INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/00 axa 7
  • Ƒe 2001 ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Suku

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ƒe 2001 ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Suku
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ƒe 2000 ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Suku si Dzraa Mí Ðo ɖe Nusiwo Hiã Wu Ŋuti
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Ƒe 2002 ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Sukuviwo ƒe Sukua me Dɔdasiwo Dzadzraɖo
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 12/00 axa 7

Ƒe 2001 ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Suku

1 Ŋɔŋlɔawo gblɔ nya geɖe siwo ta wòle be amesiame nakpɔ gome le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me bliboe alesi wòate ŋui.—Lod. 15:23; Mat. 28:19, 20; Dɔw. 15:32; Tim. I, 4:12, 13; Tim. II, 2:2; Pet. I, 3:15.

2 Ɣeyiɣi didi aɖee nye sia si kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Biblia xexlẽ nye sukua ƒe akpa aɖe. Esɔ kple Biblia ƒe axa ɖeka xexlẽ gbesiagbe. Tso ƒe sia me la, woɖo Biblia xexlẽ hã na kwasiɖa ɖesiaɖe si woawɔ nuŋɔŋlɔ ƒe dodokpɔ. Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖo bubu si yi edzi le ƒe etɔ̃ siwo va yi me la wu enu. Gake ne èdi be yeaxlẽ Biblia geɖe wu alesi wòdze le ɖoɖowɔɖia dzii la, wò ŋutɔ àte ŋu awɔ exexlẽ ƒe ɖoɖo.

3 Dɔdasi 2 Lia naa hehe nɔviŋutsuwo ɖe Mawu ƒe Nya la ‘xexlẽ le dutoƒo’ ŋu. (Tim. I, 4:13) Ne wode dɔ si nye nuxexlẽ asi na wò la, xlẽe to eme enuenu wòaɖi woase. Àte ŋu azã Habɔbɔa ƒe kasɛt siwo dzi wolé Biblia me nyawo ɖo be wò nyayɔyɔ, gbetɔtrɔ, kple nɔnɔme bubu siwo naa nuxexlẽ nyona la nanyo ɖe edzi.

4 Dɔdasi 3 Lia kple 4 Lia tso Reasoning-gbalẽ si wota be woazã le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la me. Ne màte ŋu aƒo nu tso nya si wode asi na wò la katã ŋu le ɣeyiɣi si woɖo na wò me o la, ke tia nya si asɔ na miaƒe hamea ƒe anyigbamama wu la ko. Àte ŋu awɔ dɔdasia ɖe nɔnɔme ɖesiaɖe si asɔ na miaƒe anyigbamama la nu.

5 Dze agbagba ɖesiaɖe si nàte ŋui be nàwɔ wò dɔwo katã le sukua me. Di ɣeyiɣi nàtsɔ adzra ɖo nyuie eye nàƒo nu tso dzime. Ne ètso dzi blibo me kpɔ gome le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me le ƒe 2001 me la, ànye dzideƒotsoƒe na hamea eye wòaɖe vi na wò ŋutɔ hã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe