INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/94 axa 7
  • Míasrɔ̃ Agbalẽ si Nye Nyaɖeɖefia Taƒoƒo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Míasrɔ̃ Agbalẽ si Nye Nyaɖeɖefia Taƒoƒo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Gbeƒãɖeɖe ‘Nyagblɔɖia me Nyawo’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo si Nye Dzidzɔ!
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
  • Ðe Gbeƒã Nyaɖeɖefia me Gbedasi Ʋãme La
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 10/94 axa 7

Míasrɔ̃ Agbalẽ si Nye Nyaɖeɖefia Taƒoƒo

1 Woyɔ Nyaɖeɖefia 1:3 me nyawo ɖe axa si agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia Taƒoƒo ƒe ŋkɔ dze le la be: “Woayra amesi le nyagblɔɖi sia me nyawo xlẽm kple amesiwo le wo sem, eye wole nusiwo woŋlɔ ɖe eme la, dzram ɖo; elabena ɣeyiɣi la tu aƒe.” Biblia ƒe agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia me nyagblɔɖiwo mevavawo le míaƒe ɣeyiɣia me na Yehowa ƒe amewo ƒe dzidzɔkpɔkpɔ dzi ɖe edzi geɖe ŋutɔ. Wogblɔ alesi míese nudzɔdzɔ siawo mee le míaƒe ɣeyiɣia me le “Aƒetɔ ƒe ŋkeke” sia me la ɖe Nyaɖeɖefia​—⁠Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! me. (Nyaɖ. 1:10) Esɔsrɔ̃ na míese xexeamenudzɔdzɔ veviwo gɔme, vevietɔ esiwo ku ɖe alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒea kple alesi dukɔwo le azɔli dzi yina ɖe Harmagedon me kpakple alesi Yehowa le nu wɔm kple eƒe amewoe me.

2 Le Eŋlisigbe hamewo me tɔ ʋee siwo si mɔnukpɔkpɔ su be wosrɔ̃ agbalẽ sia le ƒe 1991 me gome la, menye ɖeko agbalẽ sia sɔsrɔ̃ akpe ɖe wo ŋu be woagaɖo ŋku nusiwo wosrɔ̃ va yi dzi ko evɔ o ke boŋ ana alesi woatsɔ gbɔgbɔmenukpɔsusu akpɔ fifi nudzɔdzɔ siwo ɖo ta Yehowa ƒe ŋkeke si dzi wòaɖu eƒe futɔwo katã dzi le lae me akɔ ɖe edzi nyuie. Agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia Taƒoƒo la sɔsrɔ̃ le Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ me aɖe vi na mí katã.

3 Kpɔ egbɔ be yedzra ɖo nyuie, eye yeava akpɔ gome le esɔsrɔ̃ me bliboe kwasiɖa sia kwasiɖa, tso October 3, 1994 dzi. Aɖe vi na wò geɖe eye wòanye yayra na wò ne nusi xexemenudzɔdzɔ siwo le Nyaɖeɖefia-gbalẽa me la mevava le kɔkɔm ɖe edzi na wò. Ehiã vevie be míasrɔ̃ agbalẽ sia ayi eme nyuie, elabena esɔ ɖe ɣeyiɣia nu fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe. Neva eme be dzidzɔ si ƒe ŋugbe wodo la nasu mía si esi míele míaƒe ɣeyiɣiawo ŋuti nyagblɔɖi ʋãme sia xlẽm, míele eme nyawo sem, eye míele ŋugble dem le wo ŋu!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe