Midi Mawu ƒe Fiaɖuƒea Gbãgbiagbã—To Kafukafuvɔwo Sasa Ɣesiaɣi Me
1 Amesiwo dia Fiaɖuƒea gbãgbiagbã ɖoa ŋku edzi ɣesiaɣi ƒoa nu tso Yehowa kple eƒe Fiaɖuƒea ŋu. (Ps. 145:11-13) Mɔnukpɔkpɔ ʋuna ɖi gbesiagbe be míakafu eƒe ŋkɔ ahaƒo nu tso nyanyuia ŋu. (Ps. 96:2) Yehowa kafukafu dzɔ dzi na hakpala la, amesi gblɔ be: “Míetsɔ Mawu le adegbe ƒom ɖaa.” (Ps. 44:9) Ne míesee le mía ɖokui me nenema la, míadi vevie be míakpɔ gome le Fiaɖuƒesubɔsubɔdɔa me edziedzi.
2 Yehowa meɖo nudidi tɔxɛ aɖe ɖi le ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si míatsɔ awɔ subɔsubɔdɔae ŋu o, gake edea dzi ƒo na mí be míakafu ye ‘ɣesiaɣi.’ (Heb. 13:15) Ne míaƒe nɔnɔmewo ɖe mɔ la, ele be wòanye míaƒe taɖodzinu be míazã ɣeyiɣi aɖe kwasiɖa sia kwasiɖa atsɔ akafu Yehowae. Amesiwo le ema wɔm xoxo la ate ŋu atrɔ asi le woƒe ɖoɖowo ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɣeaɖewoɣi alo woawɔe edziedzi. Amesiwo le dzidzedze kpɔm le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa me dometɔ aɖewo ate ŋu awɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa.
3 Eɖanye nɔnɔme ka ke me míele o, ɖe míate ŋu adzi míaƒe kafukafuvɔsa ɖe edzia? Ŋudzedzekpɔkpɔe ʋãa mí be míado vevie nu. Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ le mía ɖokui si tua míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖo. Hame ƒe kpekpewo ʋãa mí be míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ ma afia le mɔ nyuitɔwo nu. Hadede kplikplikpli kple ame bubu siwo doa vevie nu le kafukafu tsɔtsɔna me ate ŋu ‘ana míawɔ dɔ nyuiwo.’ (Heb. 10:24) Ne míewɔ mɔnuɖoɖo siwo hamea nana mí ŋudɔ bliboe la, ana míadzi míaƒe kafukafuvɔsa ɖe edzi.
4 Nyɔnunyagblɔɖila Hana ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi le Yehowa subɔsubɔ me. Togbɔ be etsi xɔ ƒe 84 hã la, “medzona le mawuƒe la me o hele Mawu subɔm . . . zã kple keli.” (Luka 2:37) Eɖokui ƒoƒo ɖe hamea me dɔwo me kple dzi blibo he dzidzeme geɖe vɛ nɛ. Biblia me nuŋlɔɖi si ku ɖe eƒe subɔsubɔ anukwareɖiɖitɔe ŋu la dea dzi ƒo na mí egbea.
5 Paulo ɖo aɖaŋu be ‘amesiwo ŋu ŋusẽ le la natsɔ amesiwo ŋu ŋusẽ mele o la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo.’ (Rom. 15:1) Anɔ eme be kpekpeɖeŋu kple dzideƒo si nàna dɔmenyotɔe la aɖe vi na ame aɖewo le miaƒe hamea me. Wo kpekpe be woazɔ kple ye le gbeadzisubɔsubɔdɔa me anye nusi ko wohiã. Gbeƒãɖela yeye ahiã na kpekpeɖeŋu le dzadzraɖo ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu alo amesi wòawɔ dɔ kplii. Dziɖeleameƒo anye ame bubu ƒe kuxi, eye ɖewohĩ wòe ate ŋu ana tutuɖo si hiã lae be dzo nagaɖo amea me wòado vevie Fiaɖuƒedɔa. (Tes. I, 5:14) Alesi nàlɔ̃ faa ‘akpe ɖe ame kɔkɔewo ŋu ɖe woƒe hiãhiãwo nu’ ɖea wò dzimedidi be yeadzi Yehowa ƒe ŋkɔ kafukafu ɖe edzi fiana.—Rom. 12:13.
6 Míate ŋu axlẽ nusiwo Yehowa wɔ na mí xoxo kple esiwo wòagava wɔ na mí la katã gbeɖe o. Míate ŋu aɖo yayra siawo teƒe nɛ le mɔ aɖeke nu o. Susu ʋãme kawoe nye si li be ‘nusianu si me gbɔgbɔ le la nakufu Yehowa’!—Ps. 150:6.