INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/01 axa 7
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Hame Ƒe Agbalẽ Me Nusɔsrɔ̃ Kpena Ðe Mía Ŋui
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Nu Si Nàwɔ Be Wò Gbeadziƒuƒoƒo Naɖe Vi Na Wò
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ Doa Hehenanadɔwo Ðe Ŋgɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Dɔ Wɔwɔ Aduadu Kple Míaƒe Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃dzikpɔla La
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
km 4/01 axa 7

Nyabiaɖaka

◼ Ɣekaɣie wòasɔ be woaɖo Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo bubu akpee?

Ele be woabu ƒuƒoƒo yeye ɖoɖo ŋu ne ehiã ale be vavalawo ƒe xexlẽme nakpɔtɔ anye ame 15 alo wòanɔ ʋɛ wu ema le agbalẽ me nusrɔ̃ƒe ɖesiaɖe, esi le Fiaɖuƒe Akpata me hã le eme. Nukatae míedo susu sia ɖa?

Ne Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒowo le sue la, ekpena ɖe edzikpɔla ŋu be wòte ŋu kpɔa amesiwo katã va la gbɔ. Gakpe ɖe eŋu la, mɔnukpɔkpɔ geɖe wu sua amesiame si, le nɔnɔme si sɔ me be wòaʋu eƒe xɔse me. (Heb. 10:23; 13:15) Ƒuƒoƒo suewo ƒe anyinɔnɔ le hamea ƒe anyigbamama ƒe akpa vovovowo wɔnɛ be Hamea ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒe dede kple kpekpe hena gbeadziyiyi nɔa bɔbɔe wu. Hame siwo dzi nusɔsrɔ̃a wɔƒewo ɖe edzi la kpɔe be agbalẽ me nusrɔ̃ƒe delawo ƒe xexlẽme hã dzi ɖe edzi ne wotsɔ vavalawo katã ƒo ƒui.

Nɔnɔme tɔxɛ aɖewo anɔ anyi si awɔe be nunya anɔ eme be woaɖo ƒuƒoƒe yeye, ne anɔ sue kura gɔ hã. Esia ate ŋu adzɔ le teƒe si sa ɖe aga alo ne teƒe si wole fifia la yɔ alo nɔƒea mesu wo o. Ne ehiã la, woate ŋu aɖo ƒuƒoƒe siwo kpena le ŋkeke me na ame tsitsiwo, zãdɔwɔlawo, alo nɔvinyɔnu siwo srɔ̃wo menye Ðasefowo o.

Ele be gbeƒãɖela siwo sẽ ŋu le gbɔgbɔ me eye dzo le wo me la dometɔ geɖe kple nusɔsrɔ̃dzikpɔla kpakple nuxlẽla bibi nanɔ agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo ɖesiaɖe me. Ele be nɔviŋutsuwo nawɔ wo tɔ sinu be woadze akpɔ hiahiã siawo gbɔ le hamea me.

Hamemegãwo ate ŋu akpe asi ɖe hamea ƒe ŋgɔyiyi ŋu to egbɔkpɔkpɔ me be hamea ƒe agbalẽ me nusrɔ̃ƒewo ƒe lolome sɔ eye wokpɔa woƒe nuhiahiãwo gbɔ nyuie le gbɔgbɔ me eye afisi wokpena le la hã sɔ. Ɣesiaɣi si wòanya wɔ la, ele be woaɖo ƒuƒoƒo yeyewo ale be gbɔgbɔmeɖoɖo tɔxɛ sia naɖe vi na amesiame bliboe. Àte ŋu atsɔ wò aƒe ana wòanye agbalẽ me nusɔsrɔ̃ wɔƒea? Ame geɖe siwo wɔ esia la xɔ gbɔgbɔmeyayra geɖe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe