Ŋkuɖodzia ƒe Ŋkuɖodzinyawo
Yawoɖa, April 1, dzie Ŋkuɖodzia ɖuɖu dze. Hamemegãwo nalé ŋku ɖe nya siwo gbɔna ŋu:
◼ Ne miele game ɖom na kpekpea la, mikpɔ egbɔ be womatsɔ kpɔɖeŋunuawo atsae do ŋgɔ na ɣeɖoto o.
◼ Ele be woana amesiame, kpakple nuƒola, nanya gamea kple afisi tututu wɔna la ayi edzi le.
◼ Ele be miakpɔ egbɔ be abolo kple wein siwo tɔgbe woazã la sɔ gbe.—Kpɔ February 1, 1985, Gbetakpɔxɔ ƒe axa 27 (Eŋlisigbe me tɔ, February 15, 1985, axa 19).
◼ Ele be woatsɔ agba gbadzɛwo, kpluwo, kplɔ̃ kple kplɔ̃dzivɔ siwo sɔ la ava akpata la me eye woaɖo wo wo nɔƒe do ŋgɔ.
◼ Ele be woadzra Fiaɖuƒe Akpata la me alo teƒe si woakpe ta le ɖo nyuie do ŋgɔ.
◼ Ele be miatia anyinɔƒegbɔkpɔlawo kple amesiwo atsɔ nuawo atsae eye miana mɔfiame wo le mɔ nyui si nu woawɔ nuwo ɖo kple woƒe dɔwo ŋu do ŋgɔ.
◼ Ele be miawɔ ɖoɖo atsɔ nuawo ayii na amesiamina siwo ƒe lãme gblẽ eye womete ŋu va o la hã.
◼ Ne wowɔ ɖoɖo be hame siwo wu ɖeka naɖu azã la le Fiaɖuƒe Akpata ɖeka me la, ele be kadodo nyui nanɔ hameawo dome bene amewo nagava ƒo ƒu ɖe agbalinu, mɔ me, ametoƒewo, kple ʋutɔɖoƒe o.