INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/00 axa 1
  • “Minɔ Ŋudzɔ”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Minɔ Ŋudzɔ”
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Minɔ Ŋudzɔ!”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Dzidzɔtɔwoe Nye Amesiwo Nɔa Ŋudzɔ!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Ðe Gbeƒã Veviedodotɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Dzɔ Nuwɔwɔ Kpata Ƒe Vevienyenye Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 5/00 axa 1

“Minɔ Ŋudzɔ”

1 Le nuƒoƒo tso nudzɔdzɔ vevi siwo ade dzesi nuɖoanyi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo ŋu megbe la, Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be ‘woanɔ ŋudzɔ.’ (Mar. 13:33) Nukatae wòle be Kristotɔwo nanɔ ŋudzɔ? Elabena amegbetɔ ƒe ŋutinya me ɣeyiɣi si me afɔku le wu mee míele. Anye afɔku be míanɔ gbɔgbɔmekɔlɔ̃e dɔm le ɣeyiɣi sia me. Ema awɔe be míado kpo ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe dɔ si Yehowa de mía si be míawɔ le nuwuɣi sia me ŋu. Dɔ kae nye ma?

2 Yehowa na eƒe amewo le gbeƒã ɖem nyanyui si ku ɖe eƒe Fiaɖuƒe—si nye ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia—la ŋu. Míaƒe nuwɔwɔ aduadu kple Mawu ƒe habɔbɔa dea dzesi mí be míenye Kristotɔ vavã siwo nya ɣeyiɣi si me míele kple alesi wòhiã be woakpe ɖe ame bubuwo ŋu woase “agbe mavɔ nyawo.” (Yoh. 6:68) Míeɖoa kpe edzi be míele ŋudzɔ le gbɔgbɔ me ne míekpɔ gome le dɔ vevitɔ kekeake sia wɔwɔ me veviedodotɔe.

3 Woƒe Dzi Ʋãa Wo be Woaɖe Gbeƒã: Ele be susu nyui nanɔ mí Yehowa Ðasefowo si ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu. Lɔlɔ̃ na Mawu kple mía haviwo ʋãa mía dometɔ ɖesiaɖe be míawɔ gbeƒãɖeɖedɔa. (Kor. I, 9:16, 17) Esia wɔwɔ axɔ mía kple amesiwo ɖoa to mí la ɖe agbe. (Tim. I, 4:16) Mina míaɖoe kplikpaa akpɔ gome le gbeƒãɖeɖe tso dziɖuɖu nyuitɔ kekeake si ameƒomea ate ŋu akpɔ—si nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea—ŋu me edziedzi alesi míate ŋui, eɖanye ɣeyiɣi didi kae dɔa axɔ o!

4 Nyateƒenya vevi aɖe na míede dzesi alesi míaƒe subɔsubɔdɔa hiã kpatae—eyae nye be xaxa gã la ava esime míekpɔtɔ le dɔ sia wɔm. Míaƒe ŋkekea kple gaƒoƒoa manyamanya bia be míanɔ ŋudzɔ ahasu te ɣesiaɣi, eye míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu gbedodoɖatɔe. (Ef. 6:18) Gbeƒãɖeɖedɔa le ta kekem ɖe edzi. Gake ŋkeke aɖe ava kpuie esime ɖaseɖiɖidɔ gãtɔ kekeake si wowɔ kpɔ le amegbetɔ ƒe ŋutinya me aɖo eƒe nuwuwu.

5 Wɔ ɖe Yesu ƒe sedede be ‘míanɔ ŋudzɔ’ la dzi nuteƒewɔwɔtɔe. Esia nye ŋkubiãnya fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe. Neva eme be míatsɔ hiahiã kpata ƒe susu awɔ nui. Mina míayi edzi anɔ mo xexi, míanɔ ŋudzɔ, eye dzo nanɔ mía me le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me egbea kple ɣeawokatãɣi. Ẽ, neva eme be “míanɔ ŋudzɔ, eye míanɔ mo xexi.”—Tes. I, 5:6.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe