INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/99 axa 5-6
  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Tanya Suewo
  • Tsɔ ŋɔŋlɔ siwo gbɔna la sɔ kple nyagbɔgblɔ siwo le ete:
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
km 8/99 axa 5-6

Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ

Agbalẽ maʋumaʋu ƒe dodokpɔ le May 3 vaseɖe August 23, 1999 ƒe kwasiɖawo ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Suku me dɔdasiwo me nyawo ŋu. Ðo biabia alesinu nàte ŋui la ŋu le ɣeyiɣi si wona me ɖe agbalẽ ɖeɖee dzi.

[De dzesii: Le nuŋɔŋlɔ ƒe dodokpɔa me la, Biblia koe woate ŋu azã atsɔ aɖo biabia ɖesiaɖe ŋui. Wò ŋutɔ wò numekukuwɔwɔ tae wofia asi agbalẽ siwo le biabiawo yome ɖo. Menye Gbetakpɔxɔ siwo katã wofia asii la ƒe axa kple memamãe woyɔ o.]

Ðo nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe ŋu be Nyateƒee alo Aʋatsoe:

1. Mehiã be dzilawo nadzudzɔ Biblia ƒe gɔmeɖose si bia nuwɔwɔ kple wo viwo le nugɔmesese me dzi wɔwɔ o. [fy-EW axa 108 mm. 14].

2. Biblia bliboa ƒe tanyae nye Yehowa ta ʋiʋli to Fiaɖuƒe si me ‘ŋugbedodovi’ la aɖu fia le la dzi. (Mose I, 3:15) [si axa 17 mm. 30]

3. Tomenukuku kple ɖaseɖiɖi bubu siwo metso ŋɔŋlɔawo me o ʋee aɖewo koe li siwo ɖo kpe edzi be Mose ƒe Agbalẽ Evelia de pɛpɛpɛ. [si axa 20 mm. 4]

4. Hiãtɔ kolikoliwo mate ŋu akpɔ ga adzɔ nu atsɔ ado alɔ Fiaɖuƒedɔwoe o. [w97-EW 9/15 axa 5 mm. 8]

5. Enye subɔsubɔ si tsɔm míele na Yehowa ƒe akpa aɖe be míaɖo eteƒe na mía dzilawo kpakple mía tɔgbuiwo kple mamawo alesi dze. (Tim. I, 5:4) [w97-EW 9/1 axa 4 mm. 1-2]

6. Tso gɔmedzedzea me la, Sabat-ɖuɖu nye dzesi nɔ Yehowa kple dukɔwo katã dome. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ rs axa 345 mm. 3.]

7. Ne ɖevi tsi ɖo afisi wòadze nyametsotsowo wɔwɔ gɔme le la, eƒe nuwɔnawo ƒe agba geɖe wu va nɔa eyama dzi, vevietɔ le Mawu ƒe sewo gome. (Rom. 14:12) [fy-EW axa 134 mm. 17]

8. Mose ŋlɔ Mose ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me. [si axa 25 mm. 3-4]

9. Yesu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Luka 21:20, 21 la va eme le ƒe 66 M.Ŋ. me esime Roma-srafo siwo nɔ Aʋafia Titus ƒe kpɔkplɔ te la trɔ dzo le Yerusalem. [w97-EW 4/1 axa 5 mm. 3-4]

10. Epikuro ƒe nufiafia nye afɔku na Kristotɔwo elabena alesi mexɔ etsɔme mɔkpɔkpɔ dzi se o, esi ŋu woƒo nu tsoe le Korintotɔwo I, 15:32 dzie wòtui ɖo. [w97-EW 11/1 axa 24 mm. 5]

Ðo nyabiabia siwo gbɔna ŋu:

11. Nukae míesrɔ̃ tso se si wode ɖe lã ƒe ami ɖuɖu nu si woŋlɔ ɖe Mose III, 3:17 me? [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w84-EW 2/1 axa 9 mm. 9 (w84 2/15 axa 29 mm. 2.)]

12. Nukatae Yehowa ɖe mɔ Satana Abosam li ɖo? (Mose II, 9:15, 16) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w92-EW 3/15 axa 10 mm. 14.]

13. Ne dɔ sesẽ aɖe dze ƒomea me tɔ aɖe dzi la, afɔ kawoe wòle be ƒomea naɖe gbã kple susu be woanya nu vevi siwo woawɔ? (Lod. 15:22) [fy-EW axa 122 mm. 14]

14. Gɔmesese ka nue Israel-dukɔa nye “nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe” le? (Mose II, 19:6) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w95-EW 7/1 axa 16 mm. 8.]

15. Vovototo kae le ŋku si “dza” kple esi nye “vɔ̃” dome? (Mat. 6:22, 23) [w97-EW 10/1 axa 26 mm. 5]

16. Aleke wɔ wogblɔ le Dawid ŋu be ezɔ “le dzimekɔkɔ kple dzɔdzɔenyenye me” evɔ eda vo geɖe? (Fia. I, 9:4) [w97-EW 5/1 axa 5 mm. 2]

17. Egbeŋkekea me mɔnukpɔkpɔ kawoe alesi Israel-viwo wɔ nu “pɛpɛpɛ” le avɔgbadɔa tutu me nye vɔvɔli na? (Mose II, 39:32) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w95-EW 12/15 axa 13 mm. 9.]

18. Nukae wòfia esi Yehowa ɖe eɖokui fia be yenye ‘Maɖee afia be nusi manye lae manye’? (Mose II, 3:14) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w95-EW 3/1 axa 10 mm. 6.]

19. Nufiame kae le Nadab kple Abihu ƒe nya si dzɔ woŋlɔ ɖe Mose III, 10:1, 2 me? [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w84-EW 2/1 axa 10 mm. 1 (w84 2/15 axa 29 mm. 3.)]

20. Le Mose ƒe Sea te la, nukatae vidzidzi wɔe be nyɔnu ‘ŋu mekɔ o’? (Mose III, 12:2, 5) [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w84-EW 2/1 axa 10 mm. 3 (w84 2/15 axa 29 mm. 5.)]

Ŋlɔ nya alo nyagbe siwo hiã be wòakpe nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe ɖo:

21. Togbɔ be naneke meli si ɖea akogotsitsi ɖa zi ɖeka o hã la, dzila ɖekɛ ate ŋu anɔ te ɖe enu le․․․․․․․․ ƒe ŋusẽ si wokpɔna to․․․․․․․․ madzudzɔmadzudzɔe dzi me. (Tim. I, 5:5) [fy-EW axa 112 mm. 21]

22. Nublanuinya si adzɔ ɖe ame dzi le agbe me ate ŋu anye․․․․․․․․ alo mía ŋutɔwo ƒe․․․․․․․․ gbɔe wòatso. [w97-EW 5/15 axa 22 mm. 7]

23. Mose ƒe Agbalẽ Evelia ɖe Yehowa fia be enye․․․․․․․․ gã kple․․․․․․․․ kpakple eƒe tameɖoɖo nyuiwo․․․․․․․․ . [si axa 24 mm. 26]

24. Alesi míewɔa nu le․․․․․․․․ ɖea amesi ƒomevi míenye le ememe ŋutɔŋutɔ fiana, menye esi míewɔna le․․․․․․․․ ye o. [w97-EW 10/15 axa 29 mm. 4]

25. Ne․․․․․․․․ alo․․․․․․․․ nuwɔnawo le nuŋeŋezãwo me la, Kristotɔ vavãwo agbe be․․․․․․․․ tadedeagu si woƒo ɖii me bene woagawɔ nusi madze Yehowa ŋu o. [w97-EW 9/15 axa 9 mm. 6]

Tia ŋuɖoɖo si sɔ le nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe me:

26. “Ƒe alafa ene” si woatsɔ awɔ fu Abraham ƒe dzidzimeviwo la dze egɔme tso esime Ismael ɖu fewu le Isak ŋu le ƒe (1943; 1919; 1913) D.M.Ŋ. eye wòwu enu esime woɖe wo tso Egipte le ƒe (1543; 1519; 1513) D.M.Ŋ. me. (Mose I, 15:13) [si axa 17 mm. 31]

27. Ne ƒome ate ŋu anɔ te ɖe dɔléle sesẽ nu alo mate ŋui o la, eƒe akpa gã aɖe nɔa te ɖe (ga sɔgbɔ; nɔnɔme; nugblẽfexexe ƒe ɖoɖo) si le eme tɔwo si dzi. (Lod. 17:22) [fy-EW axa 120 mm. 10]

28. Woyɔ amesi gblɔ le eƒe dzi me be “Mawu aɖeke meli o” la be “abunetɔ” elabena (kpɔtsotso le eƒe agbenɔnɔ ŋu; menya agbalẽ o; tamebubu ƒe ŋutete mele esi o). (Ps. 14:1) [w97-EW 10/1 axa 6 mm. 8]

29. Esi Adam kple Xawa dze aglã la, nu vevitɔ kekeake si gbɔ woƒe dzidzɔkpɔkpɔ tsona si wobu lae nye (blibodede; wo kple Mawu dome ƒomedodo; abɔ si nye woƒe aƒe). [w97-EW 10/15 axa 6 mm. 2]

30. (Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ; Mose ƒe Agbalẽ Evelia; Mose ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia) ƒo nu edziedzi tso alesi wòhiã be woanɔ kɔkɔe ŋu wu Biblia-gbalẽ bubu ɖesiaɖe. [si axa 26 mm. 9]

Tsɔ ŋɔŋlɔ siwo gbɔna la sɔ kple nyagbɔgblɔ siwo le ete:

Mose II, 5:2; Mose II, 21:29; Lod. 1:8; Gal. 5:20; Yak. 1:14, 15

31. Woate ŋu aɖe amesi gblɔna be Kristotɔe yenye evɔ wòlɔ̃a dɔmedzoe tsɔtsɔ wɔ nui hegbe dzimetɔtrɔ, eye wòƒoa ƒomea me tɔwo la le hamea me. [fy-EW axa 150 mm. 23]

32. Alesi míewɔa nui dzea egɔme tsoa alesi míebua tamee dzi. [fy-EW axa 148 mm. 18]

33. Yehowa Mawu doa ŋukpe amesiwo katã tsɔa dzimesesẽ gbea bubudede eƒe Mawunyenye ŋu. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w92-EW 12/15 axa 13 mm. 18.]

34. Togbɔ be vifofo koŋue Biblia de dɔ asi na be wòafia nu ɖeviawo hã la, akpa vevi aɖe li vidada hã nawɔ. [fy-EW axa 133 mm. 12]

35. Sea meɖe mɔ be ne ame aɖe wu ame le ŋumaɖɔɖo me la, woakpɔ nublanui nɛ o. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w95-EW 11/15 axa 11 mm. 5.]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe