“Mina Miaƒe Kekeli Naklẽ”
1 Xexe si me míele la le agbenyuinɔnɔ kple gbɔgbɔ me viviti me. Nyateƒea ƒe kekeli kloa nu le viviti me “dɔwɔwɔ, siwo metsea ku o” la ŋu ale be míate ŋu aƒo asa na afɔklinu wuame siawo. Esia tae apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Mizɔ abe kekeliviwo ene!”—Ef. 5:9, 11.
2 “Kekeli ƒe kutsetse la” to vovo sã na xexeame ƒe viviti. (Ef. 5:9) Hafi míate ŋu atse ku sia la, ebia be míanye kpɔɖeŋuɖola ɖedzesiwo le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me, eye míanye amesiwo ŋu Yesu kpɔa ŋudzedze ɖo. Ele be míaɖe nɔnɔme siwo ƒe ɖewoe nye dzi blibo me nuwɔwɔ, anukwareɖiɖi, kple dzonɔameme afia ɖe nyateƒea ŋu. Ele be míaɖe nɔnɔme siawo afia le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ kple míaƒe subɔsubɔdɔa me.
3 Klẽ le Mɔnukpɔkpɔ Ðesiaɖe Me: Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ƒe ŋku me.” (Mat. 5:16) Míesrɔ̃a Yesu heɖea Yehowa ƒe kekeli fiana to gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒea kple eƒe tameɖoɖowo me. Míeklẽna abe akaɖiwo ene ne míeyi amewo ƒe aƒewo me kple ne míekaka nyateƒea le dɔwɔƒe, suku, le míaƒe aƒelikawo dome, alo afisiafi si mɔnukpɔkpɔ asu mía si le.—Fil. 2:15.
4 Yesu gblɔ be ame aɖewo alé fu kekelia. (Yoh. 3:20) Eyata dzi meɖena le mía ƒo ne ame akpa gãtɔ gbe be ‘Kristo ƒe ŋutikɔkɔe nyanyui la ƒe kekeli’ nagaklẽ na yewo o. (Kor. II, 4:4) Yehowa kpɔa ameƒomea ƒe dzime eye medi be numadzɔmadzɔwɔlawo nanɔ yeƒe amewo dome o.
5 Ne míezɔ Yehowa ƒe mɔwo dzi hese vivi le gbɔgbɔmekekelia me la, míate ŋu ana wòaklẽ na ame bubuwo. Ne wokpɔe le míaƒe agbenɔnɔ me be “agbe la ƒe kekeli” le mía si la, aʋã woawo hã be woawɔ tɔtrɔ siwo hiã be woava zu kekeliviwo.—Yoh. 8:12.
6 Ne míena míaƒe kekeli klẽ la, míehea kafukafu vɛ na mía Wɔla la eye ekpena ɖe dzianukwaretɔwo hã ŋu be woadze sii ale be agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ nasu wo si. (Pet. I, 2:12) Esi míekpɔ kekelia ta la, mina míazãe atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu woakpɔ mɔ si dzi woato ado le gbɔgbɔmeviviti me ahawɔ kekeli ƒe dɔwo.