INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/98 axa 1
  • Sɔhɛwo—Miwɔ Miaƒe Sukudeɣi Ŋudɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Sɔhɛwo—Miwɔ Miaƒe Sukudeɣi Ŋudɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Èle Dzadzraɖoɖi Na Suku Gɔme Dzedzea?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Na Sukudede Naɖe Vi na Wò Bliboe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Xexeame Katã ƒe Suku Kpɔdzidzedze aɖe
    Nyɔ!—1996
  • Nu Vevi Siwo Hiã na Hehe Nyui Xɔxɔ
    Nyɔ!—1996
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
km 8/98 axa 1

Sɔhɛwo—Miwɔ Miaƒe Sukudeɣi Ŋudɔ

1 Aleke nèsena le ɖokuiwò me ɖe tɔtrɔ ayi suku le mɔkekea megbe ŋuti? Ðe nèle didim vevie be sukuƒe yeyea naɖe vi na yea? Ðe nàwɔ mɔnu ɖesiaɖe si nàkpɔ le suku ŋudɔ atsɔ agblɔ nyanyuia na wò sukuxɔmehatiwo kple nufialawoa? Míeka ɖe edzi be àwɔ tɔwò sinua le suku.

2 Nye Nusrɔ̃la Nyui: Ne èdzra ɖo nyuie hafi yi nuawo srɔ̃ƒe eye nèɖo to nyuie la, àkpɔ viɖe mavɔwo. Do vevie nu le dɔdasi siwo wona mi be miawɔ le aƒeme la wɔwɔ me, gake mègaɖe mɔ wò sukudɔ nado kplamatse wò teokrasidɔwo o.—Fil. 1:10.

3 Tsɔ Yehowa Ðasefowo Kple Sukudede ƒe agbalẽ gbadza la xexlẽ dze sukuƒe yeyea gɔmee. Emegbe la, wò ŋutɔ alo dziwòlawo natsɔ ɖeka na miaƒe nufialawo dometɔ ɖesiaɖe. Na woanya be woaɖo biabia ɖesiaɖe si anɔ wo si la ŋuti na wo. Esia akpe ɖe wo ŋu woase wò gɔmeɖosewo kple dzixɔsewo gɔme nyuie eye woawɔ nu aduadu kple wò ne èle nusi wofia wò dzi wɔm. Azɔ ana kakaɖedzi miaƒe nufialawo be mia kple dziwòlawo miedi be yewoawɔ ɖeka kple yewo esi yewole kpekpem ɖe ŋuwò be nufiame xɔasiwo nasu asiwò.

4 Nye Ðasefo Nyui: Nukata màtsɔ suku abe wò anyigbamamã ene hena vomeɖaseɖiɖi o? Le sukuƒe si gbɔna me la, gbeƒãɖeɖe mɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo aʋu ɖi na wò. Gbɔgbɔ me sidzedze wɔnuku si ne ègblɔe na amewo ate ŋu ‘axɔ wò kple amesiwo ɖoa to wò la, ɖe agbe’ la le asiwò. (Tim. I, 4:16) Ne ènɔa Kristotɔwo ƒe agbe nyui si nye kpɔɖeŋu eye nèɖia vomeɖase le ɣeɣiyi ɖesiaɖe si sɔ me la, aɖe vi na wò ŋutɔ kple ame bubuwo siaa.

5 Nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe ɖi vomeɖase na ehati sukuviwo le suku. Amesiwo xɔ nya la nyuie la dometɔ ɖeka nye Katolikotɔ, ɖeka nye mawudzimaxɔsela si ɖua fewu le amesiwo xɔ Mawu dzi se ŋuti, eye ɖeka nye sɔhɛ atamatsunola kple ahatsunola. Ne míaƒo wo katã nu ƒu la, nɔvi sɔhɛ sia kpe ɖe ehati 15 ŋuti woɖe adzɔgbe xɔ nyɔnyrɔ.

6 Eyata sɔhɛwo, mido vevie nusɔsrɔ̃ kple dɔwɔwɔ le miaƒe ɖaseɖinyigbamamã tɔxɛa me. Ekema miakpɔ viɖe gãtɔ kekeake tso sukudede me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe