Ðe Wòhiã be Manɔ Tɔtrɔwo Wɔmaa?
Ŋɔŋlɔawo me dzeɖonya vovovo siwo míate ŋu azã le ɖaseɖiɖi me la le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ɖesiaɖe me. Gbeƒãɖela geɖe siwo me dzo le la dina be yewoakpɔ nya yeyewo ahazã mɔnu vovovowo atsɔ aɖi ɖasee. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ kpɔa esia gbɔ to aɖaŋu geɖe ɖoɖo me ɣleti sia ɣleti.
Gake ɖewohĩ èkpɔe be mehiã be yeanɔ nya si yezãna la trɔm o. Ðewohĩ gaƒoƒo ʋee aɖewo ko nèkpɔna tsɔ wɔa aƒeme yi aƒeme dɔa. Ðewohĩ ètrɔ asi le dzeɖonya aɖewo ŋu le ɣeyiɣi siwo va yi me eye nèkpɔe be wonyo na ye, eye nu nyuiwo doa go tsoa wo zazã me. Ðewohĩ èzãa mawunyakpukpui siwo ŋudɔ míewɔna zi geɖe abe Psalmo 37:9-11, Petro II, 3:13, Nyaɖeɖefia 21:4, kpakple bubuwo ene. Ne nenemae la, ke mehiã be nàtrɔ ɖe nya bubuwo ŋu edziedzi kokoko o. Míaƒe taɖodzinu vevitɔe nye be míagblɔ Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa ŋu nya na ame bubuwo eye míakpe ɖe wo ŋu woasrɔ̃ nusi wòle be woawɔ be woakpɔ Yehowa ƒe yayra. Ne èkpɔ dzeɖonya siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia nu hewɔa dɔ ɖe ame dzi le Reasoning-gbalẽa me siwo nèdi be yeazã eye wonye esiwo dzɔa dzi na amewo la, àte ŋu azã wo faa.