Ŋkuɖodzia ƒe Ŋkuɖodzinyawo
Míaɖu Ŋkuɖodzia le Kwasiɖagbe, April 8 dzi le ƒe sia me. Hamemegãwo nalé ŋku ɖe nya siwo gbɔna ŋu:
◼ Ne miele ɣeyiɣi ɖom na kpekpea la, mikpɔ egbɔ be womatsɔ kpɔɖeŋunuawo atsae do ŋgɔ na ɣeɖoto o.
◼ Ele be woana amesiame, nuƒola hã, nanya ɣeyiɣia kple teƒe si tututu woaɖu azãa le.
◼ Midi abolo kple wein si sɔ eye woatsɔ wo va teƒea.—Kpɔ February 15, 1985, Gbetakpɔxɔ, axa 27 (Eŋlisigbe me tɔ, February 15, 1985, axa 19).
◼ Woatsɔ agba gbadzɛwo, kpluwo, kple kplɔ̃ kpakple kplɔ̃dzivɔ siwo sɔ ava akpata la me eye woaɖo wo ɖe wo nɔƒe do ŋgɔ.
◼ Ele be woadzra Fiaɖuƒe Akpataa alo teƒe bubu ɖesiaɖe si woaɖu azãa le ɖo nyuie do ŋgɔ.
◼ Mitia anyinɔƒegbɔkpɔlawo kple amesiwo atsɔ nuawo atsae la do ŋgɔ eye miafia wo alesi woawɔ woƒe dɔwoe kple ɖoɖo nyuitɔ si nu woawɔe ɖo.
◼ Miwɔ ɖoɖo miatsɔ nuawo ayi na amesiamina ɖesiaɖe si si lãmesẽ megale o eye mate ŋu ava o la hã.
◼ Ne wowɔ ɖoɖo be hame geɖe nazã Fiaɖuƒe Akpata ɖeka la, ele be hameawo nawɔ nu aduadu ale be amewo nagava sɔ gbɔ ɖe xɔxɔnua, mɔnuwo, ametoƒewo, kple ʋutɔɖoƒewo fũ o.