Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ Doa Hehenanadɔwo Ðe Ŋgɔ
1 Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ wɔa akpa vevi aɖe le Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe hehenanadɔa me. Woɖoa agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒowo ɖe teƒeteƒewo le anyigbamamã la me, eye esia wɔnɛ be wòanya de na amesiame. Esi nusrɔ̃ƒea te ɖe ɖetsɔlemetɔwo ŋu ta la, anɔ bɔbɔe na wo wu be woalɔ̃ ava ne wokpe wo.
2 Wodzea agbagba be ƒuƒoƒo ɖesiaɖe nanɔ sue. Esia wɔnɛ be nusɔsrɔ̃dzikpɔla la te ŋu naa kpekpeɖeŋu si hiã la amesiame. Menye amesiamee te ŋu srɔ̃a nu kabakaba o. Ne nane me mekɔ na ame aɖe o togbɔ be esrɔ̃ nua do ŋgɔ hã la, nusɔsrɔ̃a dzikpɔla ate ŋu agaɖe eme le nua sɔsrɔ̃ vɔ megbe. Hekpe ɖe eŋu la, le ƒuƒoƒo suewo me la, mɔnukpɔkpɔ geɖe nɔa anyi be woaɖo nya ŋu eye woaxlẽ ŋɔŋlɔwo. Èkpɔa gome le nusɔsrɔ̃a me to nyaŋuɖoɖo edziedzi mea? Èdzea agbagba ɖoa nya ŋu le wò ŋutɔ wò nyagbɔgblɔ mea? Wò lɔlɔ̃ faa be yeaɖo nya ŋu ate ŋu aɖe vi na wò ŋutɔ kple ame bubuwo. Ne èle dzadzram ɖo ɖe eŋu la, zã wò nugɔmesese be nàkpɔ alesi nàte ŋu atsɔ nusɔsrɔ̃a me nya vevi aɖewo awɔ dɔe.—Heb. 5:14.
3 Ne èléa ŋku ɖe agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla ƒe nufiafiamɔnuwo ŋu la, àte ŋu asrɔ̃ alesi nàwɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃e wòavivi atu ame ɖoe wu. Ne nɔviŋutsu si dze xlẽ memamãwo vɔ la, wodzroa nyabiabiawo me. Nusɔsrɔ̃dzikpɔla dea dzi ƒo na amesiame be wòakɔ gbe dzi aƒo nu. Le alesi ɣeyiɣia ɖe mɔe nu la, edzea agbagba dea dzi ƒo be woaƒo nu faa tso ŋɔŋlɔ siwo le nusɔsrɔ̃a me ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu be míakpɔ alesi míatsɔ wo awɔ dɔe. (Tsɔe sɔ kple Nexemya 8:8.) Ɣeaɖewoɣi la, atsɔ eya ŋutɔ ƒe numeɖeɖe kpui aɖe akpee alo abia nya bubuwo be wòana nya vevi aɖe nadze. Kpɔɖeŋu aɖe si ku ɖe nya la ŋu wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ alesi nyatia ku ɖe míaƒe agbenɔnɔ ŋui.
4 Le teƒe aɖewo la, ame geɖe megadea Hamea ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒewo o. Èdena edziedzia? Ne mèdena o la, ke nu vevi aɖe le ŋuwò tom. Agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa nye mɔ siwo nu Yehowa ɖea eƒe ɖetsɔleme na mí fiana la dometɔ ɖeka. (Pet. I, 5:7) Edi be míaƒe sidzedze kple nunya nadzi ɖe edzi ale be míasẽ ŋu le gbɔgbɔ me. Gake Satana ya ƒe didie nye be míaƒe gbɔgbɔmemenyenye nayi to ale be yeagbɔdzɔ mí bene viɖe boo aɖeke maganɔ mía ŋu na Yehowa kple Eƒe habɔbɔa o. Mègana nedzɔ alea o! Na vividodoɖeameŋu kple lɔlɔ̃ si le ƒuƒoƒo sia si me tɔwo dome le kplikplikpli me la nawɔ dɔ ɖe wò dzi dzi eye wòaʋã wò be nànɔ Yehowa kafum.—Tsɔe sɔ kple Psalmo 111:1.
5 Wowɔa gbeadziyiyikpekpe siwo asɔ na gbeƒãɖelawo le agbalẽ me nusrɔ̃ƒewo ƒe akpa gãtɔ. Ate ŋu anye kwasiɖa domedome, kwasiɖanuwuwu, alo fiẽ me ɖaseɖiɖiwo. Agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla la kpɔa egbɔ be anyigbamamã si asu la nɔa anyi eye be ame aɖe anɔ anyi anɔ ŋgɔ na gbeadziyiyi. Mele be gbeadziyiyikpekpewo naxɔ wu aɖabaƒoƒo 10-15 o. Nusɔsrɔ̃dzikpɔla la ate ŋu adzro gbesiagbe mawunyakpukpuia me ne eku ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu eye wòagblɔ gbeadzisubɔsubɔ ŋuti ɖaŋuɖoɖo ɖeka alo eve alo awɔ agbalẽ si nam míele le ɣletia me ƒe wɔwɔfia kpui aɖe.
6 Nusɔsrɔ̃dzikpɔla la dzea agbagba be va ɖo ɣeyiɣi aɖe la, yeawɔ dɔ kple yeƒe ƒuƒoƒoa me tɔ ɖesiaɖe eye yeade dzi ƒo na wo ahana hehe si sɔ la wo.—Tsɔe sɔ kple Marko 3:14; Luka 8:1.