Alesi Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ Dzikpɔlawo Tsɔa Ðe Le Mía Me Ðekaɖekae
1 Wotrɔ asi le Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃a ŋu be wòana ‘woate ŋu alé ŋku ɖe amesiame ƒe gbɔgbɔ me tsitsi ŋu. Esia ɖee fia be Yehowa vea eƒe amewo nu heléa be na wo lɔlɔ̃tɔe.’ (om-EW axa 75; Yes. 40:11) Agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla wɔa akpa vevi aɖe le ɖetsɔleme sia ɖeɖe fia me.
2 Le Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒea: Esi wònye ɖe woɖoe koŋ na agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒuƒoƒowo le sue ta la, ewɔnɛ be agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla te ŋu nyaa eƒe ƒuƒoƒoa me tɔwo nyuie. (Lod. 27:23) Zi geɖe la, mɔnukpɔkpɔwo nɔa anyi kwasiɖa ɖesiaɖe be wòabɔ ha kple ƒuƒoƒoa me tɔwo hafi nusɔsrɔ̃a nadze egɔme alo le kpakpã megbe. Le ɣletia me la, ate ŋu aɖo dze kple amesiame kloe le ƒuƒoƒoa me. Esia kpena ɖe agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒuƒoƒoa me tɔwo ŋu be woate ŋu ate ɖe eŋu vɔvɔ̃manɔmee ne wodze ŋgɔ dodokpɔwo alo hiã dzideƒoname.—Yes. 32:2.
3 Agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla dzea agbagba dea dzi ƒo na amesiame le ƒuƒoƒoa me be wòaɖo nya ŋu le kpekpea me. Mɔ ɖeka si dzi wòwɔa esia tonae nye kpekpea dzi kpɔkpɔ le dɔmekɔkɔ kple tufafa me. (Tes. I, 2:7, 8) Edia mɔ siwo dzi wòato ana amesiame nakpɔ gome le numedzodzroa me, ɖeviwo hã le eme. Ne ŋukpe alo vɔvɔ̃ na ame aɖewo mete ŋu ɖoa nya ŋu o la, ate ŋu ana kpekpeɖeŋu wo le adzame to ɖoɖo wɔwɔ kpli wo do ŋgɔ be woaxlẽ ŋɔŋlɔ aɖe alo aɖo memama aɖe ŋu me. Alo ate ŋu afia alesi woaɖo nya ŋu le woawo ŋutɔ ƒe nyagbe mee la wo.
4 Ne subɔsubɔdɔwɔlae agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔlaa ƒe kpeɖeŋutɔ nye la, dzikpɔlaa wɔa ɖoɖo wòkpɔa nusɔsrɔ̃a dzi zi ɖeka le ɣleti eve ɖesiaɖe me. Esia naa dzikpɔlaa léa ŋku ɖe eƒe kpeɖeŋutɔa ŋu henaa aɖaŋuɖoɖo siwo aɖe vi nɛ. Kpekpe ɖe nɔviŋutsuwo ŋu be woayi ŋgɔ le nufiafiaɖaŋu me ƒe ɖoɖo nyui ka gbegbee nye si!—Tito 1:9.
5 Le Gbeadzisubɔsubɔdɔa Me: Agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla ƒe agbanɔamedzi veviwo dometɔ ɖekae nye ŋgɔxɔxɔ le nyanyuikakadɔa me. (Mose IV, 27:16, 17) Ewɔa ɖoɖo nyuiwo hena hahoɖaseɖiɖi eye wòdzea agbagba kpena ɖe amesiame ŋu le ƒuƒoƒoa me be dzi nadzɔ wo le subɔsubɔdɔa me. (Ef. 4:11, 12) Be wòate ŋu awɔ esia la, eɖonɛ eƒe taɖodzinui be yeawɔ dɔ kple ƒuƒoƒoa me tɔ ɖesiaɖe. Ewɔa dɔ kple subɔsubɔdɔdzikpɔla hã wowɔa ɖoɖo na amesiwo di be yewoawɔ ŋgɔyiyi le subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖe be woaxɔ kpekpeɖeŋu tso gbeƒãɖela bibi aɖe gbɔ.
6 Alẽkplɔla Lɔ̃ame: Agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔlaa tsɔa ɖe le amesiwo mete ŋu wɔa geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me o le woƒe nɔnɔmewo ta la hã me. Ekpɔa egbɔ be amesiwo mate ŋu awɔ geɖe o le tsitsi alo teƒeɖekatsitsi alo amesiwo mate ŋu awɔ geɖe le ɣeyiɣi aɖe me o le dɔléle sesẽ aɖe alo afɔkudzedze ta la nya nu tso ɖoɖo si li be woate ŋu abu tso miniti 15 heyi ƒe gbeadzisubɔsubɔkɔnta ne womate ŋu abu gaƒoƒo blibo ƒe akɔnta le ɣletia me o la ŋu. (Hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmitie wɔa amesi dze na ɖoɖo sia ŋuti nyametsotso.) Etsɔa ɖe le eƒe ƒuƒoƒoa me tɔ siwo medea gbeadzi edziedzi o hã me, hedzea agbagba kpena ɖe wo ŋu be dzo nagaɖo wo me le hamea me.—Luka 15:4-7.
7 Aleke gbegbe míekpɔa ŋudzedze ɖe ɖetsɔleme si agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo ɖena fiana lɔlɔ̃tɔe ŋu enye si! Woƒe ŋkuléle ɖe mía ŋu ɖekaɖekae kpena ɖe mía ŋu be ‘mí katã míade dzixɔse ƒe ɖekanyenye gbɔ, ahaɖo Kristo ƒe tsitsime blibo ƒe dzidzenu gbɔ.’—Ef. 4:13.