Kpe Ðe Wò Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ Dzikpɔla Ŋu
1 Mía dometɔ ɖesiaɖe míekpɔa viɖe geɖe tso Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ me. Le ɣleti si va yi me la, míeƒo nu tso alesi Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla tsɔa eƒe agbanɔamedziwoe ŋu. Gake nukae míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe eŋu be wòaɖe vi na mía ŋutɔwo kple ame bubuwo?
2 De Kpekpea Kwasiɖa Ðesiaɖe: Esi wona agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒowo le sue ta la, wò afima nɔnɔ le vevie ŋutɔ. Ðoe wò taɖodzinui be yeade kwasiɖa sia kwasiɖa. Àte ŋu ana kpekpeɖeŋu to afima ɖoɖo ɖe game dzi me, elabena esia kpena ɖe dzikpɔla la ŋu be wòadze kpekpea gɔme ɖe game dzi.—Kor. I, 14:40.
3 Nyaŋuɖoɖo Siwo Tua Ame Ðo: Mɔ bubu si nu míate ŋu ana kpekpeɖeŋu le enye be míadzra ɖo nyuie ahana nyaŋuɖoɖo siwo tua ame ɖo. Zi geɖe la, ŋuɖoɖo siwo ku ɖe nya vevi ɖeka ŋu tẽ sɔna wu, eye esia dea dzi ƒo na ame bubuwo hã be woagblɔ nya bubuwo akpee. Mègaɖoe be yeagblɔ nya sia nya si le memamaa me o. Ne ède dzesi akpa aɖe le nyatia me si lé dzi na wò la, tsɔe de wò ŋuɖoɖoa me, eye esia ana be numedzodzro nade to ɖe edzi.—Pet. I, 4:10.
4 Ne mɔnukpɔkpɔa su asiwò be nàxlẽ memamawo la, xlẽe kple moveviɖoɖo be wòaɖe vi na ƒuƒoƒoa. Nuxexlẽ nyuie wɔnɛ be nusɔsrɔ̃a me kɔna eye wòvivina.—Tim. I, 4:13.
5 Haho Ðaseɖiɖi: Wowɔa kpekpewo hena gbeadziyiyi le agbalẽ me nusrɔ̃ƒe vovovowo, eye wò asikpekpe ɖe ɖoɖowɔɖi sia ŋu akpe ɖe dzikpɔlaa ŋu le ŋgɔxɔxɔ le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me. Bu ɖoɖowɔɖi sia be enye mɔnukpɔkpɔ na ye be ye kple nɔviwo dome nanɔ kplikplikpli eye yeade dzi ƒo na wo.
6 Gbeadzikɔntawo: Wò gbeadzikɔnta nana kaba le ɣleti ɖesiaɖe ƒe nuwuwu hã nye mɔ bubu si dzi nàto akpe ɖe dzikpɔlaa ŋu. Àte ŋu atsɔ wò gbeadzikɔnta nɛ tẽ alo nàdae ɖe aɖaka si me wodaa gbeadzikɔntawo ɖo le Fiaɖuƒe Akpata me. Agbalẽŋlɔla la ate ŋu aɖoe be dzikpɔlawo nanɔ gbeadzikɔnta siwo woxɔ dam ɖe aɖaka ma me.
7 Míekpɔa ŋudzedze geɖe ɖe wò nuwɔwɔ aduadu kple wò Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla ŋu. Ƒo wo katã ta la, kakaɖedzi nenɔ asiwò be Yehowa akpɔ ŋudzedze ɖe ‘gbɔgbɔ si nèɖena fiana ŋu.’—Fil. 4:23.