INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/11 axa 1
  • “Mina Miaƒe Kekeli Naklẽ”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Mina Miaƒe Kekeli Naklẽ”
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Mina Miaƒe Kekeli Naklẽ”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Nana be Míaƒe Kekelia Naklẽ Ðaa
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • “Mina Miaƒe Kekeli Naklẽ” Hena Yehowa Ƒe Kafukafu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Mawu Ƒe Kekeli Nyaa Viviti Ða!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
km 5/11 axa 1

“Mina Miaƒe Kekeli Naklẽ”

1. Nu kae le mía si si míana wòaɖe vi na ame bubuwo?

1 Tso agudzedze va se ɖe anyinufaɣi la, kekeli si míekpɔna ƒe atsyɔ̃ hea kafukafu vanɛ na Yehowa Mawu. Ke hã kekeli bubu aɖe ŋue Yesu nɔ nu ƒom tso na eƒe nusrɔ̃lawo—eyae nye “agbe ƒe kekeli.” (Yoh. 8:12) Gbɔgbɔmenumekɔkɔ sia si su mía si la nye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe heganye agbanɔamedzi vevi aɖe. Yesu de se na mí be: “Mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ŋkume,” be wòaɖe vi na ame bubuwo hã. (Mat. 5:16) Esi egbexexea le gbɔgbɔmeviviti me ta la, ele be míana kekeli sia naklẽ na amewo, eye esia hiã vevie fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe! Aleke míate ŋu ana míaƒe kekeli naklẽ abe ale si Kristo wɔe ene?

2. Aleke Yesu ɖee fia be gbɔgbɔmekekelia tsɔtsɔ yi na amewo le vevie ŋutɔ?

2 To Gbeƒãɖeɖe Na Amewo Me: Yesu tsɔ nyateƒea ƒe kekelia yi na amewo le woƒe aƒewo me, le ablɔwo dzi, kple towo dzi—afi sia afi si wòakpɔ amewo le ko—eye wòzã eƒe ɣeyiɣi, ŋutete, kple nunɔamesiwo le dɔ sia wɔwɔ me. Enya viɖe mavɔ si le kpekpe ɖe amewo ŋu be gbɔgbɔmenumekɔkɔ vavãtɔ nasu wo si me. (Yoh. 12:46) Be esia naɖo ame geɖe wu gbɔ la, Yesu dzra eƒe nusrɔ̃lawo ɖo be woanye “xexea ƒe kekeli.” (Mat. 5:14) Nusrɔ̃lawo naa woƒe kekeli klẽna to nyuiwɔwɔ na woƒe aƒelikawo kple gbɔgbɔmenyateƒea gbɔgblɔ na wo me.

3. Aleke míaɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe nyateƒea ƒe kekelia ŋu vavã?

3 Mawu ƒe amewo bua agba si le wo dzi be ‘woayi edzi anɔ zɔzɔm abe kekeli ƒe viwo ene’ eye woaɖe gbeƒã na amewo le afi sia afi si woakpɔ wo le la ŋkubiãnyae. (Ef. 5:8) Biblia la alo Kristotɔwo ƒe agbalẽwo xexlẽ le dutoƒo, le dɔ me alo suku, le ɖiɖiɖemeɣi, ɖeɖe gɔ̃ hã ate ŋu aʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na mí be míadzro Ŋɔŋlɔawo me kple amewo. Mɔ sia dzie nɔvinyɔnu ɖetugbuivi aɖe to dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple eƒe sukuhati aɖe eye wòna agbalẽ eƒe sukuhati 12 bubuwo!

4. Be míana míaƒe kekeli naklẽ la, nu ka tae míaƒe agbenɔnɔ hã wɔa akpa aɖe?

4 To Dɔwɔwɔ Nyuiwo Dzi: Be míana míaƒe kekeli naklẽ la, míaƒe agbenɔnɔ hã wɔa akpa aɖe. (Ef. 5:9) Amewo dea dzesi ale si mí Kristotɔwo míenɔa agbee le míaƒe dɔwɔƒe, suku, kple teƒe bubu siwo amewo nɔna, eye esia ʋua mɔnukpɔkpɔ ɖi na mí míegblɔa Biblia me nyateƒea na wo. (1 Pet. 2:12) Le kpɔɖeŋu me, ŋutsuvi ƒe atɔ̃ vi aɖe ƒe agbenɔnɔ nyui ʋã eƒe nufiala wòna woyɔ ŋutsuvia dzilawo nɛ. Egblɔ be, “Nyemekpɔ ɖevi aɖeke si nɔa agbe nyui alea gbegbe kpɔ o!” Ɛ̃, míaƒe subɔsubɔdɔa kple míaƒe agbenɔnɔ nyui hea amewo ɖe “agbe ƒe kekeli” la ŋu eye wònyea kafukafu na mía Mawu la.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe