Ðe Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ ƒe Mɔnu Ʋu na Wò Azɔa?
TAÐODZINU: GBESIAGBE MƆÐELA 5,000!
1 Míaƒe ƒe 1999 ƒea ƒe mawunyakpukpuia ɖo ŋku edzi na mí be míegakpɔtɔ le Yehowa ƒe “xɔxɔgbe” la me. (Kor. II, 6:2) Gake eƒe xɔxɔgbea awu enu kpuie. Ekema eƒe “ʋɔnudrɔ̃gbe” la adze egɔme. (Pet. II, 2:9) Dzidzɔ ka gbegbee nye esi be míakpɔ ame geɖe siwo le dzidzim ɖe edzi ɖaa woanɔ tɔtrɔm ɖe agbetsitsi ƒe mɔnu si Yehowa na wòle ʋuʋu ɖi la ŋu!
2 Yehowa ƒe amewo tsɔ wo ɖokui na be yewoaɖo amesiwo alɔ̃ ase nyaa gbɔ hafi wòava tsi megbe akpa. Le Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe gome la, esia bia be woage ɖe mɔɖeɖedɔa me. Ðe mɔɖeɖedɔa ƒe mɔnu ʋu na wò azɔa? Nukata míebia ɖo?
3 Woɖe Ŋudzedzekpɔkpɔ Fia: Abe alesi woɖe gbeƒãe le January 1999 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ mee ene la, woɖe gbesiagbe kple kpekpeɖeŋu mɔɖelawo siaa ƒe gaƒoƒonudidia dzi. Be woaɖo nudidi yeyea gbɔ la, ehiã be gbesiagbe mɔɖelawo nazã gaƒoƒo 70 le gbeadzi dzinu sia dzinu be woakpɔ gaƒoƒo 840 le subɔsubɔƒe ɖesiaɖe me. Kpekpeɖeŋu mɔɖelawo azã gaƒoƒo 50 le gbeadzi dzinu sia dzinu. Ŋudzedzekpɔkpɔ geɖe si woɖe gblɔ le tɔtrɔ siwo wowɔ ŋu siwo míexɔ dometɔ ʋɛ aɖewoe nye esi:
“Ðoɖo nyui kae nye esi tso míaƒe Dziƒofofo la gbɔ!”
“Dzidzɔ, lɔlɔ̃, kple akpedada si yɔ menye ɖe ɖoɖo sia ŋu la wu gbɔgblɔ!”
“Ana be zɔzɔ ɖe míaƒe ɖoɖowɔɖiwo dzi nanɔ bɔbɔe wu kura!”
“Enye míaƒe gbedodoɖa be ame geɖe nage ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me ne woase vivi le yayra siwo tsoa Yehowa subɔsubɔ le mɔ si lolo wu nu me.”
4 Esi míele Mawu ƒe xɔxɔgbea ƒe nuwuwu gogom la, edze ƒã be Yehowa di be yeƒe amewo ƒe gbe nade dzi ne woakafu ye sesĩe zi mamlɛtɔ. Nusiwo na gbedasia gakeke ta eye enu gasẽ ɖe edzie nye (1) Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ si le dzidzim ɖe edzi ɖaa kple (2) alesi amesiame le agbagba dzem be yeadzi yeƒe ŋutete ɖe edzi le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me. Yehowa, amesi ‘naa nuwo tsina’ la na wokpɔ dzidzedze le go evea siaa me esi wòyra ɖe lɔlɔ̃nu faa ƒe gbɔgbɔ si le amesiwo katã kpɔ xɔxɔ la dzi.—Kor. I, 3:6, 7; Ps. 110:3.
5 Eƒe Taɖodzinu Nagabu ɖe Mi O: Yehowa ƒe xɔxɔgbe la ŋue Paulo xlɔ̃ nu hati Kristotɔwo le be: ‘Esi míenye Yehowa ƒe hadɔwɔlawo ŋuti la, míele nu xlɔ̃m mi hã bena, miagaxɔ Mawu ƒe amenuveve la ahabu eƒe taɖodzinu o.’ Ne míekpɔe be fifiae nye ‘ɣeyiɣi si sɔ wu’ be míawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ aɖe amewo ƒe agbe la, ekema ‘míabu eƒe taɖodzinu la o.’ (Kor. II, 6:1, 2) Paulo ƒe nyawo hiã kpata fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe. Kristotɔ siwo ɖenɛ fiana be yewolɔ̃ Yehowa tso dzi me la bunɛ be enye mɔnukpɔkpɔ be yewoawɔ nusianu si yewoate ŋui le subɔsubɔdɔ si wòtsɔ de yewo si la me. Ðe nàte ŋu azu gbesiagbe mɔɖela awɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me azɔa?
6 Enye Taɖodzinu si Gbɔ Anya Ðo: Le Ghana la, enye míaƒe taɖodzinu be kaka September 1 naɖo la, míakpɔ gbesiagbe mɔɖela 5,000. Míexɔe se be taɖodzinu sia mekɔkɔ akpa o eye míate ŋu aɖo egbɔ. Nukae na kakaɖedzi le mía si alea? Míekpɔ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu 5,759 wowɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le March 1997 me, eye amesiwo de 4,800 kloe wɔe le April 1998 me. Wo dometɔ akpa gãtɔ bu gaƒoƒo 60 ƒe akɔnta—gaƒoƒo 10 koe susɔ ne wòade gbesiagbe mɔɖelawo ƒe nudidi yeyea nu! Ne eganye amesiwo wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa dometɔ 750 koe adze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme hafi subɔsubɔƒe sia nawu enu hã la, míate ŋu adze September gɔme kple gbesiagbe mɔɖela 5,000 alo esi wu nenema!
7 Ðoɖowɔɖi Hiã: Ðe wògadze abe gaƒoƒo 70 kpɔkpɔ le dzinu ɖeka me manya wɔ na wò o kokokoa? Ðewohĩ ne èbu eŋu be yehiã gaƒoƒo 17 le kwasiɖa ɖeka me la, akpe ɖe ŋuwò. Dze agbagba nàzã kpɔɖeŋu ɖoɖowɔɖi si le axa si kplɔe ɖo nàtsɔ atrɔ asi le gbesiagbe mɔɖeɖedɔa ƒe ɖoɖowɔɖi si asɔ ɖe wò nɔnɔmewo nu ŋu. Ne èle ɖoɖoa wɔm la, ƒo nu kple mɔɖela kpɔnuteƒewo ne woaɖo aɖaŋu na wò ahafia alesi wowɔna dana sɔna le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ kple ƒomegbanɔamedziwo tsɔtsɔ me la wò. Bia miaƒe nutome sue dzikpɔla ne wòagblɔ alesi mɔɖela siwo le miaƒe nutome suea me wɔa ɖoɖo ɖe gbeadziyiyi ŋu le kwasiɖa ɖesiaɖe me na wò. Eye nàkpɔ Yehowa sinu be wòayra ɖe ɖoɖo si nèwɔ be yeawɔ mɔɖeɖedɔa dzi.—Lod. 16:3.
8 Ƒome Bliboa Newɔ Ðoɖo ɖe Eŋu: Mibu ƒome bliboa ƒe ɖoɖowɔwɔ ɖe mɔɖeɖedɔa ŋu kpɔa? Ƒome bliboa ate ŋu anɔ anyi adzro nu me akpɔ alesi—ne miewɔ ɖoɖo nyui hekpe ɖe mia nɔewo ŋu la—ƒomea me tɔ ɖeka alo eve ate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa. Eme kɔ be ne ame aɖewo lé ŋku ɖe woƒe nɔnɔmewo ŋu le anukwareɖiɖi me la, woakpɔ be gbesiagbe mɔɖeɖedɔa manya wɔ na yewo fifia o. Ne ele nenema la, ke wɔ mɔɖeɖedɔa wò etsɔme taɖodzinui. Gake dze ɖoɖowɔwɔ gɔme be nàɖo ŋkeke aɖe koŋ ɖi hena mɔɖeɖedɔa gɔmedzedze. Ðewohĩ àte ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa zi geɖe le ƒea me be vivivi la, nàte ŋu aɖo gbesiagbe mɔɖela ƒe taɖodzinua gbɔ.
9 Gbesiagbe mɔɖela siwo wu 4,200 siwo le Ghana la ƒe nɔnɔmewo le vovovo. Menye wo katãe le lãmesẽ me o, eye ƒome kple gakuxiwo le wo dometɔ akpa gãtɔ dzi. Mɔɖela aɖewo xɔ wu ƒe 50, eye wo dometɔ ʋɛ aɖewo xɔ wu ƒe 65. Wo dometɔ geɖe nye trewo, eye ame aɖewo xɔ ƒe 20 alo esi mede nenema o. Mɔɖela ɖeka le ene ɖesiaɖe me nye nɔviŋutsu eye ƒome kple hamea me gbanɔamedziwo le wo dometɔ geɖe dzi. Amesiawo katã ‘ƒlea ɣeyiɣi’ hena mɔɖeɖedɔa wɔwɔ, eye zi geɖe la, ebia be woanɔ agbe si bɔbɔ ɖe anyi wu gake wokpɔa ŋudzedze ɖe eŋu.—Kol. 4:5.
10 Ðe Wòhiã Be Nànɔ Agbe si Bɔbɔ Ðe Anyi Wua? Ne ènɔ agbe si bɔbɔ ɖe anyi wu la, ate ŋu aʋu mɔ na wò be nadze mɔɖeɖedɔa gɔme. Ðe wò agbe le abe aƒe gã si me xɔ kple zikpui geɖe siwo mehiã o le siwo ŋu wòhiã be woazã ɣeyiɣi kple ga geɖe ɖo enea? Ne ele nenema la, ke ne ètrɔ ɖe agbe si bɔbɔ ɖe anyi wu ŋu la, ana nàte ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa. Ðe nàte ŋu aɖe ɣeyiɣi si nèzãna le ŋutilãmedɔ me dzi akpɔtɔa? Àte ŋu aƒle ɣeyiɣi tso dɔwɔna siwo mehiã o me alo ada asɔ wu le ɣeyiɣi didime si nèzãna ɖe modzakaɖeɖe ŋu mea?
11 Biblia xlɔ̃ nu mí le Timoteo I, 6:8 be: “Ke ne nunyiame kple avɔtata le mía si la, mina nusiawo nasɔ gbɔ na mí.” Nu ʋɛ siwo míabu be wosɔ gbɔ na mí nye nu vevi si ana míawɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me eye enaa wònɔa bɔbɔe wu be míatsɔ gbɔgbɔmenuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ. (Mat. 6:22, 33) Le nyatakaka si wona tso Japan ŋu le 1998 Yearbook ƒe axa 104 me la, wogblɔ susu geɖe siwo na mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe gbɔgbɔ nyui le dukɔ ma me ɖo. Bu ɖeka ŋu kpɔ: “Japantɔ akpa gãtɔ ƒe aƒewo nɔa sue, eyata aƒeawo me dzadzra ɖo mexɔa ɣeyiɣi geɖe o, eye wo dometɔ akpa gãtɔ nɔa agbe si bɔbɔ ɖe anyi.” Ðe menye emae Timoteo I, 6:8 fia oa?
12 Le xexeame godoo la, Mawu subɔlawo tsɔ ŋkubiã le nyanyuia gblɔm hafi Yehowa ƒe xɔxɔgbe la nava nuwuwu. Enye nusi dze na kafukafu be le ƒe si va yi me la, amesiwo ade 700,000 le mama dedie nu wɔ mɔɖeɖedɔa ƒomevi aɖe dzinu sia dzinu. Àte ŋu awɔ tɔtrɔ le wò agbe me be nàva nye wo dometɔ ɖeka? Míele kpewòm be nàbu wò nɔnɔmewo ŋu nyuie le gbedodoɖa me atsɔ aɖo biabia si nye, “Ðe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe mɔnu ʋu na wò azɔa?” ŋui.
[Blurb on page 3]
GOAL: 90,000 REGULAR PIONEERS!
[Box on page 4]
Gbesiagbe Mɔɖela ƒe Kpɔɖeŋu Ðoɖowɔɖiwo
Gaƒoƒo si hiã le kwasiɖa ɖeka me: 17 hours a week
Ŋkeke Ðeka Kple Kwasiɖanuwuwu
Ŋkeke Gaƒoƒo
Fiɖa 8
Memleɖa 6
Kwasiɖa 3
Gaƒoƒoa Katã: 17
Ŋkeke Eve Kple Memleɖa
Ŋkeke Gaƒoƒo
Braɖa 7
Yawoɖa 7
Memleɖa 3
Gaƒoƒoa Katã: 17
Ŋkeke Etɔ̃ Kple Kwasiɖagbe
Ŋkeke Gaƒoƒo
Monday 5
Kuɖa 5
Fiɖa 5
Kwasiɖa 2
Total Hours: 17
Fiẽsi Eve Kple Kwasiɖanuwuwu
Ŋkeke Gaƒoƒo
Dzoɖa 3
Kuɖa 3
Memleɖa 8
Kwasiɖa 3
Gaƒoƒoa Katã: 17
Wɔ Wò Ŋutɔ Wò Gbesiagbe Mɔɖeɖedɔa ƒe Ðoɖowɔɖi
Ŋkeke Gaƒoƒo
Dzoɖa
Braɖa
Kuɖa
Yawoɖa
Fiɖa
Memleɖa
Kwasiɖa
Gaƒoƒoa Katã: 17