Wometsɔ ɖeke le gbɔgbɔmenuwo me kura o.
6 Ðe hadomenuwɔnawo va vu tsyɔ wò agbenɔnɔ dzi ale be mègaléa ŋku ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu tututu oa? Gbeɖeka wokpe Yesu yi Marta kple Maria ƒeme. Maria nɔ to ɖom eƒe nyawo vevie. Ke Marta ya ‘nɔ sreɖi dzem le subɔsubɔ geɖe ŋuti.’ Marta ƒe didi be yeanye amedzrowɔla nyui la gbɔ eme. Mete ŋu kpɔ alesi wòhiã be wòagbɔ dzi ɖi ase Yesu ƒe nyawo la dze sii o. Eɖee fia Marta dɔmenyotɔe be nunana geɖe dzadzraɖo mehiã o; ele be woalé ŋku ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu wu. Ðe wòhiã be nàwɔ aɖaŋuɖoɖo sia dzia? (Luka 10:38-42) Yesu gaxlɔ̃ nu mí be míakpɔ mía ɖokui dzi nyuie be nutsuɖuɖu kple ahamumu nagaxɔ míaƒe susu me o. Le amegbetɔ ƒe ŋutinya ƒe ɣeyiɣi sesẽ sia me la, ehiã be míanɔ ŋudzɔ vevie.—Luka 21:34-36.
7 Agbeɖuɖu: Agbeɖuɖue nye ameblenu vevi siwo Abosam zãna tsɔ ɖea amewo ƒe susu ɖa le Fiaɖuƒe ŋuti nyaʋiʋlia ŋu la dometɔ ɖeka. Kristodukɔa me tɔ miliɔn geɖe tsɔ agbeɖuɖu ɖo Mawu teƒee. Wodina be modzakaɖeɖe aɖe nado nukokoe na yewo tsɔ wu be yewoatsɔ ɖe le Mawu ƒe Nya la me vevie. (Tim. II, 3:4) Le nyateƒe me la, modzakaɖeɖe kple ɖiɖiɖeme nyuiwo menye nu gbegblẽ le wo ɖokui si o. Gake ɣeyiɣi geɖe gbegblẽ kwasiɖa ɖesiaɖe ɖe television kpɔkpɔ, sinimawo, videowo, lãmesẽfefewo, xexemegbalẽwo xexlẽ, alo modzakaɖedɔwo ŋu ana alakpadzi nage ɖe mía me eye wòahe mí ɖa le Yehowa ŋu. (Yer. 17:9; Heb. 3:12) Aleke esia ate ŋu adzɔe? Adzɔ be le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me la, wò susu anɔ tsatsam; ɖewohĩ àdi gɔ̃ hã be kpekpea nawu enu kaba ne yeagava ɖu agbe. Eteƒe madidi o àva nɔ susuwo dim nàtsɔ atsi aƒe me tsɔ wu be nàde kpekpewo alo ayi gbeadzi. Fifiae nye ɣeyiɣi si wòle be nàde dzesii nyuie nenye be nudidi siawo va zu mɔxenuwo na wò le wò agbe me. (Luka 8:14) Ðe màte ŋu azã ɣeyiɣi xɔasi siwo nègblẽna ɖe modzakaɖeɖe ŋu ƒe ɖewo ɖe wò gbɔgbɔmeŋgɔyiyi ŋu nyuie wu oa?
8 Nya Suesue Siwo Gblẽa Ɣeyiɣi: Ame aɖewo va ƒo wo ɖokui ɖe agbagbadzedze be yewoaɖɔ kuxi siwo bɔ fifia ɖo la me. Ehiã be Kristotɔwo natsri nudede xexeame ƒe hadomenyaʋiʋli siwo mewua enu o alo woƒe dagbadagba dzodzro be yewoaɖɔ madzɔmadzɔnyenye ɖo la me. (Yoh. 17:16) Esiawo katã nye mɔnu aɖewo siwo Satana zãna tsɔ hea amewo ƒe susu ɖa le Biblia me aɖaŋuɖoɖo kple nyateƒe si wònye be egbɔkpɔnu ɖeka kolia si anɔ anyi ɖaa koe li la dzi—eyae nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea. Ne wowɔ nuvevi mí alo wɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu la, ele be míakpɔ nyuie be míagabia hlɔ̃ alo dzi naku mí vevie ale be míaŋlɔ be be Yehowa Ðasefowo míenye o. Ƒo wo katã ta la, Yehowa ŋue woda vo ɖo eye eƒe ŋkɔa ŋue wòle be míakɔ.—Yes. 43:10-12; Mat. 6:9.
9 Togbɔ be amesiame dina be lãmesẽ aɖe teti nanɔ ye si hã la, ŋkuléle ɖe nufiafia kple egbɔkpɔnu siwo edze abe ɖe seɖoƒe meli na wo o ene ŋu fũ ate ŋu ana lãmesẽnyawo ko nava xɔ susu me na mí. Ame geɖe kafua nuɖuɖu, atike, kple gbedamɔnu vovovowo be woatsɔ akpɔ ŋutilã me kple seselelãme kuxiwo gbɔe, gake atike siawo dometɔ geɖe tsia tre ɖe wo nɔewo ŋu. Ame ŋutɔe atso nya me le nusi wòawɔ le eƒe lãmesẽnyawo ŋu me ne wometsi tre ɖe Biblia me gɔmeɖosewo ŋu o ko. Mina míayi edzi aɖo ŋu ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu bliboe ɣesiaɣi be eya koe nye nu vavã si ada ameƒomea ƒe dɔlélewo.—Yes. 33:24; Nyaɖ. 21:3, 4.
10 Minɔ Te Sesĩe, Maʋãmaʋã: Esi nuwuwua le aƒe tum la, Satana adze agbagba ɖe edzi wu be yeate mi ɖa le Yehowa subɔsubɔ gbɔ. “Minɔ tsitre sesĩe ɖe eyama ŋuti le xɔse me.” (Pet. I, 5:9) Alekee? Ele be miatsɔ Mawu ƒe tamesusuwo anyro mia ɖokuii. (Mat. 4:4) Migana xexeame ƒe amehenuwo naxɔ ɣeyiɣi si mia kple wò ƒomea miehiã atsɔ ayi tame le Mawu ƒe Nya la ŋu ahade ŋugble le eŋu la le mia si o. Midzro nuteƒekpɔkpɔ tuameɖowo kple gbɔgbɔmenyawo me ɖekae le miaƒe nuɖuɣiwo. Mizɔ ɖe ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple dzadzraɖo ɖe kpekpewo ŋu ƒe ɖoɖowɔɖi dzi ɣesiaɣi.
11 Ne dzimaɖitsitsi na miaƒe susu de akɔ dze ge anyi do kpoe la, mitsɔ miaƒe agbawo dro ɖe Yehowa dzi le gbedodoɖa me. Kakaɖedzi nenɔ mia si be etsɔa ɖe le eme na mi. (Pet. I, 5:7) Mina Mawu ƒe ŋutifafa nadzɔ miaƒe dzi kple tamesusuwo ŋu. (Fil. 4:6, 7) Migana ameblenuwo naxe miaƒe gbɔgbɔmeŋkuwo dzi o. Miaƒe ŋku nenɔ Yehowa dzi ɖaa, abe alesi Yesu ƒe ŋku nɔ edzi ɖae ene. (Dɔw. 2:25) Miaƒe ŋku nenɔ miaƒe taɖodzinua dzi tẽ, abe alesi Lododowo 4:25-27 de dzi ƒo na mí ene be: “Wò ŋkuwo nekpɔ ŋgɔ tẽ, eye wò aɖabawo nelé mɔ ɖeka tsɔ le ŋgɔwò. Ðe toƒe dzɔdzɔe na wò afɔwo, eye wò mɔwo katã nesɔ ɖe eteƒe. Megadze ɖe ɖusi alo mia me o.”
12 Mide kpekpewo katã nuteƒewɔwɔtɔe eye miahe mia ɖokui bene mialé to ɖe nufiame siwo tso Mawu ƒe Nya me la ŋu vevie. (Heb. 2:1; 10:24, 25) Eye le esi teƒe be miadi vivisese siwo xexe ƒaƒã sia ana mi la, miɖoe miaƒe taɖodzinu be miana miaƒe subɔsubɔa natse ku ɖaa. Esiae hea dzidzɔ kple dzidzeme mavɔ vɛ. (Tes. I, 2:19, 20) Mlɔeba la, migana naneke alo ame aɖeke nahe mi ɖa le miaƒe subɔsubɔ kɔkɔe la gbɔ o. “Minɔ te sesĩe, maʋãmaʋã, eye migba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me, esi mienyae bena, miaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ŋuti la.”—Kor. I, 15:58.