INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 4/1 axa 4-8
  • Ŋkeke Mamlɛawoe Nye Siawo Nyateƒea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋkeke Mamlɛawoe Nye Siawo Nyateƒea?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yesu Yomedzelawo Bia Nya si Ŋu Gɔmesese Le
  • Yerusalem ƒe Tsɔtsrɔ̃
  • Aʋawɔwɔ Le Ŋkeke Mamlɛawo Me
  • Dzesia ƒe Akpa Bubuwo
  • Ðe Míaƒe Dzidzimea Nye Esi ƒe Nya Wogblɔ Ðia?
  • Nyanyui
  • “Ŋkeke Mamlɛawo” Mee Míele Nyateƒea?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Alesi Mi̇́ewɔ Nya Be “Ŋkeke Mamleawo” Mee Míele
    Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?
  • “Ŋkeke Mamleawo” Kple Fiaɖuƒe La
    “Wò Fiaɖuƒe Nava”
  • ‘Nukae Anye Wò Anyinɔnɔ Ƒe Dzesi?’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 4/1 axa 4-8

Ŋkeke Mamlɛawoe Nye Siawo Nyateƒea?

ÈLE tɔdziʋu aɖe si le tɔ dzeagbo aɖe dzi tom me. Agakpe gã nyadriwo nu nɔ dzedzem to futukpɔ kple tsitsotsoewo me. Èdze agbagba be yeaku ʋua ade axa wo. Ele be amesi le megbewò hã naku ʋua sesĩe, gake menya ekuku tututu o. Esi gavɔ̃ɖi wu kurae nye be anyigbanɔnɔmetata mele mia si o, eyata mienya ne tɔsisia akplɔ mi ɖe nu aɖo ta tsi dzeakɔnyi aɖe me loo alo aɖo tsitsetse me o.

Menye nudzɔdzɔ dodzidzɔnamee nye sia o ɖe, alo? Eyata na míaɖe asi le nya sia ŋu. Tsɔe be mɔfiala si nya ʋukuku nyuie, amesi nya afisi agakpewo le le tɔsisia me eye wònya tɔsisia ƒe akpa sia akpa ye le ŋuwò. Enya do ŋgɔ be tsitsotsoeawo nɔ yewo gogom kple afisi wòakplɔ yewo ayii eye wònya alesi wòaku ʋua ato emee dedie. Ðe wò dzi madze eme be yele dedie wu oa?

Nyateƒee, nɔnɔme sesẽ ma tɔgbe mee mí katã míele. Togbɔ be menye mía gbɔe wòtso o hã la, míele agbe le ɣeyiɣi sesẽ aɖe me le amegbetɔ ƒe ŋutinya me. Ame akpa gãtɔ menya ɣeyiɣi si fifi nɔnɔmeawo anɔ anyi se ɖo, ne nɔnɔmeawo ava ka ɖe eme loo alo mɔ nyuitɔ si dzi woato anɔ te ɖe nɔnɔmeawo nu fifia o. Gake mele be wòawɔ na mí be mɔkpɔkpɔ bu ɖe mí keŋ alo wɔna ɖeke megali o. Mía Wɔla na mɔfianu aɖe mí—esi gblɔ ɣeyiɣi doblukɔ sia kple alesi wòawu enui ɖi, eye wòna mɔfiame si míahiã be míatsi agbe la mí. Mɔfianu mae nye agbalẽ si woyɔna be Biblia. Yehowa Mawu, amesi nye Eŋlɔla la yɔ eɖokui be Nufialagã, eye egblɔ to Yesaya dzi kakaɖedzinametɔe be: “Miaƒe to ase nya sia le mia megbe bena: Mɔ la enye si, to edzi! nenye ɖusime alo miame miebe, yewoato.” (Yesaya 30:20, 21) Àdi be yeaxɔ mɔfiame mae? Ke na míakpɔe ɖa be ɖe Biblia gblɔ alesi míaƒe ŋkekeawo anɔ ɖi hã.

Yesu Yomedzelawo Bia Nya si Ŋu Gɔmesese Le

Yesu yomedzelawo ƒe mo anya wɔ yaa. Ðeko Yesu gblɔ na wo kɔte be woatsrɔ̃ Yerusalem-gbedoxɔ nyadri la keŋkeŋ vɔ teti koe nye ma! Nyagblɔɖi ma wɔ mo yaa na wo. Le ema megbe kpuie esi wobɔbɔ nɔ anyi ɖe Amitoa dzi la, nusrɔ̃la ene bia Yesu be: “Gblɔe na mí, ɣekaɣi nusiawo ava? Eye ka enye wò vava la kple xexeame ƒe nuwuwu la ƒe dzesii?” (Mateo 24:3; Marko 13:1-4) Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ɖanya alo womenya o, gɔmesese geɖe nɔ eƒe ŋuɖoɖoa ŋu.

Yesusalem-gbedoxɔa tsɔtsrɔ̃ kple Yudatɔwo ƒe nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu le vovo na Kristo ƒe anyinɔɣi kple xexemenuɖoanyi bliboa katã ƒe nuwuwu. Ke hã la, Yesu tsɔ aɖaŋu ɖo woƒe biabia ƒe akpa sia akpa ŋu le eƒe ŋuɖoɖo didi la me. Egblɔ alesi nuwo anɔ do ŋgɔ na Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ na wo; egblɔ alesi woakpɔ mɔ be xexeame nanɔ le eƒe anyinɔɣi kple ɣeyiɣi si me wòadze Fiaɖuɖu gɔme le dziƒo kpakple alesi ɣeyiɣia ade azɔ be wòatsrɔ̃ xexemenuɖoanyi bliboa katã ɖa hã na wo.

Yerusalem ƒe Tsɔtsrɔ̃

Wò ya de ŋugble le nya siwo Yesu gblɔ le Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa ŋu gbã. Ƒe blaetɔ̃ kple edzivɔ do ŋgɔ la, egblɔ xaxaɣi dziŋɔ si ava xexeame ƒe dugãwo dometɔ ɖeka dzi ɖi. Vevietɔ de dzesi eƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Luka 21:20, 21: “Ke ne miekpɔ aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem ŋu la, ekema midze sii bena, eƒe aƒedozuɣi ɖo vɔ. Ekema amesiwo le Yudea la, nasi ayi towo dzi, eye amesiwo le etitina la, nadzo ayi, eye amesiwo le agbletawo la, nagayi ɖe eme o.” Ne aʋakɔ siwo ƒu asaɖa anyi aɖe to ɖe Yerusalem ŋu la, ke aleke wòanya wɔe be “amesiwo le etitina la, nadzo ayi” bɔbɔe abe alesi Yesu gblɔ ene? Edze ƒã be sisi adzo ƒe mɔnukpɔkpɔ si aʋu ɖi lae Yesu wɔnɛ. Ke ɖe mɔnukpɔkpɔa ʋua?

Le ƒe 66 M.Ŋ me la, Roma-ʋakɔ siwo nɔ Cestius Gallus ƒe kpɔkplɔ te la gbugbɔ Yudatɔ aglãdzelawo ɖo ɖe Yerusalem hesika wo ɖe dua me. Romatɔwo ge ɖe dua me gɔ̃ hã eye wozɔ ɖo keke gbedoxɔa ƒe glia gbɔ. Gake Gallus de se na eƒe asrafowo wowɔ nu wɔmoyaa aɖe. Ebia tso wo si be woagbugbɔ! Yudatɔ asrafo siwo nusia dzɔ dzi na la ti woƒe futɔ Romatɔ siwo nɔ sisim yome hede abi wo ŋu. Aleae sisi adzo ƒe mɔnukpɔkpɔ si ƒe nya Yesu gblɔ ɖi la ʋui. Kristotɔ vavãwo ɖo to eƒe nuxlɔ̃mea hedo le Yerusalem-dua me. Nunya le eme be wowɔ alea, elabena le ƒe ene ko megbe la, Roma-srafowo gatrɔ gbɔ le Aʋafia Titus ƒe kpɔkplɔ te. Fifia ya womegate ŋu si o.

Roma-srafowo gaɖe to ɖe Yerusalem ake; wotsɔ ati siwo nu le tsũe ƒu kpo ɖe eŋu. Yesu gblɔ le Yerusalem ŋu be: “Ŋkekewo ava dziwò, eye wò ketɔwo aƒu kpo ɖe ŋuwò, eye woaɖe to aƒo xlã wò, eye woaxaxa wò ɖe eme le goawo katã dzi.”a (Luka 19:43) Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi wosi Yerusalem o; eƒe gbedoxɔ si nɔ atsyɔ̃ɖoɖo me la zu anyiglãgo. Yesu ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa sia akpa va eme!

Gake nu geɖe nɔ susu me na Yesu wu Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ ko. Eƒe nusrɔ̃lawo bia eƒe anyinɔnɔ ƒe dzesi hãe. Womenya afisi gbegbe woƒe biabia la keke ta se ɖo ɣemaɣi o, gake eku ɖe ɣeyiɣi si me woaɖoe Fiae le dziƒo ŋu. Nukawoe wògblɔ ɖi?

Aʋawɔwɔ Le Ŋkeke Mamlɛawo Me

Ne èxlẽ Mateo ta 24 kple 25, Marko 13, kpakple Luka 21 la, àkpɔ kpeɖodzi si ŋu vodada mele o be mía ŋɔli ŋue Yesu nɔ nu ƒom tsoe. Egblɔ be aʋawɔwɔ anɔ anyi—menye ‘aʋa kple aʋaŋutiɣli’ siwo gblẽ nu le amegbetɔ ƒe ŋutinya me tso gbaɖegbe ke o, ke boŋ wonye ‘dukɔ ƒe tsitretsitsi ɖe dukɔ ŋuti kple fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu’ ƒe aʋawɔwɔwo—ẽ, wonye dukɔwo dome ʋa gãwo.—Mateo 24:6-8.

Tɔ vie nàbu tame tso alesi aʋawɔwɔ trɔe le míaƒe ƒe alafa sia me ŋu kpɔ. Le blema la, dukɔ eve siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu ƒe asrafowo koe kpea aʋa si me wodzaa wo nɔewo alo daa tu wo nɔewo gɔ̃ hã le le aʋagbe dzi, eye enyea nu dziŋɔ aɖe ŋutɔ. Gake le ƒe 1914 me la, Aʋagã la dzɔ. Dukɔ vovovowo va nɔ aʋa kpem ɖe wo nɔewo yome—si va nye xexemeʋa gbãtɔ. Wova wɔ tu siwo dana le wo ɖokui si tsrɔ̃a ame gbogbowo le adzɔge ke. Tu siwo dana trina ɖe enu la wu ame gbogbowo ŋɔdzitɔe; tu siwo nye aɖiya bi asrafo akpe geɖe, ewɔ funyafunya wo, ewɔ wo nuwɔametɔwoe hewu wo dometɔ akpe geɖe; aʋawɔʋuwo ɖe gbe ŋɔdzitɔe le afisi futɔwo ƒu asaɖa anyi ɖo, eye woƒe aʋawɔʋu siwo daa tu trina ɖe enu la bi nu. Wova nɔ aʋawɔyameʋu kple ƒugɔmeʋawɔʋuwo hã zãm—wonye aʋawɔnu siwo meɖi naneke kura ne wotsɔe sɔ kple esiwo li egbea o.

Xexemeʋa II ƒe nugbegblẽ wu gbɔgblɔ—eƒo aʋa si do ŋgɔ nɛ la ta sãa eye wowu ame miliɔn gbogbowo le eme. Aʋawɔyameʋutsɔmeli lolo siwo me asrafo gbogbowo le xɔ atsiaƒua dzi eye wonɔ aʋawɔyameʋu me da bɔmb ɖe futɔwo dome. Ƒugɔmeʋawɔʋuwo gbã futɔwo ƒe aʋawɔtɔdziʋuwo henyrɔ wo. Woda atɔmikbɔmb siwo wu ame akpe geɖe zi ɖeka! Abe alesi Yesu gblɔe ɖi ene la, “ŋɔdzidonuwo” de dzesi aʋawɔɣeyiɣi siawo nyateƒe.—Luka 21:11.

Ðe aʋawɔwɔ nu tso vie esime wowɔ Xexemeʋa II vɔa? Kpao. Ɣeaɖewoɣi la, wowɔa aʋa le teƒe geɖewo le ƒe ɖeka ko me—le ƒe 1990 ƒeawo me gɔ̃ hã—esiwo me wowua ame miliɔn geɖewo le. Eye tɔtrɔ va le amesiwo koŋ kuna le aʋawɔwɔ me hã. Meganye asrafowo koŋue kuna o. Egbea la ame akpa gãtɔ siwo kuna le aʋawɔwɔ me—le nyateƒe me la, wonye ame 90 kple edzivɔ le alafa me—nyea dumeviwo.

Dzesia ƒe Akpa Bubuwo

Dzesi si Yesu gblɔ la ƒe akpa ɖeka koe aʋawɔwɔ nye. Exlɔ̃ nu hã be “dɔwuame” ava. (Mateo 24:7) Alea wòva emee togbɔ be ewɔ nuku ŋutɔ be wole nuɖuɖu geɖe kpɔm le agbledede me wu esi asu anyi ameƒomea katã, eye agbledeŋutinunya yi ŋgɔ wu tsã le amegbetɔ ƒe ŋutinya me, eye ʋu ɖidu sesẽwo li alɔ nuɖuɖu ayi xexeame ƒe akpa sia akpa hã. To esiawo katã gbɔ hã la, dɔ wua xexe sia me nɔlawo ƒe agbɔsɔsɔ si anɔ woƒe akpa atɔ̃lia gbesiagbe.

Yesu gagblɔ ɖi be ‘dɔvɔ̃wo ava teƒeteƒewo.’ (Luka 21:11) Le go sia me hã la, nusi wɔ mo yaa ŋutɔe le dzɔdzɔm le míaƒe ɣeyiɣia me—atikeŋutinunya ƒe dzidziɖedzi wu tsã, mɔ̃ɖaŋununya me ŋgɔyiyi, abi siwo atsi dɔvɔ̃ bɔbɔ geɖewo nu ƒe anyinɔnɔ; gake dɔvɔ̃ gblẽnuwo le ta kekem wu tsã kokoko. Le Xexemeʋa I megbe teti ko la, Spaniatɔwo ƒe dzamezã wu ame gbogbo aɖewo wu amesiwo ku le aʋa la me. Dɔlélea kakana kabakaba ale gbegbe be le dugãwo abe New York ene me la, woate ŋu ado fe na amewo alo ade wo mɔ̃ le woƒe nyenyẽ le gaglãgbe ɖeɖeko ta! Egbea la, dɔdzẽ kple dzidɔ wua ame miliɔn geɖe ƒe sia ƒe—wonye dɔvɔ̃ siwo li ŋutɔŋutɔ. Eye AIDS si womekpɔ atike aɖeke na o la yi edzi le ame gbogbo aɖewo tsrɔ̃m.

Esi Yesu ƒo nu tso ŋkeke mamlɛ siwo me ŋutinya kple dunyahehe me nudzɔdzɔwo akeke ta aɖo xexeame godoo koŋ ŋuti la, hadomekuxiwo kple nɔnɔme siwo abɔ ɖe amewo dome dzie apostolo Paulo ya te gbe ɖo wu. Nusi wòŋlɔ ƒe akpa aɖe xlẽ be: “Ke nya esia bena, le ŋkeke mamlɛawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava. Elabena ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo, . . . ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, . . . amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu.”—Timoteo II, 3:1-5.

Ðe nya mawo ɖi nya nyanyɛwo na wòa? Wò ya de ŋugble le hadomegbenɔnɔ ƒe gbegblẽ le egbexexea me ƒe akpa ɖeka ko ŋu kpɔ—ƒomewo ƒe gbagbã. Ƒomewo ƒe gbagbã, ame srɔ̃ ƒoƒo, ŋutasesẽ le ɖeviwo ŋu, kple ŋlɔmiwɔwɔ le dzila tsitsiwo ŋu ƒe dzidziɖedzi—nusiawo ɖee fia kɔte be amewo nye “amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o,” “ame wɔadãwo” eye wonye “yomemɔfialawo” gɔ̃ hã kple “amesiwo melɔ̃a nu nyui o”! Ẽ, nɔnɔme siawoe míekpɔ woxɔ aƒe ɖi egbea.

Ðe Míaƒe Dzidzimea Nye Esi ƒe Nya Wogblɔ Ðia?

Gake ɖewohĩ àbia ɖokuiwò be, ‘Ðe nɔnɔme siawo mele ameƒomea me tso gbaɖegbe ke oa? Aleke míewɔ nya be míaƒe dzidzime si li egbea ƒe nyae wogblɔ ɖi le blemanyagblɔɖi siawo me?’ Na míade ŋugble le kpeɖodzi etɔ̃ siwo ɖee fia be míaƒe ɣeyiɣia ŋue Yesu nɔ nu ƒom tsoe ŋuti kpɔ.

Gbã la, togbɔ be Yesu ƒe nyawo va eme le mɔ sue aɖe nu do ŋgɔ le Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa tsɔtsrɔ̃ me hã la, edze ƒã be ɣeyiɣi siwo ava ɖe eyome le etsɔme ʋĩ ŋue eƒe nyawo ku ɖo. Le afɔku si tsrɔ̃ Yerusalem ƒe ƒe 30 megbe la, Yesu na amegã ɖeɖi apostolo Yohanes kpɔ ŋutega aɖe si ɖee fia be nɔnɔme siwo wogblɔ ɖi—aʋawɔwɔ, dɔtoto, dɔvɔ̃wo, kple ku si dona tsoa wo me—ava xexeame katã le etsɔme. Ẽ, menye xexeame ƒe akpa aɖe koe xaxa siawo ava o, ke boŋ “anyigba” la katã dzie.—Nyaɖeɖefia 6:2-8.

Evelia, míagblɔ be dzesi si Yesu gblɔ ƒe akpa aɖewo le eme vam ŋusẽtɔe ale gbegbe le ƒe alafa sia me. Le kpɔɖeŋu me, ɖe wòate ŋu adzɔ be aʋawɔwɔ nu nagasẽ ɖe edzi kura wu alesi wònɔ tso ƒe 1914 mea? Ne Xexemeʋa III, si me dukɔ siwo katã si nukliaʋawɔnuwo le egbea azã wo le dzɔ la, nusi adzɔ godoe nye alesi anyigba sia azu dzogbee—eye ameƒomea atsrɔ̃ ɖa keŋkeŋ. Nenema ke wogblɔ ɖi le Nyaɖeɖefia 11:18 be ne ‘dzi ku’ dukɔwo le ŋkeke mamlɛ siawo me la, ameƒomea anɔ ‘anyigba la gblẽm.’ Zi gbãtɔ le ŋutinya me la, ɖiƒoƒonu, kple míaƒe nutowo me gbegblẽ le ŋutete si le anyigba sia ŋu be wòalé agbe ɖe te la dem afɔku me fifia! Eyata dzesia ƒe akpa sia hã le eme vam alo gogo emevava ŋusẽtɔe. Ðe aʋawɔwɔwo kple ɖiƒoƒonu ayi edzi ava do gã ɖe edzi kura vaseɖe esime amegbetɔ natsrɔ̃ eya ŋutɔ ɖokui kple anyigba sia? Kura o; elabena Biblia la ŋutɔ gblɔ be anyigba la anɔ anyi tegbee eye dzi dzɔdzɔetɔwo anɔ edzi.—Psalmo 37:29; Mateo 5:5.

Etɔ̃lia, ne míebu ŋkeke mamlɛawo ƒe dzesi bliboa katã koŋ ŋu la, nya la me kɔna na ame wu. Le nuŋububu tsitotsito me la, ne míelé ŋku ɖe dzesia ƒe akpa siwo Yesu gblɔ le Nyanyuigbalẽ etɔ̃awo me kple Paulo ƒe agbalẽa me tɔwo kpakple Nyaɖeɖefia me tɔwo ŋu la, akpa vovovowoe li na dzesi sia. Ðewohĩ ame ake ɖi le dzesia ƒe akpa vovovoawo ŋu ɖekaɖeka eye wòagblɔ be kuxi mawo tɔgbe nɔ dzidzime siwo nɔ anyi va yi me, gake ne míebu wo katã ŋu ɖekae la, woɖee fia vodadamanɔŋui be woku ɖe dzidzime ɖeka aɖe ŋu—si nye mía tɔ ŋu.

Gake nukae nusiawo katã fia? Ðe Biblia le gbɔgblɔm be míaƒe ɣeyiɣia nye esi ŋu womate ŋu awɔ naneke le o eye mɔkpɔkpɔ bu ɖe amea? Ao, menye nenemae o!

Nyanyui

Woŋlɔ ŋkeke mamlɛawo ƒe dzesi siwo dze ƒã ŋutɔ la dometɔ ɖeka ɖe Mateo 24:14 be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.” Le ƒe alafa sia me la, Yehowa Ðasefowo wɔ dɔ ɖedzesi aɖe le amegbetɔ ƒe ŋutinya me. Woxɔ Yehowa Mawu ƒe Fiaɖuƒe gbedasi si le Biblia me dzi se—nusi wònye, alesi wòɖua dzii, kple nusi wòawɔ—hekakae ɖe anyigba la katã dzi. Wota agbalẽ geɖe le nyati sia ŋu le gbegbɔgblɔ 300 kple edzivɔ me eye wotsɔ wo ɖo amewo gbɔ le woƒe aƒewo me alo le ablɔwo dzi alo le woƒe dɔwɔƒewo le anyigba ƒe akpa sia akpa kloe.

Mɔ sia nue wona nyagblɔɖi sia le eme vam le. Gake wole mɔkpɔkpɔ gbedasi hã gblɔm. De dzesii be menye nya vɔ̃e Yesu gblɔ be ‘nyanyui’ sia nye o. Aleke esia anye nyanyui le ɣeyiɣi doblukɔ siawo mee? Le esi Biblia me gbedasi vevi sia meku ɖe alesi nuwo ava gblẽ ɖe edzi le xexe xoxo sia ƒe nuwuwu ŋu o tae. Eƒe gbedasi vevi la ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe la ŋu, eye Fiaɖuƒe ma do nusi alé dzi na ŋutifafalɔ̃la ɖesiaɖe ƒe ŋugbe—esi nye ɖeɖe.

Nuka tututue ɖeɖe ma nye, eye aleke nàwɔ akpɔe? Taflatse de ŋugble le tanya sia ŋuti nyati siwo gbɔna ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Titus ɖu aʋa dzi wòdze ƒã le afisia. Gake le mɔ vevi eve nu la, mekpɔ nusi dim wònɔ la o. Eɖo aɖaŋu be woawɔ ŋutifafa, gake dua kplɔlawo tsɔ dzimesesẽ gbe gɔmesesemanɔŋutɔe. Eye esime wogbã dua ƒe gliawo ƒu anyi mlɔeba la, ede se be woagagbã gbedoxɔa ya o. Gake wotɔ dzoe wòbi keŋ! Yesu ƒe nyagblɔɖia ɖee fia kɔte be woatsrɔ̃ Yerusalem eye woagbã gbedoxɔ la gudugudu.—Marko 13:1, 2.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

Amewo le ŋuɖoɖo dim na biabia ɖefuname siwo nye, Nukatae nuwo gblẽ alea gbegbe ɖo? Afikae ameƒomea ɖo tae?

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

Egbea amesiwo kuna le aʋawɔwɔ me dometɔ 90 kple edzivɔ le alafa me nye dumeviwo

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Nya si Yesu gblɔ ɖi le Yerusalem tsɔtsrɔ̃ ŋu va eme pɛpɛpɛ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe