Nyabiaɖaka
◼ Ame kae wòle be wòayɔ hadzidzi si míetsɔ dzea Teokrasi Subɔsubɔ Suku, Subɔsubɔ Kpekpe, Dutoƒonuƒo, kple Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ gɔmee la, eye aleke wòle be wòawɔe?
Woŋlɔ hadzidzi siwo míatsɔ adze kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua gɔme ɖe sukua ƒe Ðoɖowɔɖi si dzena le October Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia me la me. Woŋlɔa hadzidzi si míatsɔ adze kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Subɔsubɔ Kpekpea gɔme kple esi míatsɔ akpãe ɖe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa 2 lia. Nenema kee ha siwo míatsɔ adze kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ gɔmee la dzena le Gbetakpɔxɔ la ƒe axa 2 lia. Hadzidzi tiatia siawo nye kpekpe siawo ƒe akpa aɖe, eya ta ame si akpɔ kpekpea ƒe akpa ma dzie wòle be wòayɔ ha la woadzi, ke menye ame si kpɔ kpekpea ƒe akpa si do ŋgɔ dzie ayɔ haa woadzi o.
Le kpɔɖeŋu me, Teokrasi Subɔsubɔ Suku dzikpɔla la ado dzaa na nyaselawo, ayɔ ha si woatsɔ adze kpekpea gɔmee, akpɔ sukua dzi, eyome akpe ame gbãtɔ si awɔ dɔ le Subɔsubɔ Kpekpea me wòava nuƒolanɔƒea. Nɔviŋutsu si aʋu Subɔsubɔ Kpekpea nu ye wòle be wòayɔ ha si woadzi atsɔ adze Subɔsubɔ Kpekpea gɔmee.
Le Dutoƒo Kpekpea hã gome la, nuƒoa ƒe zimenɔlae aʋu kpekpea nu. Ado wòezɔ na nyaselawo vividoɖeameŋutɔe eye wòakpe wo be woawɔ ɖeka adzi ha si woatsɔ adze kpekpea gɔmee. Nuƒola ŋutɔe atia hadzidzi sia. Nuƒoa ƒe zimenɔla (alo nɔviŋutsu bubu si dze, si wògblɔe na do ŋgɔ) ado gbe si woatsɔ aʋu kpekpea nui ɖa. Zimenɔlaa ayɔ dutoƒonuƒoa ƒe tanya eye wòakpe nuƒolaa. Le nuƒoa megbe la, mele be zimenɔla la nagbugbɔ nuƒoa me nya veviwo agblɔ o, ke boŋ atsɔ ŋudzedzekpɔkpɔ ada akpe ɖe nufiamea ŋu. Ayɔ dutoƒonuƒo si woaƒo le kwasiɖa si akplɔe ɖo me ƒe tanya, emegbe akpe vavalawo katã be woakpɔtɔ awɔ ɖeka kpli mí le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a me. Ne nɔvi aɖee tso hame bubu me va ƒo nuƒoa la, mahiã be zimenɔla la nabia nyaselawo be woadi be woaɖo woƒe lɔlɔ̃ kple gbedoname ɖe hame si me nuƒolaa tso hã o. Zimenɔla la akpe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a dzikpɔla va nuƒolanɔƒea.
Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla la ayɔ hadzidzi si woatsɔ adze nusɔsrɔ̃a gɔmee. Akpɔ nusɔsrɔ̃a dzi wòawɔ ɖeka kple mɔfiame siwo wota na mí ku ɖe eŋu, eyome ayɔ hadzidzi si woatsɔ awu nusɔsrɔ̃a nui. Zi geɖe la, Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla la ayɔ nɔviŋutsu si ƒo dutoƒonuƒoa be wòado gbe ɖa atsɔ akpã kpekpea.
Mɔfiame siawo dzi wɔwɔ awɔe be míawɔ míaƒe hame ƒe kpekpewo woato mɔ ɖeka.