INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/94 axa 1
  • Nya Nɔviwòwo Nyuie

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Nɔviwòwo Nyuie
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Mitsɔ Lɔlɔ̃ Lɔ̃ Mia Nɔewo Vevie”
    Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
  • “Mitsɔ Lɔlɔ̃ Lɔ̃ Mia Nɔewo Vevie”
    Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
  • Mina Míaƒe Nɔvilɔlɔ̃ Nayi Edzi Anɔ Dzidzim Ðe Edzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Dze Agbagba Nànya Nɔviwòwo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 8/94 axa 1

Nya Nɔviwòwo Nyuie

1 Menye kpekpewo dede kple mía hatitadeagulawo le Fiaɖuƒe Akpata me dzi koe ƒomedodo si le mía kple wo dome se ɖo o. Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔlawoe míenye, eye ema na míeva le gbɔgbɔmeƒomedodo me kple Yesu. (Mar. 3:34, 35) Ema hã na míele gbɔgbɔmeƒomedodo me kple ame bubuwo le Kristo-hamea me; woawoe nye míaƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, amesiwo wode se na mí be míalɔ̃. (Yoh. 13:35) Eyata ele be amesiwo dea ha kple amesiwo nye “Mawu ƒe aƒemetɔwo” la nadze agbagba vevie anya wo nɔewo nyuie.—Ef. 2:19.

2 Nya Nɔviwòwo Ŋkɔ: Ènya nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo katã le miaƒe Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒoa me ŋkɔa? Zi geɖe la, ƒuƒoƒoa nɔa sue si wɔnɛ be ame akpa gãtɔ ƒe ŋkɔ nyanya nɔa bɔbɔe wu ne menye amesiame si vana tɔe nànya o hã. Ne mènya wo ŋkɔ teti hã o la, ɖe nàte ŋu agblɔ be yenya wo nyuiea?

3 Ke ame bubu siwo me ɖeviwo hã le siwo vaa kpekpeawo le Fiaɖuƒe Akpataa me ya ɖe? Ðewohĩ xɔlɔ̃ ʋee aɖewo koe míelɔ̃a hadede kple. Togbɔ be menye nu gbegblẽ wònye be míade ha edziedzi kple ame aɖewo o hã la, míadi be míaƒe dzeɖoɖo tuameɖowo nase ɖe ame ʋee aɖewo ko dzi o. Míadi be ‘míakeke mía ɖokui ɖe enu,’ adze agbagba anya mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo katã nyuie. (Kor. II, 6:11-13) Eme kɔ ƒã be esia wɔwɔ abia be míanya wo ŋkɔ.

4 Ele be nɔviŋutsu siwo kpɔa hamea ƒe kpekpewo dzi nadze agbagba anya kpekpea valawo katã ŋkɔ. Wo dometɔ ɖesiaɖe ƒe ŋkɔ yɔyɔ tso nuƒolanɔƒea na wosena le wo ɖokui me be wokpɔ ŋudzedze ɖe yewoƒe nyaŋuɖoɖo ŋu, eye wògakpena ɖe ame bubuwo ŋu be woanya wo ŋkɔ. Nyateƒee, ame yeye alo amedzro aɖewo anɔ nyaselawo dome ɣesiaɣi si awɔe be wòasesẽ be woanya amesiame ƒe ŋkɔ. Gake agbagbadzedze vevie ɣesiaɣi dea dzi ƒo na amewo eye wòɖenɛ fiana be míetsɔ ɖe le wo me anukwaretɔe.—Rom. 1:11, 12.

5 Xɔ Ŋgɔ le Wo Nyanya Nyuie Me: Dzikpɔla mɔzɔlawo te ŋu nyaa nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu gbogbo aɖewo nyuie. Aleke wowɔnɛ? Mɔ etɔ̃ nu koŋ ye wowɔnɛ toe: (1) Wowɔa dɔ kple wo edziedzi le gbeadzi; (2) wolɔ̃na vaa woƒe aƒeme ne wokpe wo, le alesi woƒe ɣeyiɣi aɖe mɔe nu; eye (3) woxɔa ŋgɔ le gbedodo na ame tsitsiwo kple ɖeviwo me le kpekpeawo me.

6 Àte ŋu akpɔ mɔ bubu siwo nu nàkeke ɖokuiwò ɖe enu le wò hadede kple nɔviwòwo mea? Míate ŋu akpe wo bɔbɔe be woakplɔ mí ayi gbeadzii. Dɔwɔwɔ tso aƒeme yi aƒeme, tɔtrɔyiwo wɔwɔ, Biblia-nusɔsrɔ̃wo wɔƒe yiyi, alo ablɔdziɖaseɖiɖi kple magazinewo, esiawo katã nye mɔ nyui siwo dzi míate ŋu ato anya wo nyuie. Enyo hã be ɣeaɖewoɣi nàkpe amewo ava aƒewòmee, be woava de asi agba me kple wò alo na numeɖenu aɖewo dede nu me. Menye ɖeko ŋgɔxɔxɔ le tete ɖe ame yeyewo alo amesiwo ŋu kpena ŋu me tua wo ɖo le gbɔgbɔ me ko evɔ o, teƒeɖoɖo nyuiwo hã tsoa eme vana.—Dɔw. 20:35; Tes. I, 5:11.

7 Paulo nya nɔviawo nyuie. Alesi wòyɔ wo dometɔ geɖe ŋkɔe le eƒe lɛtawo me la ɖo kpe edzi be etsɔ ɖe le wo me ɖokuitɔmadimaditɔe eye be vavãe, elɔ̃ wo le nyateƒe me. (Tes. I, 2:17; Tim. II, 4:19, 20) Ne míedze agbagba nya mía nɔviwo nyuie la, anye yayra na mí katã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe