Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃—Nusita Míehiãe
1. Aleke Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa dze egɔmee?
1 Le ƒe 1895 me la, wova yɔ Yehowa Ðasefowo, siwo woyɔna tsã be Biblia Nusrɔ̃viwo, ƒe nusɔsrɔ̃ ƒuƒoƒowo be Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe Vava Ŋuti Biblia Nusɔsrɔ̃ Ƒuƒoƒowo. Millennial Dawn ƒe agbalẽ bablawoe wosrɔ̃. Emegbe la, wova yɔ ƒuƒoƒo siawo be Beroiatɔwo ƒe Biblia Srɔ̃ƒuƒoƒowo. (Dɔw. 17:11) Zi geɖe la, ƒuƒoƒoa melolona o eye wokpena le amewo ƒe aƒeme le ŋkeke si sɔ na emetɔwo dzi. Kpekpe siawoe va trɔ zu Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃.
2. Aleke míate ŋu ‘ade dzi ƒo na mía nɔewo’ le agbalẽ me nusrɔ̃ƒe?
2 Dzideƒoname Kple Kpekpeɖeameŋu: Esi wònye be woɖoe koŋ na agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒuƒoƒowo le sue ta la, mɔnukpɔkpɔ geɖe sua vavalawo si be woaɖe woƒe xɔse afia to nyaŋuɖoɖo me. Emetsonue nye be ‘wodea dzi ƒo na wo nɔewo, amesiame ƒe xɔse tua nɔvia tɔ ɖo.’—Rom. 1:12.
3, 4. Aleke agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa kpena ɖe mía ŋu be míawu míaƒe subɔsubɔdɔa nui?
3 Ne míeléa ŋku ɖe alesi agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔlaa fiaa nui ŋu nyuie la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ‘míawɔ nyateƒenya la ŋudɔ pɛpɛpɛ.’ (Tim. II, 2:15) Lé ŋku ɖe alesi wòtea gbe ɖe Ŋɔŋlɔ siwo dzi wotu nusɔsrɔ̃ ɖoe dzi ŋu eye nàsrɔ̃e. Ne esɔ le agbalẽ si srɔ̃m wole gome la, ate ŋu azã Biblia ɖeɖeko atsɔ ate gbe ɖe nya veviawo dzi to numetoto le nusɔsrɔ̃a ƒe nuwuwu dzi. Kpɔɖeŋu nyui si wòɖona la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míana alesi míefiaa nui le Kristotɔwo ƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa me nanyo ɖe edzi.—Kor. I, 11:1.
4 Tsɔ kpe ɖe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe nusɔsrɔ̃a dzikpɔkpɔ ŋu la, agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla xɔa ŋgɔ le nyanyuigbɔgblɔdɔa me. Ewɔa nu aduadu kple subɔsubɔdɔdzikpɔla hewɔa ɖoɖo nyui ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu. Edzea agbagba kpena ɖe ƒuƒoƒoa me tɔwo katã ŋu be woatsɔ woƒe Kristotɔwo ƒe agbanɔamedzi si nye be woaɖe gbeƒã nyanyuia ahawɔ nusrɔ̃lawoe la nyuie.—Mat. 28:19, 20; Kor. I, 9:16.
5. Kpekpeɖeŋunana ƒe ɖoɖo kae li na mí le agbalẽ me nusrɔ̃ƒea?
5 Agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla la tsɔa ɖe le ƒuƒoƒoa me tɔ ɖesiaɖe ƒe gbɔgbɔ me nyonyo me. Eɖea ɖetsɔleme sia fiana le hamea ƒe kpekpewo me kple ne ele gbeadzi kple ame bubuwo. Ezãa ɣeyiɣi siwo wòsrãa nɔviawo kpɔna le woƒe aƒewo me hã tsɔ dea dzi ƒo na wo le gbɔgbɔ me nuwo ŋu. Ele be amesiame nate ɖe agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla ŋu faa ne ehiã gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋu aɖe.—Yes. 32:1, 2.
6. (a) Aleke kpekpewo dede le ƒuƒoƒo suewo me do ŋusẽ mía nɔviwo le dukɔ aɖewo mee? (b) Aleke agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa ɖea vi na wò ŋutɔe?
6 Míado Ŋusẽ Mía Nɔewo: Le dukɔ siwo me woɖo asi Mawu ƒe amewo ƒe dɔa dzi le la, nɔviawo kpena zi geɖe le ƒuƒoƒo suewo me. Nɔvi aɖe ɖo ŋku edzi gblɔ be: “Togbɔ be woxe mɔ ɖe míaƒe Kristotɔwo ƒe dɔwo nu hã la, afisi wòanya wɔ le la, míewɔa kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe kpekpeawo le ƒuƒoƒo siwo me ame abe 10 vaseɖe 15 ene nɔna me. Biblia sɔsrɔ̃ kpakple hadede kple nɔviwo le nusɔsrɔ̃a megbe wɔe be kpekpeawo yiyi doa ŋusẽ mí le gbɔgbɔ me. Míegblɔa míaƒe nuteƒekpɔkpɔwo na mía nɔewo, eye esia kpe ɖe mía ŋu míekpɔe be ʋiʋli ɖekae dze ŋgɔ mí katã.” (Pet. I, 5:9) Mina míawo hã míado ŋusẽ mía nɔewo to asikpekpe ɖe Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa ŋu bliboe me.—Ef. 4:16.