INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/09 axa 2
  • Èle Dzadzraɖoɖi Na Suku Gɔme Dzedzea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èle Dzadzraɖoɖi Na Suku Gɔme Dzedzea?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Viwòwo Le Dzadzraɖoɖia?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Sɔhɛwo—Miwɔ Miaƒe Sukudeɣi Ŋudɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Mègahe Ðe Megbe O
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Ðaseɖiɖi Tsea Ku le Aƒeme Kple Suku Siaa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
km 8/09 axa 2

Èle Dzadzraɖoɖi Na Suku Gɔme Dzedzea?

1. Mɔnukpɔkpɔ kawoe le ʋuʋu ɖi na wò ne miedze suku gɔme?

1 Eɖanye fifiae nye zi gbãtɔ si nàdze suku gɔme alo miexɔ mɔkeke eye nèle dzadzraɖo wɔm hena suku gɔme dzedze ake o, nyaƒoɖeamenu kple kuxi yeyewo dzea ŋgɔ mi Kristotɔ sɔhɛwo. Ke hã, mɔnukpɔkpɔ yeyewo hã gaʋu ɖi na mi be ‘miaɖi ɖase na nyateƒe la.’ (Yoh. 18:37) Ðe nèdzra ɖo nyuie hele klalo na ɖaseɖiɖia?

2. Dzadzraɖo kawoe nèwɔ hena suku gɔme dzedze?

2 Yehowa, dziwòlawo, kple kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela la, na hehe geɖe wò be nàte ŋu akpɔ dzidzedze le wò agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa. (Lod. 1:8; 6:20; 23:23-25; Ef. 6:1-4; 2 Tim. 3:16, 17) Ðikeke manɔmee la, kuxi siwo adze ŋgɔ wò le suku la le nyanya na wò xoxo. Hehe si nèxɔ tso nu siwo Mawu di tso mía si ŋu kpakple nɔnɔme siwo ate ŋu adze ŋgɔ wò le suku nyanya akpe ɖe ŋuwò be nàdzra ɖo aɖi ɖase. (Lod. 22:3) De ŋugble tso Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋuɖoɖo kple nufiame nyui siwo le Young People Ask (Les jeunes s’interrogent) gbalẽa ƒe babla evea siaa me kpakple sɔhɛwo ƒe nyati siwo dzena le Nyɔ! me edziedzi la ŋu nyuie.

3. Mɔ kawo dzie nàte ŋu ato aɖi ɖase?

3 Wò anyigbamama tɔxɛa ana mɔnukpɔkpɔ wò be nàɖi ɖase le mɔ vovovowo nu. Ne ame bubuwo kpɔ kpɔɖeŋu nyui siwo nèɖona le awudodo, dzadzraɖo, agbenɔnɔ, kple nuƒoƒo me, kple ale si nèdea bubu wò sukuxɔmehatiwo kple nufialawo ŋu, kpakple ale si nèwɔa dɔ nyui le suku gɔ̃ hã, eye wode dzesii be gɔmeɖose nyuiwo fiaa mɔ wò agbenɔnɔ la, wo dometɔ aɖewo ate ŋu abia wò be, “Nu kae wɔe be wò ya nèto vovo alea?” (Mal. 3:18; Yoh. 15:19) Esia ana mɔnukpɔkpɔ nasu asiwò be nàɖi ɖase ahaɖe nu siwo na be nèto vovo la me. (1 Tim. 2:9, 10) Ate ŋu adzɔ be dulɔlɔ̃ ƒe kɔnuwɔwɔwo kpakple ŋkekenyui siwo amewo ɖuna ana nàdo go kuxi aɖewo le ƒea me. Ne wobia wò be nu ka tae mèkpɔa gome le nu siawo me o la, ɖe nàɖo eŋu ko be, “Etsi tsitre ɖe nye dzixɔsewo ŋu,” alo, “Yehowa Ðasefoe menye” loo, alo ɖe nàzã mɔnukpɔkpɔa atsɔ aɖi ɖase tso Yehowa, Fofowò si le dziƒo, si lɔ̃ wò vevie la ŋua? Dzadzraɖo nyui wɔwɔ le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me ana nànɔ klalo aɖi ɖase na wò sukuhatiwo, nufialawo, kple ame bubuwo nyuie.—1 Pet. 3:15.

4. Nu ka tae kakaɖedzi le asiwò be nuwo adze edzi na wò nyuie le sukuƒea me?

4 Togbɔ be ànɔ vɔvɔ̃m vie na suku gɔme dzedze hã la, nyae be ame geɖewo le megbe na wò eye wodi be nàkpɔ dzidzedze le wò sukudeƒeawo me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míele dzidzɔ kpɔm kpli wò le mɔnukpɔkpɔ si su asiwò be nàɖi ɖase le wò anyigbamama tɔxɛa me la ta. Eya ta dzi nenɔ ƒowò eye nàdzra ɖo ɖe sukua gɔme dzedze ŋu!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe