INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb21 November axa 9
  • Aleke Nɔvinyɔnuwo Ate Ŋu Awɔ Geɖe Na Yehowa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Nɔvinyɔnuwo Ate Ŋu Awɔ Geɖe Na Yehowa?
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpe Ðe Nɔvinyɔnu Siwo Le Miaƒe Hamea Me Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • Ðe Nèwɔa Nu Ðe Nyɔnuwo Ŋu Abe Ale Si Yehowa Wɔnɛ Enea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • ‘Nyɔnu Siwo Le Agbagba Dzem Vevie le Aƒetɔ la Me’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Mɔ Siwo Dzi Nàto Akeke Wò Subɔsubɔdɔa Ðe Enu
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
mwb21 November axa 9
Fotoawo: Nɔvinyɔnuwo le dɔ vovovowo wɔm kple dzidzɔ. 1. Nɔvinyɔnu aɖe le gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔm. 2. Nɔvinyɔnu aɖe le asi kpem ɖe xɔtudɔ aɖe ŋu. 3. Nɔvinyɔnu aɖe le Fiaɖuƒe Akpataa me dzram ɖo. 4. Nɔvinyɔnu aɖe le nɔvinyɔnu tsitsi aɖe fiam ale si wòazã tablɛt. 5. Nɔvinyɔnu aɖe le kpekpem ɖe vianyɔnuvi ŋu be wòaɖo nya ŋu le kpekpea me. 6. Nɔvinyɔnu eve le gbeƒã ɖem le vuvɔŋɔli.

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Aleke Nɔvinyɔnuwo Ate Ŋu Awɔ Geɖe Na Yehowa?

Nɔvinyɔnuwo wɔa dɔ geɖe tsɔ doa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ. (Ps 68:11) Wosrɔ̃a Biblia kple ame geɖe. Gbesiagbe mɔɖelawo dometɔ akpa gãtɔ nye nɔvinyɔnuwo. Nɔvinyɔnu akpe geɖe nye Betel dɔwɔlawo, dutanyanyuigblɔlawo, teokrasi xɔtudɔwɔlawo kple gbegɔmeɖelawo. Nɔvinyɔnu siwo tsi le xɔse mea tua woƒe ƒomewo kple hamea ɖo. (Lod 14:1) Togbɔ be womeɖoa nɔvinyɔnuwo hamemetsitsiwo alo subɔsubɔdɔwɔlawo o hã, woate ŋu aɖo taɖodzinuwo na wo ɖokuiwo le Yehowa subɔsubɔ me. Ne nɔvinyɔnue nènyea, taɖodzinu kawoe nàte ŋu aɖo na ɖokuiwò?

  • Tu nɔnɔme nyuiwo ɖo.—1Ti 3:11; 1Pe 3:3-6.

  • Kpe ɖe nɔvinyɔnu siwo le hamea me, siwo si nuteƒekpɔkpɔ boo mesu oa ŋu.—Tit 2:3-5.

  • Na wò subɔsubɔdɔa nanɔ nyonyom ɖe edzi eye nàwɔe geɖe wu

  • Srɔ̃ gbe bubu

  • Ʋu yi afi si wohiã gbeƒãɖela geɖe le

  • De asi agbalẽ te be yeasubɔ le Betel alo akpe asi ɖe teokrasixɔtudɔwo ŋu

  • De asi agbalẽ te be yeade Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua

MIKPƆ VIDEO SI NYE “NYƆNU SIWO DZEA AGBAGBA GEÐE LE AƑETƆ LA ME,” EYOME MIAÐO BIABIA SIA ŊU:

  • Aleke nɔvinyɔnu siawo ƒe nyawo de dzi ƒo na wòe?

Nɔvinyɔnu etɔ̃ siwo dze le “Nyɔnu Siwo Dzea Agbagba Geɖe Le Aƒetɔ La Me” ƒe videoa me.”
    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe