INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/95 axa 7
  • Na Wò Susu Nànɔ Dziƒonuwo Ŋu Vevie

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Na Wò Susu Nànɔ Dziƒonuwo Ŋu Vevie
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Mina Miaƒe Susuwo Nanɔ Nu Siwo Le Dziƒo La Ŋu”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Ðe Gbeƒã Fiaɖuƒea
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Gbedasi Si Wòle Be Míaɖe Gbeƒãe
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Mɔkpɔkpɔnɔamesi Le Xexe Si Me Xaxa Yɔ Fũ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 11/95 axa 7

Na Wò Susu Nànɔ Dziƒonuwo Ŋu Vevie

1 December 31, 1994 ƒe The New York Times me nyati aɖe gblɔ le dzidzime si me míele kple alesi wòbua etsɔmee ŋuti be: “Amewo le vɔvɔ̃m na etsɔme. Wovɔ̃na ɖe dɔwɔɖuiwo nu, ɖe dɔlélewo nu, ɖe ganyawo nu, ɖe xexeame ƒe nɔnɔmewo nu.” Míekpɔnɛ le afisiafi be kakaɖedzi mele amewo si le agbe ŋu o. Subɔsubɔdɔ si mí Yehowa Ðasefowo míewɔna la wɔe be míedoa go amesiwo sena le wo ɖokui me alea gbesiagbe. Togbɔ be kuxi mawo kee vaa mía kple wo siaa dzi hã la, xɔse kple kakaɖedzi si le mía si ɖe Mawu ƒe Nya ƒe ŋugbedodo ŋu kpena ɖe mía ŋu be míaƒe nukpɔsusu le ameƒomea ƒe etsɔmegbenɔnɔ ŋu toa vovo—Yes. 65:13, 14, 17.

2 Alesi míekpɔa mɔ na nu nyuiwo eye mɔkpɔkpɔ si medana ƒu o le mía si ta la, ewɔnɛ be dzi anukwaretɔwo ɖoa to gbedasi si míehe vɛ na wo. Ame geɖe siwo lé blanui eye nu te ɖe wo dzi la kpɔa akɔfafa ne woɖo dze kpli mí. Le esi nya si sem wole vivia wo nu ta la, wo dometɔ aɖewo lɔ̃na wɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ kpli mí. Gake ɣeaɖewoɣi la, ame aɖewo adi be yewoaƒo nu tso yewoƒe kuxiwo ŋu gbã. Togbɔ be míazã ɣeyiɣi aɖe ase ame aɖe ƒe dzimaɖitsitsiwo hã la, mele be míaŋlɔ míaƒe taɖodzinu si nye be míafia amewo Mawu ƒe Nya ƒe nyateƒe ŋutɔŋutɔ la be o.

3 Míedi be míase veve ɖe amesiwo dzi nu te ɖo la nu. Yesu ɖo eƒe kpɔɖeŋu ɖi esime wògblɔ le Mateo 11:28 be: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la.” Míedi be míade dzi ƒo na amewo nenema ke. Gake de dzesii be le kpukpui 28 ƒe nuwuwu la, Yesu gblɔ be: “Nye la mana dzudzɔ mi.” Ele be ema nanye míaƒe taɖodzinu. Míewɔa ema to gbeƒãɖeɖe ŋugbedodo fakɔname si le Mawu ƒe Nya me la me. Ne míeɖoa to nyuie la, eɖea míaƒe ɖetsɔleme fiana eye ehiã vevie bene míawu míaƒe dɔdasi si nye gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui la nu ahakpe ɖe ame bubuwo ŋu woade dzesii be Fiaɖuƒea ɖeka koe ate ŋu akpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ keŋkeŋ.—Mat. 24:14.

4 Míaƒe dɔa mele abe lãmesẽnyawo ŋuti nunyalawo tɔ ene o. Ke boŋ abe alesi apostolo Paulo ɖe eme le Timoteo I, 4:6 ene la, enye subɔsubɔdɔ si wotu ɖe “nufiafia nyui” dzi, nufiafia siwo tso Mawu ƒe Nya la me. Anyo be woade dzi ƒo na amesiwo dzi ŋutilãme kple seselelãme kuxiwo le la be woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Fia wo be woatsɔ “tamesusuwo ɖo dziƒonuwo ŋu”—nusiwo ku ɖe Fiaɖuƒe mɔkpɔkpɔa ŋu. (Kol. 3:2) Ne amewo da woƒe susu ɖe Mawu ƒe Nya dzi la, ŋusẽ si wòakpɔ ɖe woƒe agbenɔnɔ dzi la ate ŋu atu wo ɖo.—Heb. 4:12.

5 Eyata míaƒe taɖodzinue nye be míakpe ɖe amewo ŋu be woada woƒe susu ɖe nusiwo ‘le dzɔdzɔe, nusiwo le dzadzɛ, nusiwo dze na lɔlɔ̃, kple nusiwo dze na kafukafu’ dzi. (Fil. 4:8) Ne woda woƒe susu ɖe Fiaɖuƒe mɔkpɔkpɔa dzi la, woayra wo abe míawo ene. Woawo hã woakpɔ dzidzɔ be woanya be Yehowa akpɔ kuxiwo katã gbɔ mlɔeba to eƒe Fiaɖuƒea dzi.—Ps. 145:16.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe