Midzra Ðo Ðe Ŋkuɖodzia Ŋu
Miena amesiame, kple nuƒola hã, nya ɣeyiɣi si tututu azã la adze egɔme kple afisi miawɔe lea? Ðe nuƒola la nya be mele be nuƒoa nawu aɖabaƒoƒo 45 oa?
Ðe miedee asi na ame aɖe be wòadi kpɔɖeŋunuawoa? (Kpɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, February 15, 1990, axa 16-18.) Miewɔ ɖoɖo ɖe kplɔ̃dzivɔ dzadzɛ si miatsɔ aɖo ɖe kplɔ̃a dzi kple kplu kpakple agba siwo asu ŋua?
Miewɔ ɖoɖo be woadzra Fiaɖuƒe Akpataa me ɖo do ŋgɔ kple emegbea? Miede dɔ asi na anyinɔƒegbɔkpɔlawo kple amesiwo atsɔ nuawo atsaea? Ðe miewɔ kpekpe kpli wo be yewoato woƒe dɔwo me kpli woa? Ðoɖo ka dzie miawɔ ɖo be miakpɔ egbɔ be woɖo nuawo ɖe amesiame gbɔ nyuie?
Ðe miewɔ ɖoɖowo be yewoakpe ɖe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu tsitsiwo kple amesiwo ƒe lãme mesẽ o ŋu be woadea? Ðe miewɔ ɖoɖo be ne amesiamina aɖewo tsi xɔ me eye womate ŋu ade o la, miatsɔ nuawo ayi na woa? Hamea ƒe agbalẽŋlɔla nakpɔ egbɔ be yeɖo “Memorial Report” si wokpe ɖo nyuie la ɖa le Memleɖa, April 15 lia dzi.