‘Nyɔnu Siwo Le Agbagba Dzem Vevie le Aƒetɔ la Me’
1 Apostolo Paulo zã nya siwo dze le etame tsɔ ƒo nu tso Trifena kple Trifosa, nɔvinyɔnu veviedola eve siwo nɔ Roma-hamea me ŋu. Egblɔ tso nyɔnu bubu si ŋkɔe nye Persis ŋu be: ‘edzea agbagba geɖe le Aƒetɔ la ƒe dɔ me.’ Nenema ke wòƒo nu nyuie tso Foibe ŋu be enye “kpeɖeŋutɔ na ame geɖe.” (Rom. 16:2, 12) Wotɔ asi Tabita dzi le Ŋɔŋlɔawo me be ‘eyɔ fũ kple dɔ nyui wɔwɔ kple dɔmenyonuwo.’ (Dɔw. 9:36) Yayra ka gbegbee nye si nyɔnu gbɔgbɔmemewo nye na hamea!
2 Ðe míekpɔa ŋudzedze ɖe nɔvinyɔnu siwo doa vevie nu le míaƒe hamea me ŋua? Woawoe wɔa gbeƒãɖeɖedɔa kple Biblia-nusɔsrɔ̃wo ƒe akpa gãtɔ, eye wokpena ɖe ame yeye geɖe ŋu. Wozãa ɣeyiɣi geɖe hã tsɔ kpena ɖe ɖeviwo ŋu be woawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi. Nyɔnu Kristotɔwo wɔa woƒe akpa dzi le lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, kple dzonɔameme ƒe gbɔgbɔ tutuɖo ɖe hamea me. Wokpea asi ɖe wo srɔ̃ŋutsuwo kple ƒomea me tɔ bubuwo ŋu le mɔ geɖe nu be woate ŋu awɔ geɖe le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me.
3 Nɔvinyɔnu Siwo Le Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa me: Amesiwo dzea agbagba vevie le aƒetɔ la me ƒe hatsotso ɖekae nye nɔvinyɔnu dutanyanyuigblɔlawo, amesiwo dometɔ geɖe kpɔ gome le asikpekpe ɖe dɔa ƒe ŋgɔyiyi ŋu le dutadukɔwo me. Dzikpɔla mɔzɔlawo srɔ̃wo doa vevie nu le gbeadzisubɔsubɔdɔa me eye wotua nɔvinyɔnu geɖewo ɖo le hame siwo wo srɔ̃wo subɔna me. Mele be míaŋe aɖaba aƒu nɔvinyɔnu siwo le dɔ wɔm le Betel dzi o, amesiwo tsɔa dzonɔameme geɖe wɔa subɔsubɔdɔ kɔkɔe tsɔ doa alɔ Yehowa ƒe habɔbɔa. Mía nɔvinyɔnu siwo le mɔɖela vevi kple gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔm la toa woƒe agbagbadzedze le Mawu kafukafu me kpena ɖe ame akpe geɖewo ŋu be woasrɔ̃ nyateƒea.
4 Nyɔnu nuteƒewɔla siawo kpɔa dzidzeme geɖe le ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe agbe si wonɔna la me. (Tim. I, 6:6, 8) Wodze na kafukafu kple dzideƒoname kpakple nusianu si míate ŋu awɔ atsɔ ado alɔ wo.
5 Nyɔnu Kristotɔwo nye dɔwɔnu vevi aɖe na Yehowa ƒe habɔbɔa, eye wotsɔ nuteƒewɔwɔ wɔa subɔsubɔdɔ si hea yayra vɛ na mí katã. Neva eme be míayi edzi akpɔ ŋudzedze ɖe nyɔnu siawo ŋu eye Yehowa neyra wo esi woyi edzi le ‘agbagba dzem vevie le aƒetɔ la me.’