INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/99 axa 8
  • Nya Kae Nàgblɔ na Moslemtɔ?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Kae Nàgblɔ na Moslemtɔ?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Èle Agbalẽ Gbadza Siawo Zãma?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Ðaseɖiɖi na Gbe Ðesiaɖe Dolawo Kple Subɔsubɔhawo Katã me Tɔwo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Ale Si Míazã Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Srɔ̃ Yehowa To Ðetsɔleme Vavãtɔ Ðeɖefia Amewo Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
km 11/99 axa 8

Nya Kae Nàgblɔ na Moslemtɔ?

1 Èɖi ɖase na Moslemtɔ kpɔa? Ne nenemae la, ke ɖewohĩ àde dzesii be Moslemtɔwo xɔ Mawu dzi se ale gbegbe. Gake womenya nu geɖe tso paradiso si ava anyigba dzi si ƒe nya Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo gblɔ ɖi ŋu o, eye míedi be míaƒo nu tso mɔkpɔkpɔ ma ŋu na wo. (Tim. I, 2:3, 4) Nyatakaka siwo gbɔna akpe ɖe ŋuwò be nàɖi ɖase na wo nyuie.

2 Moslemtɔwo xɔ Allah, alo Mawu, dzi se eye woxɔ edzi se be Muḥammad nye Mawu ƒe nyagblɔɖila. Koran lae nye woƒe agbalẽ kɔkɔe, eye woyɔa woƒe subɔsubɔha be Islam, si gɔmee nye “ɖokuibɔbɔ.” Koran la gblɔ be alakpadada kple trɔ̃subɔsubɔ menyo o, eye be Mawu nye ame ɖeka, ke menye Mawuɖekaetɔ̃ ƒe akpa aɖeke o. Efia nu hã tso luʋɔ̃ makumaku, dzomavɔ, kple dziƒo paradiso ŋu. Moslemtɔwo xɔe se be Biblia nye Mawu ƒe Nya, gake woxɔe se be wotrɔ emenya aɖewo, ke Koran si gakpɔtɔ le gbegbɔgblɔ si me woŋlɔe ɖo me ya me nyawo le dedie.

3 Ðe Xɔlɔ̃wɔwɔ Fia, Nàdze Aɖaŋu, Awɔ Nugɔmesese Ŋudɔ: Nè èle dze ɖom kple Moslemtɔ la, ɖe xɔlɔ̃wɔwɔ fia eye nàdze aɖaŋu. (Lod. 25:15) Nenɔ susu me na wò be Moslemtɔwo ƒe dzixɔsewo ƒo ke ɖe to sesie eye wo dometɔ akpa gãtɔ nye nya siwo wosrɔ̃ helé ɖe susu me ko. Eyata mawusubɔsubɔ me nufiafiawo me dzodzro akpɔ nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu mekpe ɖe woƒe gbɔgbɔ me hehexɔxɔ ŋu o. (Rom. 12:2) Dzigbɔɖi kple nugɔmesese hiã vevie be woate ŋu akpe ɖe Moslemtɔwo ŋu.—Kor. I, 9:19-23.

4 Tsri nya siwo ana amesi nye Moslemtɔ nasusui be Kristodukɔa me tɔe nènye la gbɔgblɔ. Na eme nakɔ be menye Katoliko alo Protestant subɔsubɔha me tɔ yenye o, ke boŋ ame bubu yenye. Yɔ Biblia be Mawu ƒe Agbalẽ. Esi Moslemtɔwo medina be yewoase nya si nye “Mawu ƒe Vi” o ta la, zi geɖe anyo be míagazãe alo aƒo nu tso nyati ma ŋu o vaseɖe esime amea wɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me. Gake àte ŋu aƒo nu tso Yesu ŋu, be enye nyagblɔɖila alo amedɔdɔ. Ƒo asa na glãkahehe. Ne èkpɔ be wodze dzikudodo gɔme la, wɔ nu ŋuɖɔɖotɔe nàdzo enumake.

5 Anyo wu be nàƒo nu na ame ɖeka tsɔ wu ame gbogbowo. Zi geɖe la, nunya anɔ eme be nyɔnuwo naɖi ɖase na nyɔnuwo, eye ŋutsuwo na ŋutsuwo. Eme kɔ be nɔnɔme aɖewo ato vovo ya, gake nuŋububu nyuie le vevie. Gakpe ɖe eŋu la, Moslemtɔwo tsia dzi ɖe nyɔnuwo ƒe nudodo kple dzadzraɖo siwo wobu be mesɔ o ŋu. Ele be esia nanɔ susu me na nɔvinyɔnuwo.—Kor. I, 10:31-33.

6 Nusiwo Ŋu Nàƒo Nu Tsoe: Ƒo nu tso Mawu ƒe gãnyenye kple eƒe lɔlɔ̃ ŋu eme nakɔ nyuie. Gblɔe enumake be xɔsetɔ vavãtɔ yenye eye be Mawu ɖeka koe li (menye Mawuɖekaetɔ̃ o), eye be trɔ̃subɔsubɔ menyo o. Ƒo nu tso vɔ̃ɖinyenye si le xexeame egbea ŋu—aʋawɔwɔwo, dukɔmeviʋawo, amesiwo ƒe ŋutigbalẽ to vovo ƒe fuléle wo nɔewo, kple alakpanuwɔna si bɔ le ame geɖe siwo gblɔna be mawusubɔlawo yewonye la dome.

7 Agbalẽ gbadza si nye The Guidance of God—Our Way to Paradise akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dzeɖonya siwo nàte ŋu azã atsɔ adze dzeɖoɖo gɔme kple Moslemtɔwo. Wotrɔ asi le eŋu be wòalé dzi na Moslemtɔ siwo le afisiwo woate ŋu avo asrɔ̃ Biblia le.

8 Àte ŋu agblɔ nya sia atsɔ ana agbalẽae:

◼ “Mele agbagba dzem etɔxɛ be maƒo nu na Moslemtɔwo. Menɔ nu xlẽm tso miaƒe subɔsubɔhaa ŋu eye mexɔe se be enye nyateƒe be Moslemtɔwo xɔ Mawu vavã ɖeka kolia kple nyagblɔɖilawo katã dzi se. [Nà wòaƒo nu.] Medi be maƒo nu tso blema nyagblɔɖi aɖe si gblɔ alesi woatrɔ asi le anyigba ŋu wòazu paradiso la ŋu na wò. Mate ŋu axlẽ nusi nyagblɔɖila la ŋlɔ na wòa? [Xlẽ Yesaya 11:6-9.] Nyagblɔɖi sia na meɖo ŋku Koran me nya aɖe si dze le agbalẽ gbadza sia me dzi.” Ʋu Guidance of God ƒe agbalẽ gbadzaa ƒe axa 9, eye nàxlẽ nya si woyɔ si woŋlɔ ɖe ŋɔŋlɔdzesi gãwo me, si gblɔ be ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome. Ne amea ɖe ɖetsɔleme fia la, yi dzeɖoɖoa dzi nàdzro memama 7 vaseɖe 9 le axa si kplɔe ɖo me. Tsɔ agbalẽ gbadza la nɛ, eye nàwɔ ɖoɖo atrɔ ayi.—Kpɔ February 1998, Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 6, memama 28 hena dzeɖonya bubu.

9 Ne èle ame aɖe kpem be yewoaɖo dze tso Guidance of God ƒe agbalẽ gbadzaa me la, anyo wu be nàgblɔ be anye dzeɖoɖo, ke menye Biblia-nusɔsrɔ̃ o. Ne miewu agbalẽ gbadzaa nu la, ele be nusrɔ̃via nasu te hena Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa alo Sidzedze-gbalẽa sɔsrɔ̃. Agbalẽ bubu siwo ŋu wotrɔ asi le etɔxɛ na Moslemtɔwoe nye trakt si nye How to Find the Road to Paradise kple agbalẽvi si nye The Time for True Submission to God.

10 Esi míenya Islamtɔwo ƒe dzixɔsewo kple nusiwo ŋu wotsia dzi ɖo alea vɔ la, míate ŋu awɔ nugɔmesese ŋudɔ le agbalẽ siwo míana Moslemtɔwo kple mɔ si dzi míato aɖi ɖase na wo me. Neva eme be Yehowa nayi edzi ayra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi be míakpe ɖe ame ƒomevi ɖesiaɖe ŋu woayɔ eƒe ŋkɔ eye woakpɔ ɖeɖe.—Dɔw. 2:21.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe