Ale Si Hame Ƒe Agbalẽ Me Nusɔsrɔ̃ Kpena Ðe Mía Ŋui
1. Aleke kpekpe atɔ̃ siwo míewɔna kwasiɖa sia kwasiɖa la kpena ɖe mía ŋui?
1 Ale si wowɔa kpekpe atɔ̃ siwo míedena kwasiɖa sia kwasiɖa dometɔ ɖe sia ɖe kple taɖodzinu si le wo ŋu la to vovo. Ke hã, wo katã wole vevie eye wokpena ɖe mía ŋu be “míalé ŋku ɖe mía nɔewo ŋu.” (Heb. 10:24, 25) Mɔ tɔxɛ siwo nu Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa ɖea vi na mí le la dometɔ aɖewo ɖe?
2. Viɖe kawoe dona tso kpekpe le ƒuƒoƒo suewo me le agbalẽ me nusrɔ̃ƒe me?
2 Ekpena Ðe Mía Ŋu Be Míawɔ Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi: Ame siwo dea agbalẽ me nusrɔ̃ƒe la mesɔa gbɔ dea hamea ƒe kpekpe bubuawo tɔ nu o. Esia nana wònɔa bɔbɔe na wo be woadze xɔlɔ̃ siwo akpe ɖe wo ŋu le woƒe mawusubɔsubɔ me. (Lod. 18:24) Ðe nèdzea agbagba be yeanya miaƒe agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒoa me tɔ ɖe sia ɖe, ɖewohĩ to wo dometɔ ɖe sia ɖe kpekpe be wòawɔ dɔ kple ye le gbeadzisubɔsubɔdɔa me dzia? Hamea ƒe agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa kpena ɖe agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔlaa ŋu be wòanya nɔnɔme si me ƒuƒoƒoa me tɔ ɖe sia ɖe le bene wòate ŋu ade dzi ƒo na wo dometɔ ɖe sia ɖe etɔxɛ.—Lod. 27:23.
3. Aleke agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa naa dzi nɔa Biblia nusrɔ̃viwo ƒo be woade kpekpeawo ahaɖo nya ŋu le wo mee?
3 Ðe nèkpea wò Biblia nusrɔ̃viwo be woade agbalẽ me nusrɔ̃ƒea kple wòa? Ðetsɔlemetɔ siwo ƒo dzi menɔna be woade kpekpe siwo me amewo sɔa gbɔ le o la, ate ŋu aɖe dzi ɖi le kpekpe suewo me, vevietɔ esiwo wowɔna le amewo ƒe aƒewo me. Xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe nɔnɔme si nɔa kpekpe sia me nana wònɔa bɔbɔe na ɖeviwo kple ame yeyewo be woakpɔ gome le nyaŋuɖoɖo me. Eye esi wònye be ƒuƒoƒoa nɔa sue ta la, mɔnukpɔkpɔ geɖe sua mía si be míakpɔ gome le eme eye míakafu Yehowa.—Ps. 111:1.
4. Mɔ kawo nue agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa ate ŋu ade mía dzi le?
4 Zi geɖe la, wowɔa agbalẽ me nusɔsrɔ̃wo le teƒe vovovowo le hamea ƒe anyigbamama me si wɔe be wonya dena. Togbɔ be manya wɔ be woaɖo mí katã ɖe agbalẽ me nusrɔ̃ƒe si te ɖe mía ŋu wu me o hã la, ɖewohĩ agbalẽ me nusrɔ̃ƒe si wotia na mí la gbɔ madidi ade afi si wowɔa hame ƒe kpekpe bubuawo le la tɔ nu o. Woate ŋu awɔ kpekpe hena gbeadziyiyi hã le afi si wowɔa agbalẽ me nusɔsrɔ̃ le.
5. Aleke agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔlaa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ mee?
5 Ekpena Ðe Mía Ŋu Le Subɔsubɔdɔa Me: Agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla ƒe didie nye be yeakpe ɖe ame sia ame si le ƒuƒoƒoa me ŋu be wòanɔ gome kpɔm le gbeadzisubɔsubɔdɔa me edziedzi le mɔ si ɖea vi nu ahanɔ dzidzɔ kpɔm. Be wòate ŋu awɔ esia la, eɖonɛ eƒe taɖodzinu be yeawɔ dɔ kple ƒuƒoƒoa me tɔ ɖe sia ɖe ahana kpekpeɖeŋu si sɔ la wo le subɔsubɔdɔa ƒe akpa vovovoawo me. Ne subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖe, abe tɔtrɔyiwo wɔwɔ ene, le sesẽm na wò la, gblɔe na miaƒe agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔlaa. Ðewohĩ awɔ ɖoɖo be gbeƒãɖela kpɔnuteƒe aɖe si le miaƒe ƒuƒoƒoa me nawɔ dɔ kple wò. Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ƒe ŋutete si le asiwò la aganyo ɖe edzi wu ne èléa ŋku ɖe ale si agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔlaa kpɔa kpekpea dzii la ŋu nyuie.—Kor. I, 4:17.
6. Nu ka tae wòle be míadi be agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa naɖe vi na mí bliboe?
6 Yayra ka gbegbee nye esi Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃a nye na mí! Ðoɖo nyui sia si tso Yehowa gbɔ la kpena ɖe mía ŋu be míanɔ te sesĩe le gbɔgbɔ me le ɣiyiɣi sesẽ siwo me míele la me.—Ps. 26:12.