Ðaseɖiɖi na ‘Ameƒomeviwo Katã’
1 Ne míedo go dukɔ alo subɔsubɔha vovovo me tɔwo la, míeɖoa ŋku edzi be Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue wònye be ‘ameƒomeviwo katã nakpɔ ɖeɖe eye bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.’ (Tim. I, 2:4) Tsɔ kpe ɖe trakt kple agbalẽ gbadza geɖe siwo ŋu wotrɔ asi le etɔxɛe ŋu la, agbalẽ nyui eve bubuwo le mía si siwo míate ŋu azã le ɣeyiɣi ɖesiaɖe me atsɔ akpe ɖe amesiwo ƒe subɔsubɔha mefia Mawu kple Kristo ŋuti nyateƒea wo o la.
2 Agbalẽ si nye Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee kɔ nu me le xexeme subɔsubɔha gãwo dzɔtsoƒe ŋu eyata ate ŋu akpe ɖe amesiame ŋu le afisiafi be woatsɔ woƒe dzixɔsewo asɔ kple nusi Biblia fia tso Mawu vavã ɖeka kolia la ŋu. Azɔ hã alesi Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ ƒe agbalẽa ƒo nu tso Yesu ƒe agbenɔnɔ ŋu koŋ ta la, ate ŋu akpe ɖe amewo ŋu woanya Mawu ƒe Vi la nyuie wu eye woadi be yewoate ɖe eŋu, abe alesi wònɔ na amewo le ƒe alafa gbãtɔ me ene. (Yoh. 12:32) Ɣesiaɣi si wòanyo ko la, àte ŋu azã aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna atsɔ aƒo nu tso agbalẽ siawo ŋui.
3 Ne èkpɔ be anyo be yeana “Ame Vevitɔ” ƒe agbalẽa ame aɖe la, àte ŋu abia be:
◼ “Ne èle Yesu Kristo ŋu bum la, nukae nèsusuna? [Na wòaɖo eŋu.] Ŋutinyaŋlɔla geɖe lɔ̃ ɖe edzi be Yesue nye ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ. [Yɔ kpɔɖeŋu ɖeka tso Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa ƒe ŋgɔdonya me.] Biblia ɖee fia be Yesu ƒe agbenɔnɔ nye kpɔɖeŋu na mí míasrɔ̃.” Xlẽ Petro I, 2:21 kple Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa ƒe ŋgɔdonya ƒe axa mamlɛa ƒe memamã gbãtɔ. Ne ènyɔ aƒemenɔla la ƒe ɖetsɔleme wòdi be yeasrɔ̃ nu tso Yesu ŋu vɔ la, ke tsɔ agbalẽa nɛ. Hafi nàdzo la, xlẽ Yohanes 17:3 eye nàbia be, “Aleke míawɔ be sidzedze sia si kplɔa ame yia agbe mavɔ me nasu mía si?” Wɔ ɖoɖo be nàtrɔ ayi aɖaɖo biabiaa ŋu.
4 Ne ètrɔ yi be yeaɖe alesi woawɔ be sidzedze si naa agbe nasu ame si me la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Medo ŋugbe va yi be matrɔ ava ava ɖe alesi woawɔ be sidzedze si kplɔa ame yia agbe mavɔ me nasu ame si me na wò.” Tsɔ Sidzedze-gbalẽa nɛ, eye nàtsɔ ta gbãtɔa awɔ alesi míewɔa nusɔsrɔ̃e fia.
5 Ne “Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee” ƒe agbalẽae nèdi be yeana la, àte ŋu abia be:
◼ “Esi subɔsubɔhawo sɔ gbɔ alea gbegbe egbea ɖe, èbu alesi míawɔ anya esi dzi Mawu da asi ɖo ŋu kpɔa?” Ne eɖo eŋu vɔ la, ʋu Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee ƒe agbalẽa ƒe axa 377. He susu yi nyati 7 lia dzi, eye nàbia aƒemenɔla la be elɔ̃ be ele be subɔsubɔha vavãtɔ nate ameƒomea me tɔwo katã ƒo ƒui hã. Mixlẽ mawunyakpukpui siwo woyɔ dometɔ ɖeka, eye ne ɣeyiɣi li la, midzro nya bubu siwo woɖo ɖe afima me. Tsɔ agbalẽa nɛ azɔ. Ne èle dzodzom la, àte ŋu abia be, “Dɔ kae wòle be subɔsubɔha vavãtɔ nawɔ ɖe ame ƒe agbenɔnɔ dzi?” Wɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava ava ɖo biabiaa ŋu.
6 Ne ètrɔ yi be yeaɖe alesi subɔsubɔha vavãtɔ wɔa dɔ ɖe ame ƒe agbenɔnɔ dzi me la, àte ŋu abia be:
◼ “Dɔ kae nèsusu be ele be mawusubɔsubɔ nawɔ ɖe ame ƒe agbenɔnɔ dzi? [Na wòaɖo eŋu.] Kristo na dzidzenu si wòle be míatsɔ adzidze subɔsubɔhae mí.” Xlẽ Mateo 7:17-20 tẽ le Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee gbalẽa ƒe axa 12. Emegbe nàna aƒemenɔla la naxlẽ memamã 20 lia le axa 13-14. Ne ɣeyiɣi li la, midzro memamã 25-9 me le axa 16-18. Ðewohĩ esia ana miadze nusɔsrɔ̃ gɔme le Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la me loo alo Sidzedze-gbalẽa me.
7 Dzeɖoɖo Gɔmedzenyawo: Nya geɖe siwo kpena ɖe ame ŋu le nufiafia me la le Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee ƒe agbalẽa me siwo míate ŋu azã atsɔ adze dzeɖoɖo gɔme le yiyi zi gbãtɔ me loo alo ne míetrɔ yi. Biabia si sɔ koe nàbia atsɔ adze dzeɖoɖo gɔmee. Le kpɔɖeŋu me, de dzesi biabia kple tanya siawo kpakple axa si dzi wodzro wo me le:
“Nyabiabia Siwo Hiã Ŋuɖoɖo” —axa 17-18.
“Glimemee Yesu Nyea?” —axa 237.
“Amekae Ŋlɔ Biblia La?” —axa 241.
“Qur’ān Kple Biblia La” —axa 285.
“Biblia ƒe Nyateƒenyenye Ŋuti Ðaseɖiɖiwo” —axa 340-1.
“Yehowa Ðasefowo ƒe Dzixɔsewo” —axa 356-7.
“Si Dzedze Subɔsubɔha Vavãtɔ” —axa 377.
8 Àte ŋu aʋu Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee ƒe agbalẽa ƒe axa siwo woyɔ eye nàɖe nya vevi si ŋu wole nu ƒom tsoe me. Emegbe nàbia nya aɖe si do ƒome kple nyatia si ƒe ŋuɖoɖo miate ŋu akpɔ le Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la alo Sidzedze-gbalẽa me atsɔ ata mɔ na tɔtrɔyiwɔwɔ. Ðo ŋku edzi nàkpe aƒemenɔla la bene wòava Dutoƒo Kpekpea.
9 Ameƒomeviwo katã siwo nye dzianukwaretɔwo le Mawu kple Kristo ŋuti nyateƒea dim. Míate ŋu akpe ɖe wo ŋu le míaƒe ɖaseɖiɖidɔa me. Eyata, mina míayi edzi ‘adze agbagba, eye míaʋli mía ɖokui sesĩe, elabena míetsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo Mawu gbagbe, si nye ameƒomeviwo katã Xɔla la dzi.’—Tim. I, 4:10.