Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu Woanya Biblia ƒe Asixɔxɔ
1 Yesu kpɔ eƒe nusrɔ̃lawo ƒe hiahiã gbɔ. Luka 24:45 gblɔ be: “[Eʋu] woƒe tame, bena woase ŋɔŋlɔawo gɔme.” Enya be ne wodi be ye Fofo nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu la, ehiã vevie be woasrɔ̃ Mawu ƒe Nya Biblia eye woase egɔme. (Ps. 1:1, 2) Taɖodzinu ma kee le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Míaƒe taɖodzinue nye be míadze Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔme bene míate ŋu ‘afia amewo be woawɔ nusiwo katã Yesu ɖo la.’ (Mat. 28:20) Esi esia le susu me na mí ta la, aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne míele tɔtrɔyiwo wɔm.
2 Ne “The Bible—God’s Word or Man’s?” ƒe agbalẽa mee miedzro zi gbãtɔ la, àte ŋu ayi wò dzeɖoɖoa dzi ale:
◼ “Madi be mafia nu bubu aɖe si ɖe Biblia me aɖaŋuɖoɖowo ƒe asixɔxɔ fia la wò. Esesẽna na ame geɖe be woanɔ ƒomedodo nyui me kple ame bubuwo. Nukae míate ŋu awɔ be míanɔ ƒomedodo si nyo wu me kple amesiwo ƒo xlã mí? [Ne eɖo eŋu vɔ la, ke ʋu axa 167-8, memamã 15, eye nàxlẽ Mateo 7:12. Gblɔ nya siwo le memamã 16 me hã.] Esiae nye nunya si le Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo me ƒe kpɔɖeŋu bubu. Ne megava la madi be mafia Biblia ƒe aɖaŋu siwo wòɖo si akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu be woakpɔ dzidzɔ gã le woƒe ƒomedodo me la wò.” Wɔ ɖoɖo be nàtrɔ yi adzro axa 170-2, si ɖe nusi Biblia gblɔ be woawɔ hena ƒome kpɔdzidzɔ ƒe agbenɔnɔ me.
3 Ne èƒo nu na ame aɖe si tsɔ ɖe le Biblia me la, ɖewohĩ nya siawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàdze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme:
◼ “Amesiwo katã nàɖo dze kple la katã kloe agblɔ na wò be yewodi be yewoanɔ xexe si me ŋutifafa kple dedienɔnɔ le. Ne esiae amesiame dina ɖe, ke nukatae míaƒe xexeame yɔ fũ kple zitɔtɔ kpakple nuvlowɔwɔ ale? [Na wòaɖo eŋu.] New World Translation afia wò afisi nàkpɔ nya siawo ƒe ŋuɖoɖo le le Biblia me.” Ʋu axa 1659 eye nàfia asi “Bible Topics for Discussion” No. 43a si gblɔ be “Ameka gbɔe xexeame ƒe xaxawo tso.” Xlẽ Korintotɔwo II, 4:4. Ðe alesi Mawu atsrɔ̃ Abosam eye wòahe xexe si me ŋutifafa kple dzidzɔkpɔkpɔ anɔ ɖaa vɛ la me. Xlẽ Nyaɖeɖefia 21:3, 4. Àte ŋu agblɔ kpee be: “Ne megava la, madi be mafia mawunyakpukpui aɖewo siwo ɖe alesi míakpɔ mɔ na xexe si me nuxaxa manɔ o me la wò.”
4 Ne èzã mɔnu si le tẽe dze nusɔsrɔ̃ gɔme eye nèkpɔ dzidzedze la, àte ŋu agblɔ nya sia ne ètrɔ yi:
◼ “Esi míeɖo dze va yi la, míedzro susu aɖewo siwo tae viɖe le Biblia sɔsrɔ̃ me la me. Agbagbadzedze vevie be míawɔ esia geɖe wu akpe ɖe mía ŋu be míanya nusi Mawu dzra ɖo ɖi na mí. [Xlẽ Yohanes 17:3.] Míewɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo si kpe ɖe ame akpe geɖe ŋu be wosrɔ̃ nu geɖe wu tso nusi ŋugbe Mawu do na mí kple alesi míawɔ adze eŋu la ŋu.” Tsɔ Agbe Tegbee ƒe agbalẽa fiae, dzro tanyawo me kplii, eye nàfiae alesi míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃.
5 Ne àte ŋu akpe ɖe dzinyuitɔwo ŋu be woanya asixɔxɔ gã si le Mawu ƒe Nya ŋu la, ke mɔ nyuitɔ kekeake dzie nèkpe ɖe wo ŋu le. Nunya si asu wo si to agbalẽa sɔsrɔ̃ me ate ŋu anye “agbeti,” si ahe dzidzɔ geɖe vɛ na wo.—Lod. 3:18.