INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/96 axa 2
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpe Asi Ðe Miaƒe Hamea ƒe Dutoƒo Kpekpe ƒe Ðoɖowo Ŋu Bliboe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Nyabiaɖaka
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Aleke Mawɔ Azu Nuƒola Bibi?
    Nyɔ!—2004
  • Tsɔ Ŋutikɔkɔe na Mawu Menye Amegbetɔ o
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 8/96 axa 2

Nyabiaɖaka

◼ Nukae woawɔ ne dutoƒonuƒoƒola aɖe meva ɖo kpekpea me ɖe game dzi o?

Ɣeaɖewoɣi la, nɔnɔme siwo womate ŋu aƒo asa na o ana nɔviŋutsu aɖe mate ŋu ava ɖo ɖe game dzi be wòaƒo nuƒo si wode esi la o. Ne wokpɔ be ava ɖo kpuie la, ke hamemegãwo ate ŋu aɖoe be yewoawɔ Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a; Dutoƒokpekpea ate ŋu akplɔe ɖo emegbe. Ke ne eva dze ƒã be nuƒola la mava o ɖe? Ðewohĩ mia gbɔ nuƒola aɖe ate ŋu aƒo nuƒo ɖesiaɖe si ŋu wòdzra ɖo ɖo xoxo.

Ðoɖo nyui wɔwɔ do ŋgɔ xea mɔ ɖe kuxi siawo nu zi geɖe. Amesi kpɔa dutoƒonuƒowo dzi nakpɔ nuƒola ɖesiaɖe kwasiɖa ɖeka teti do ŋgɔ be wòaɖo ŋku eƒe dɔdasia dzi nɛ. Ele be woagblɔ kpekpewɔɣia nɛ, ahana Fiaɖuƒe Akpata ƒe adrɛs kple telefonxexlẽdzesi (ne ɖe li), kple mɔfiafia si me kɔ le alesi wòawɔ ake ɖe akpataa ŋu lae akpe ɖe ŋkuɖodzinya sia ŋu. Nuƒola la nade dzesi nya siawo ɖi nyuie. Ele be wòabu dɔdasia nu vevii, eye wòawɔ asitɔtrɔ ɖesiaɖe si hiã le eya ŋutɔ ƒe ɖoɖowo ŋu ale be wòate ŋu ava wɔ dɔ sia. Ne nane si ŋu mate ŋu awɔ naneke le o do mo ɖa si ana mate ŋu ava ƒo nuƒoa o la, ke nekpɔ amesi kpɔa dutoƒonuƒowo dzi la enumake ale be woate ŋu awɔ ɖoɖo adi ame bubu ɖe eteƒe. Ele be woadze agbagba ɖesiaɖe atsri ɖoɖowo me gbegblẽ esi nuƒoɣia ɖo vɔ. Ne nane na nuƒola la tsi megbe eye wòava ɖo le aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo megbe la, ate ŋu awɔ ɖoɖo aɖo du ɖe nɔviwo le Fiaɖuƒe Akpataa me ale be woanya nusi woawɔ.

Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe dutoƒonuƒo ƒe dɔdasiwo ŋu, dzadzraɖo nyui do ŋgɔ kple ŋkuɖodzinyawo, kpakple dzikpɔkpɔ nyui ate ŋu ana hamea nate ŋu ase dutoƒonuƒo kwasiɖa sia kwasiɖa wòaɖe vi na wo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe