INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/95 axa 8
  • Tɔtrɔyi Siwo Ŋu Taɖodzinu Le

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tɔtrɔyi Siwo Ŋu Taɖodzinu Le
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tɔtrɔyiwo Wɔwɔ Ʋua Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒe Mɔnu Ði
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Mido Ŋusẽ Wo be Woatsi to Tɔtrɔyi Nyuiwo Wɔwɔ Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Wɔ Míaƒe Magazinewo Ŋudɔ Nyuie Alesi Dze
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Na Dzi Nenɔ Ƒowò be Nàwɔ Tɔtrɔyiwo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 10/95 axa 8

Tɔtrɔyi Siwo Ŋu Taɖodzinu Le

1 Ne èle tɔtrɔyi wɔm la, ele be nàdze agbagba azã ŋɔŋlɔ aɖe si adzi amea ƒe sidzedze ɖe edzi le Biblia me nyati si ŋu mieɖo dze le va yi la ŋu.

2 Míaƒe taɖodzinu ɖeka le tɔtrɔ yi amesiwo míenaa magazinewoe gbɔ enye be míaɖe magazine ƒe ademɔ. Nyagbɔgblɔ bɔbɔe sia tɔgbe ate ŋu awɔ dɔ:

◼ “Mexɔ se be èse vivi na Gbetakpɔxɔ me nyati si mefia wò si ɖe nusita wòle be míavɔ̃ Mawu ɖo la xexlẽ. Egbea metsɔ Nyɔ! me nyati sia si bia be, ‘Nukatae Ame ƒe Agbenɔƒe Le Kpuie Alea?’ la vɛ. Mèkpɔ be nyabiabia nyui aɖee nye ema oa?” Àte ŋu agblɔ ayi edzi be: “Yesu ƒe nya siwo wonya nyuie si le Yohanes 3:16 la do agbe mavɔ ŋugbe na mí. Taflatse xɔ magazine sia eye mɔkpɔkpɔ vavã si le Mawu ƒe Nya la me ade dzi ƒo na wò.” Ekema ɖe eme nɛ be yeagatrɔ ava atsɔ tata siwo gbɔna vɛ nɛ eye ɖewohĩ yewoaɖo dze le nusi ƒe ŋugbe Mawu do na ameƒomea me tɔ siwo nye toɖolawo la ŋu ayi ŋgɔe. Ðo ŋku edzi be yeate ŋu abu tɔtrɔyi ɣesiaɣi si yetsɔ magazineawo yii.

3 Ne nyati si nye “Xexe si me Aʋawɔwɔ Manɔ O—Ɣekaɣie?” ŋue nèƒo nu le la, àte ŋu agblɔ be:

◼ “Aleke agbenɔnɔ le anyigba dzi anɔ ne aʋawɔwɔ megali o? [Na wòaɖo eŋu.] Na mafia nusi ƒe ŋugbe Mawu do be yeawɔ la wò.” Xlẽ Psalmo 37:10, 11, eye nàƒo nu tso alesi nuwo anɔ ne wova le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm le anyigba dzi afisia la ŋu nɛ. Ðo ŋku nusi Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa abia si woŋlɔ ɖe Mateo 6:9, 10 la dzi na amea. Kpe ɖe eŋu be wòade ŋugble le gɔmesese si le Yesu ƒe nyaawo ŋu la ŋuti. Àte ŋu awɔ Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! ƒe nudɔdɔ nɛ eye nàwɔ ɖoɖo be nàtrɔ ayi hena dzeɖoɖoa dziyiyi.

4 Ne nyati si nye “Nukatae Ame ƒe Agbenɔƒe Le Kpuie Alea?” mee nètrɔ yi be yewoadzro la, àte ŋu adze egɔme ale:

◼ “Esi meva nyitsɔ la, míeƒo nu tso amegbetɔ ƒe agbe didi nɔnɔ ŋu. Abe alesi meka ɖe edzi be nèkpɔe le Nyɔ! la me ene la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo mena mɔkpɔkpɔ gobi aɖeke mí be yewoakpe ɖe mía ŋu ne míanɔ agbe awu ƒe 70 alo 80 o. Gake nukae nèsusu le ŋugbe si Biblia do ŋu? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia fia be Mawu ɖo nane si nyo wu sã ƒe tame na amegbetɔ.” Ke xlẽ Yohanes 17:3, eye nàɖe alesi sidzedze xɔxɔ ate ŋu akplɔ ame yi agbe mavɔ mee la me nɛ. Va ɖo afisia la, àte ŋu atsɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ƒe ɖoɖoa aɖo ŋkume nɛ alo nàwɔ ɖoɖo ɖe Biblia me dzeɖoɖo bubu ŋuti.

5 Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmedzedze nye taɖodzinu vevi aɖe le míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu. Ðewohĩ ètrɔ yi ame aɖe si xɔa magazinewo gbɔ zi geɖe. Nukata màtrɔ asi le mɔnu sia ŋu kpɔ ne ègatrɔ yi o?:

◼ “Amewo ƒe susu to vovo ale gbegbe le mawusubɔsubɔ kple eƒe vevienyenye le míaƒe agbenɔnɔ me egbea ŋu. Amewo ƒe dzixɔsewo toa vovo le nusita Mawu ɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye li alo nusitae míetsina kua amegã hekuna la ŋu. Ame aɖewo adi be yewoanya alesi yewoado gbe ɖa bene Mawu nasee.” Ʋu míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽawo dometɔ ɖeka ƒe nyati si nèkpɔ be adzɔ dzi na aƒemenɔla, eye fia alesi míewɔa nusɔsrɔ̃e lae kpuie.

6 Tameɖoɖo Mawue Yehowa nye. Mina míasrɔ̃e le October me to tɔtrɔyi siwo ŋu taɖodzinu le wɔwɔ me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe