INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/97 axa 1
  • Aƒeme Biblia Nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aƒeme Biblia Nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alesi Míatsɔ Sidzedze Gbalẽa Awɔ Nusrɔ̃lawoe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Ale Si Míakpe Ðe Biblia-nusrɔ̃viwo Ŋu Woayi Ŋgɔ Ava Xɔ Nyɔnyrɔ—Akpa Gbãtɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Akpa 4—Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
km 5/97 axa 1

Aƒeme Biblia Nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ

1 Nukae ɖi wo nɔewo le dɔnɔdzikpɔla si le Tanzania, ɖetugbivi si le Argentina, kple vidada si le Latvia ƒe nya me? Woka nya ta le 1997 Yearbook (axa 8, 46, kple 56) me be ame etɔ̃ siawo katã wɔ ŋgɔyiyi kabakaba le woƒe aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ me le esi wolɔ̃ faa be woawɔ nusɔsrɔ̃a kpli yewo le Sidzedze-gbalẽa me wòawu zi ɖeka kwasiɖa sia kwasiɖa ta. Míeɖo aɖaŋu va yi xoxo be ne anya wɔ la, gbeƒãɖelawo nadze agbagba adzro agbalẽa ƒe ta ɖeka me awu enu le nusɔsrɔ̃ ɖesiaɖe me. Gake ame aɖewo kpɔe be esia wɔwɔ sesẽ. Togbɔ be nu geɖe anɔ te ɖe nusrɔ̃vi ɖesiaɖe ƒe nɔnɔmewo kple nusɔsrɔ̃ ƒe ŋutete dzi hã la, nufiala bibiwo kpɔ dzidzedze esi wowɔ aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna la ŋudɔ.

2 Abe alesi míedzro emee le July 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia me ene la, ehiã be nàhe wò nusrɔ̃viwo be woadzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu. Le nusɔsrɔ̃a ƒe gɔmedzedze ko la, anyo be nàɖe alesi míewɔnɛ la me na wo eye nàwɔe afia wo. Tsɔ wò ŋutɔ wò Sidzedze-gbalẽa si nèsrɔ̃na la fia wo. Mito nusɔsrɔ̃ gbãtɔ me ɖekae. Kpe ɖe nusrɔ̃viawo ŋu woadi nya alo nyagbe vevi siwo ɖo agbalẽa me biabia ŋu tẽ eye woate fli ɖe wo te alo ade dzesi wo. Gbeƒãɖela aɖewo gɔ̃ hã tsɔ nuŋlɔti na woƒe nusrɔ̃viwo be woatsɔ awɔ esiae. De dzi ƒo na wo be woaxlẽ manyakpukpuiawo katã ne wole nusɔsrɔ̃a me tom. Le esia wɔwɔ me la, ànɔ hehe nam wo hã be woadzra ɖo ɖe Hame ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒe kple Gbetakpɔxɔ Nusrɔ̃ƒe dede ŋu.—Luka 6:40.

3 Nufiala nyui abia nya siwo ana eƒe nusrɔ̃vi naƒo nu faa, ke eya ŋutɔ maƒo nu fũ o. Mahe susu ayi nya siwo mele vevie o la dzi o. Ƒã hafi wòagblɔ nya siwo mele agbalẽa me o. Ate gbe ɖe nusɔsrɔ̃a me nya veviwo dzi boŋ. Ame aɖewo tsɔ agbalẽ bubuwo kpee na woƒe nusrɔ̃viwo be woakpe ɖe wo ŋu woadi nyabiabiawo ƒe ŋuɖoɖowo. Gawu la, ɖetsɔlemetɔwo akpɔ numeɖeɖe bubu siwo de to wu ne wodea hame ƒe kpekpewo.

4 Mahiã be miaxlẽ mawunyakpukpuiwo katã le nusɔsrɔ̃a me o. Woate ŋu azã ŋɔŋlɔ siwo me nyawo woyɔ ɖe memamãa me la atsɔ aɖe nya vevi aɖewo mee. Ne miele numetoto wɔm la, te gbe ɖe mawunyakpukpui vevi siwo me miedzro la dzi eye nàde dzi ƒo na nusrɔ̃via be woalé wo ɖe susu me.

5 Ɣeyiɣi Didi Kae Wòle Be Nusɔsrɔ̃ Ðesiaɖe Naxɔ?: Mehiã be woawɔ nusɔsrɔ̃a gaƒoƒo ɖeka kokoko o. Vovo le aƒemenɔla aɖewo ŋu woadi be yewoayi nusɔsrɔ̃a dzi. Alo nusrɔ̃via adi be woawɔ nusɔsrɔ̃a kpli ye wu zi ɖeka kwasiɖa sia kwasiɖa. Esia ade amesiwo ate ŋu awɔe alea la dzi.

6 Abe alesi Yesaya 60:8 gblɔe ene la, egbea Yehowa kafula yeye akpe alafa geɖewo “le ya ʋum abe alilikpo ene, eye abe ahɔnee yina ɖe eƒe xɔ gbɔ ene” le eƒe amewo ƒe hamewo me. Mina mí katã míawɔ mía tɔ sinua awɔ dɔ aduadu kple Yehowa esi wòle tsɔtsɔe dom amesiwo ɖi alẽwo nu ƒoƒoƒudɔa.—Yes. 60:22.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe