Hame Ƒe Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
1, 2. Tɔtrɔ kawoe woawɔ le kpekpeawo ŋu tso January 2009 me?
1 Le April 21-27, 2008 ƒe kwasiɖaa me la, míese gbeƒãɖeɖe dedziƒoname aɖe le hame siwo le xexea me godoo. Gbeƒãɖeɖea xlẽ be: “Tso January 1, 2009 la, míanɔ Hamea Ƒe Agbalẽ Me Nusɔsrɔ̃ kple Teokrasi Subɔsubɔ Suku kpakple Subɔsubɔ Kpekpea wɔm le ɣeyiɣi ɖeka me. Hamea Ƒe Agbalẽ Me Nusɔsrɔ̃ ƒe ŋkɔ atrɔ azu Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃.”
2 Kpekpe Sia Ƒe Ðoɖowɔɖi: Kpekpe bliboa, si me hadzidzi kple gbedodoɖa le la, axɔ gaƒoƒo 1 kple miniti 45. Kpekpea adze egɔme kple hadzidzi kple gbedodoɖa (5 min.), eye woawɔ Hamea Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃ (25 min.). Teokrasi Subɔsubɔ Sukua (30 min.) akplɔ esia ɖo enumake. Emegbe woadzi ha (5 min.) atsɔ adze Subɔsubɔ Kpekpea gɔme (35 min.). Kpekpea awu enu kple hadzidzi kpakple gbedodoɖa (5 min.). Woata Hamea Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃, Teokrasi Subɔsubɔ Suku, kple Subɔsubɔ Kpekpe ƒe ɖoɖowɔɖiwo ɖe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me ɣleti sia ɣleti bene wòakpe ɖe ŋuwò nàdzra ɖo ɖe kpekpe siawo ŋu.
3. Aleke woawɔ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃ lae?
3 Hamea Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃: Míawɔ kpekpe sia abe ale si míewɔa Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ ene. Mahiã be woato nu si míesrɔ̃ kwasiɖa si do ŋgɔ la me atsɔ adze nusɔsrɔ̃a gɔmee o. Ke boŋ ŋgɔdonya kpui aɖe koe míatsɔ adze kpekpea gɔme. Esia ana ɣeyiɣi si sɔ nasu vavalawo katã si be woaɖo nya ŋu kpuikpuikpui. Dzikpɔla zimenɔla la awɔ ɖoɖo woade dɔ asi na hamemetsitsiwo be woanɔ kpekpe sia dzi kpɔm. Kwasiɖa ɖe sia ɖe la, hamemetsitsi bubu ye akpɔ kpekpea dzi.
4. Tɔtrɔ kawoe woawɔ le Subɔsubɔ Kpekpea ŋu?
4 Subɔsubɔ Kpekpe: Míawɔ Subɔsubɔ Kpekpea abe ale si ko míewɔnɛ xoxo ene, gake ɖeko dɔdeasiawo anɔ kpuie wu. Zi geɖe la, miniti atɔ̃ koe gbeƒãɖeɖewo axɔ. Ele be esia nasu hena gbeƒãɖeɖe veviwo kple lɛta aɖewo siwo tso alɔdzedɔwɔƒea xexlẽ. Womagaxlẽ gbeƒãɖeɖewo abe gbeadziyiyi ƒe ɖoɖowo, Fiaɖuƒe Akpata me dzadzraɖo, gakɔnta, kple lɛta siwo alɔdzedɔwɔƒea ɖona ɖa edziedzi la le kplɔ̃a ta o, ke boŋ woaklã wo ɖe gbeƒãɖeʋuƒoa dzi bena nɔviwo ŋutɔwo naxlẽ. Ame siwo si dɔ le le Subɔsubɔ Kpekpea me la nadzra ɖo nyuie, azɔ ɖe mɔfiame siwo wona la dzi, eye woanɔ game dzi.
5. Le nutome sue dzikpɔla ƒe sasrãkpɔ ƒe kwasiɖaa me la, aleke míawɔ hame ƒe kpekpeawoe?
5 Nutome Sue Dzikpɔla Ƒe Sasrãkpɔ: Womatrɔ ɖoɖo si nu wowɔa kpekpewo le ne nutome sue dzikpɔla va srã hamea kpɔ o. Le Braɖagbe la, woawɔ Teokrasi Subɔsubɔ Suku kple Subɔsubɔ Kpekpea, eye woadzi ha. Emegbe nutome sue dzikpɔla la ana miniti 30 ƒe nuƒo. Abe ale si ko míewɔnɛ fifia ene la, woawɔ Hamea Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃ le ŋkeke bubu dzi, eye woadzi ha, emegbe nutome sue dzikpɔla ana subɔsubɔ nuƒoa. Woatsɔ hadzidzi kple gbedodoɖa akpã kpekpea.
6. Dɔ kae ƒuƒoƒo dzikpɔla awɔ?
6 Kpekpe Hena Gbeadziyiyi: Hamemetsitsiwo ƒe ha la ade dɔ asi na ƒuƒoƒo dzikpɔlawo be woakpɔ gbeadziyiyi ƒe ƒuƒoƒowo dzi eye woakpɔ ame siwo le woƒe ƒuƒoƒoa me ƒe gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ. Ne ehiã be woade dɔ asi na subɔsubɔdɔwɔla aɖe be wòawɔ dɔ ma la, ele be woayɔe be “ƒuƒoƒo subɔla.”
7. Nu nyui kawoe míate ŋu anɔ mɔ kpɔm na le míaƒe hamea ƒe kpekpe ƒe ɖoɖowɔɖi yeyea me?
7 Ðoɖowɔɖi yeye sia na wòdze kɔtɛ be mɔnukpɔkpɔ asu mía si míakpɔ gome le gbɔgbɔmekplɔ̃ si me míaxɔ nufiame dedziƒonamewo le la me. Esia akpe ɖe mía ŋu míazu gbeƒãɖela kple nufiala bibiwo, eye míaxɔ hehe si akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ dzidzedze geɖe wu le subɔsubɔdɔa me.—Ef. 4:13, 14; 2 Tim. 3:17.
8. Aleke dzadzraɖo do ŋgɔ aɖe vi na míawo ŋutɔwo kple ame bubuwo siaae?
8 Nusɔsrɔ̃ do ŋgɔ hafi ayi kpekpe siawo akpe ɖe mía ŋu míaƒe susu nanɔ nya vevi siwo dzi woate gbe ɖo le kpekpeawo dometɔ ɖe sia ɖe me la dzi. Mɔnukpɔkpɔ asu mí katã si be míaɖo nya ŋu le kpekpea me, ale be míade dzi ƒo na mía nɔewo. (Rom. 1:11, 12; Heb. 10:24) Ele be wòanye míaƒe taɖodzinu be ‘míaƒe ŋgɔgbedede nadze ƒãa’ to “nyateƒenya la ŋu dɔ [wɔwɔ] pɛpɛpɛ” dzi.—1 Tim. 4:15; 2 Tim. 2:15.
9. Nu kae míeɖo kplikpaa be míawɔ, eye nu ka tae?
9 Míele dzidzɔ kpɔm ɖe tɔtrɔ nyui siwo wowɔ le míaƒe hame ƒe kpekpeawo ŋu la ŋu. Mina mí katã míayi edzi anɔ mɔfiame si “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” la naa mí la ŋu dɔ wɔm, eye míanɔ míaƒe Alẽkplɔla Gã la ŋu kplikplikpli, esi wòyi edzi le mía dzram ɖo ɖe “xaxa gã” si tu aƒe ŋutɔ la ŋu.—Mat. 24:21, 45; Heb. 13:20, 21; Nyaɖ. 7:14.