Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
1 “Woayra amesi le nyagblɔɖi sia ƒe nyawo xlẽm kple amesiwo le wo sem, eye wole nusiwo woŋlɔ ɖe eme la, dzram ɖo; elabena ɣeyiɣi la tu aƒe.” (Nyaɖ. 1:3) Nya siawo ɖe asixɔxɔ si le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ŋu la fia, vevietɔ esi wònye míele ɣeyiɣi si woɖo na eme nyagblɔɖiawo dometɔ geɖe me vava me la ta. Eya ta esɔ be míadze Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! ƒe agbalẽa sɔsrɔ̃ gɔme le Hame ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒewo tso January 8, 2007 ƒe kwasiɖaa me.
2 Xexeame ƒe nɔnɔme trɔ le mɔ geɖe nu tso esime míewu Nyaɖeɖefia Taƒoƒo gbalẽa sɔsrɔ̃ nu va yi. (Kor. I, 7:31) Gawu la, ame siwo va kpe ɖe mía ŋu le gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia me la dometɔ geɖe medzro Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me kpukpuiawo me ɖekaɖekae hekpɔ viɖe siwo le eme la kpɔ o. Nyaɖeɖefia Taƒoƒo ƒe agbalẽa sɔsrɔ̃ akpe ɖe mí katã ŋu míakpɔtɔ anɔ ŋudzɔ ɖe nu siwo le ŋgɔ gbɔna ŋu.—Nyaɖ. 16:15.
3 Ðoe wò taɖodzinu be kwasiɖa ɖeka teti hã ƒe nusɔsrɔ̃ nagato ŋuwò o. Menye ɖekoe nusɔsrɔ̃a akpe ɖe mía ŋu míakpɔtɔ anɔ ŋudzɔ ko o, ke gbedasi si Yesu ɖo ɖe hame adreawo hã akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na nɔnɔme kple nuwɔna siwo ate ŋu agblẽ nu le míaƒe mawusubɔsubɔ kpakple gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me ŋu la.—Nyaɖ. 1:11, 19.
4 Dzra Ðo Nyuie: Do ŋgɔ na agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe la, xlẽ Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me kpukpui siwo me míadzro le kwasiɖa ma me. De dzesi Ŋɔŋlɔ siwo wotsɔ ɖo kpe numeɖeɖe siwo wona la dzi. Dze agbagba nàse nyaawo gɔme wòaɖo wò dzi gbɔ. (Nex. 8:8, 12) Di ɣeyiɣi nàde ŋugble eye nàbia ɖokuiwò be: ‘Nu ka fiam esia lem tso Yehowa kple eƒe tameɖoɖo me vava ŋu? Aleke mawɔ nu wòasɔ ɖe eƒe tameɖoɖo nu ahakpe ɖe ame bubuwo ŋu?’
5 Ƒe 92 sɔŋ enye si va yi tso esime “Aƒetɔ ƒe ŋkeke la” dze egɔme. (Nyaɖ. 1:10) Nudzɔdzɔ ɖedzesi siwo ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la le eme va ge kpuie. Nyaɖeɖefia Taƒoƒo ƒe agbalẽa sɔsrɔ̃ ana míaƒe susu kple dzi naganɔ nu siawo ŋu geɖe wu, eye ado ŋusẽ míaƒe xɔse be “Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ,” kple xexeme yeyea, tu aƒe.—Nyaɖ. 16:14; 21:4, 5.