INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/96 axa 7
  • Ðe Nèxaxa Akpaa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nèxaxa Akpaa?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alesi Míawɔ Aƒle Ɣeyiɣi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Dɔ Geɖe Li Ɣesiaɣi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Mɔxenue Wònye na Gbeƒãɖeɖea?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Nu Ka Tae Míaƒo Ƒu Ðekae?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 5/96 axa 7

Ðe Nèxaxa Akpaa?

1 Paulo ɖo aɖaŋu be ‘míawɔ dɔ geɖe le Aƒetɔ la ƒe dɔ la me ɣesiaɣi.’ (Kor. I, 15:58) Woƒoe ɖe mía nu be míazɔ ɖe ɖokuisinusɔsrɔ̃ ƒe gbesiagbeɖoɖowɔɖi dzi ɣesiaɣi, míakpɔ gome le subɔsubɔdɔa me edziedzi, míade kpekpewo nuteƒewɔwɔtɔe, eye míalé fɔ ɖe hamea me dɔdasiwo ŋu vevie. Hekpe ɖe ema ŋu la, ele be míakpe ɖe ame bubu siwo hiã míaƒe kpekpeɖeŋu la ŋu. Esi dɔ gbogbo siawo li míawɔ ta la, nuwo awu tsɔtsɔ na mí ɣeaɖewoɣi eye míanɔ susum be ele be míadi mɔnu aɖewo aɖe míaƒe dɔwo dzi akpɔtɔ.

2 Ðewohĩ nunya anɔ eme eye wòasɔ hã le nɔnɔme aɖewo me be míaɖe dɔwɔna aɖewo ɖa alo aɖe wo dzi akpɔtɔ. Ame aɖewo tsɔnɛ be ele be yewoawɔ nusianu si ame bubuwo bia tso yewo si. Ne míeda sɔ le go sia me o la, ate ŋu ahe nuteɖeamedzi kple xaxa vɛ si ate ŋu ava gblẽ nu mlɔeba.

3 Da Sɔ: Nu vevi si ana míada asɔ enye be míawɔ ɖe aɖaŋu si Paulo ɖo dzi be “míaka ɖe nusiwo le vevie wu la dzi.” (Fil. 1:10, NW) Nusi ema fia koe nye be míatrɔ susu ɖe nusiwo hiã ŋutɔŋutɔ ŋu awɔ eye, ne ɣeyiɣi kple nɔnɔmeawo ɖe mɔ la, ke míakpɔ esiwo mehiã tututu o gbɔ. Ðikeke mele eme o be ƒomegbanɔamedziwo xɔ ŋgɔ le nu vevi mawo dome. Ele be míakpɔ ŋutilãmegbanɔamedzi aɖewo gbɔ. Gake Yesu fia nu be ele be míaƒe nu vevitɔwo wu nanɔ te ɖe gɔmeɖose sia dzi be míadi Fiaɖuƒea gbãgbiagbã. Ele be míawɔ nusiwo aɖe mɔ na mí be míawɔ ɖe adzɔgbe si míeɖe na Yehowa dzi la gbã.—Mat. 5:3; 6:33.

4 Ne esia le susu me na mí la, ke míakpɔ egbɔ aɖe mía ŋutɔwo ƒe dɔwɔna ɖesiaɖe si mehiã o, modzakaɖeɖe fũ akpa, kple ŋugbe si mehiã o dodo na ame bubuwo dzi akpɔtɔ. Ne míele kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe dɔwɔnawo ŋuti ɖoɖo wɔm la, míaɖo ɣeyiɣi ɖi na ɖokuisinusɔsrɔ̃ wɔwɔ nyuie, subɔsubɔdɔa wɔwɔ alesi dze, kpekpewo dede, kple nu bubu ɖesiaɖe si ku ɖe míaƒe tadedeagu ŋu. Ke míate ŋu amã ɣeyiɣi mamlea ɖe dɔwɔna bubuwo ŋu, le alesi woana míaɖo míaƒe taɖodzinu vevitɔ si nye be míanye Kristotɔ siwo da sɔ, amesiwo tsɔa Fiaɖuƒea ɖoa nɔƒe gbãtɔe gbɔ la nu.

5 Ne míewɔ nusiawo hã la, ɖewohĩ míase le mía ɖokui me kokoko be míaƒe agbã le kpekpem akpa. Ne ele alea la, ke ehiã be míawɔ ɖe Yesu ƒe amekpekpea dzi be: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la mana dzudzɔ mi.” (Mat. 11:28) Azɔ hã kpɔ Yehowa, ‘amesi tsɔa míaƒe agba na mí gbesiagbe’ eye wòdoa ŋusẽ amesiwo ŋu ɖeɖi te la sinu. Edo ŋugbe be yemana ke naɖe le ame dzɔdzɔe te gbeɖe o. (Ps. 55:23; 68:20; Yes. 40:29) Míate ŋu aka ɖe edzi be aɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu, eye wòana míado dzi awɔ teokrasidɔwo dzonɔamemetɔe.

6 Togbɔ be vovo manɔ mía ŋu kura le Fiaɖuƒenu veviwo gbɔ kpɔkpɔ me o hã la, míate ŋu akpɔ dzidzɔ esi míenya be míaƒe agbagbadzedzewo menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ŋuti.—Kor. I, 15:58.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe