Mɔxenue Wònye na Gbeƒãɖeɖea?
1 Vovo mele ame akpa gãtɔ ŋu o. Amesiwo mevona kura o dometɔ aɖewoe nye Yehowa Ðasefowo—míesrɔ̃a Mawu ƒe Nya la, dea hame ƒe kpekpewo, eye míewɔa gbeadzisubɔsubɔdɔa. Hekpe ɖe eŋu la, míewɔa ŋutilãmedɔ, aƒemedɔ alo sukudɔ, eye agbanɔamedzi bubuwo hã le mía dzi, eye nusiawo katã xɔa ɣeyiɣi. Ƒomea ƒe ta koŋ dzie agba siawo ƒe gãtɔ nɔna.
2 Le ganyawo ƒe fuɖeɖe le teƒeteƒewo ta la, ahiã be ƒometawo nawɔ dɔ sesĩe ɣeyiɣi didi hafi akpɔ woƒe nuhiahiãwo. Ne dɔwɔɖui si xɔa ɣeyiɣi geɖe xɔ woƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ la, ɣeyiɣi boo aɖeke megasusɔna na wo woatsɔ aɖe gbeƒãe o. Esi agba le wo dzi be woakpɔ woƒe aƒemetɔwo dzi ta la, awɔ na ame aɖewo be ɣeyiɣi kpui aɖe ko yewoate ŋu akpɔ na subɔsubɔdɔa wɔwɔ. (Tim. I, 5:8) Nyateƒee, agbemenuhiahiãwo kpɔkpɔ mele bɔbɔe o. Gake mele be míaƒe dɔwɔɖui nava zu mɔxenu na nyanyuia gbɔgblɔ o. (Mar. 13:10) Eyata anyo be míalé ŋku ɖe alesi míaƒe nɔnɔmea le ŋutɔŋutɔ ŋu akpɔ nyuie.
3 Esi nuwo le tɔtrɔm ɣesiaɣi le xexeame ta la, awɔ na ƒome ƒe ta aɖewo be ele be yewoatsɔ ɣeyiɣi gbogbo aɖe awɔ dɔe kple susu be yewoadzra ga ɖo ɖe nyadzɔgbewo ŋu. (Kor. I, 7:31) Togbɔ be dɔwɔɖui dzidziɖedzi adze abe nusi dzia ame ƒe ŋutilãmenuwo kpɔkpɔ ɖe edzi eye wòʋua modzakaɖeɖe ƒe mɔnu na ame hã la, ɖe wòana ƒomea nakpɔ dzidzɔ eye woƒe dzi nadze eme wu ne wotsɔ ɣeyiɣi si woazã ɖe gbɔgbɔmenuwo kple kpekpewo dede ŋu sa vɔe ɖe wo ta? Míadi godoo be míaƒo asa na nusianu si ade míaƒe gbɔgbɔmemenyenye afɔku me. Wɔwɔ ɖe nya si Yesu gblɔ be ‘míadzra nu nyuiwo ɖo le dziƒo’ eye ‘kesinɔnu nanɔ mía si le Mawu gbɔ’ la dzi ye nye nusi me nunya le.—Mat. 6:19-21; Luka 12:15-21.
4 Di Fiaɖuƒenuwo Gbãgbiagbã: Yesu fia eyomedzelawo be woatsɔ gbɔgbɔmenuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ na nu bubu ɖesiaɖe. Exlɔ̃ nu wo be: “Migaɖe fu na mia ɖokui agblɔ bena: Nuka míaɖu, nuka míano, alo nuka míatsɔ ata mahã o.” Nukatae wògblɔ alea ɖo? Eɖe eme be: “Mia Fofo, si le dziƒo la, nyae bena, nenem nusiawo katã hiãa mi.” Ne míeka ɖe nya ma dzi vavã la, naneke maxe mɔ na mí be míate ŋu awɔ ɖe nya si Yesu gblɔ kpe ɖe eŋu be, “Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo [ŋutilãmenu siwo hiã] katã akpe ɖe eŋuti na mi” la dzi o. Mawu akpɔ wo gbɔ na mí! (Mat. 6:31-33) Menye fifiae míana dzimaɖitsitsi si mehiã o nahe míaƒe susu be míanɔ agbe alo míadi nɔƒe si me dzidzeme le le nuɖoanyi si nu ava yi kpuie la me o.—Pet. I, 5:7; Yoh. I, 2:15-17.
5 Taɖodzinu si le dɔwɔɖui ŋu koŋue nye be woatsɔe akpɔ ame ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔe. Gake nu nenie míehiã? Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Ne nunyiame kple avɔtata le mía si la, mina nusiawo nasɔ gbɔ na mí.” Ðe míele agbagba dzem be míakpɔ nusi wu ema? Ne nenemae la, ke nusiwo ŋu Paulo xlɔ̃ nu le la ŋem míele. Egblɔ be: “Amesiwo dina be, yewoazu kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔwo kple mɔ̃tetrewo kpakple movidzɔdzɔ kple nuveviwɔame ƒe nudzodzro geɖe, siwo tsɔa amewo xlãna ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me la me.” (Tim. I, 6:8, 9; Mat. 6:24; Luka 14:33) Aleke míawɔ anya ne nudzodzro geɖe wue le mɔ xem na mí?
6 Ne le míaƒe ŋutilãmedɔwo ta dɔ vi aɖe ko míete ŋu wɔna le gbeadzisubɔsubɔdɔa me alo ne míete ŋu kpɔe be ele be míatsɔ nanewo asa vɔe ɖe nyanyuia ta o la, ekema ahiã be míatrɔ asi le nusiwo míetsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ ŋu. (Heb. 13:15, 16) Agbe si le bɔbɔe wu nɔnɔ akpe ɖe mía ŋu ŋutɔ be míaɖe nusi xea mɔ na míaƒe gbeƒãɖeɖe ɖa. Ele be Fiaɖuƒenuwo naxɔ nɔƒe gbãtɔ ɣesiaɣi ne míele míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ zãm.
7 Agbagbadzedze si Menye Dzodzro O: Paulo ƒe nyawo de dzi ƒo na mí be ‘míagba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me ɣesiaɣi, esi míenyae bena míaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ŋuti.’ (Kor. I, 15:58) ‘Aƒetɔ la ƒe dɔ’ vevitɔe nye Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa. (Mat. 24:14; 28:19, 20) Be míate ŋu akpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔ me bliboe alesi dze la, ele be míaɖo ɣeyiɣi na gbeadzidede kwasiɖa sia kwasiɖa eye míadze agbagba be míagazãe ɖe nu bubuwo wɔwɔ ŋu o. (Ef. 5:15-17) Ekema dɔwɔɖui alo nu bubu aɖeke maxe mɔ na míaƒe subɔsubɔdɔa o.
8 Ne míetsɔ mía ɖokui ke le Biblia me nyateƒea fiafia amewo me la, míakpɔ dzidzɔ gãtɔ kekeake si tsoa nunana me. (Dɔw. 20:35) Ne míaƒe susu le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ŋu la, míate ŋu atsɔ kakaɖedzi akpɔ mɔ na etsɔme nyui aɖe, “elabena Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ [míaƒe] dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si [míeɖe] fia le eƒe ŋkɔ ta . . . la be o.”—Heb. 6:10.