INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/01 axa 1
  • Mitsɔ Dɔ Nyui Wɔwɔwo Kafu Yehowae

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mitsɔ Dɔ Nyui Wɔwɔwo Kafu Yehowae
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dɔ Nyui Siwo Nyea Kafukafu Na Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • ‘Èdoa Vevie Nu Le Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ Mea’?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Mide Dzi Ƒo Na Mia Nɔewo Hena Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
  • ‘Nye Kesinɔtɔ le Dɔ Nyui Wɔwɔ Me’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
km 2/01 axa 1

Mitsɔ Dɔ Nyui Wɔwɔwo Kafu Yehowae

1 Ne ahom sesẽ aɖe tu ɖi kpe wò la, aleke wòade dziwòe nye si be nàkpɔ bebeƒe! Ne xɔa me xɔ dzo hele dedie eye emetɔwo xɔ wò la, afima nɔnɔ adzɔ dzi na wò. Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa fiaa mɔ amewo be woasi tso Satana ƒe nuɖoanyia me ayi bebeƒe sia tɔgbe. Ðe míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ ate ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu woakpɔ alesi dedienɔƒe sia nɔnɔ vivinaea? Ẽ, elabena Yesu gblɔ be amewo ‘akpɔ míaƒe dɔ nyui wɔwɔwo eye woakafu mía Fofo si le dziƒowo.’—Mat. 5:16.

2 Aleke míate ŋu awɔ nu ale be míaƒe nuwɔnawo nahe ame bubuwo va Yehowa kple eƒe habɔbɔa gbɔe? Eyae nye be míana Yesu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Luka 6:31 kple 10:27 nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ dzi gbesiagbe. Esia aʋã mí míaɖe ɖetsɔleme afia mía havi amegbetɔwo lɔlɔ̃tɔe, wòana míato vovo le vivimadoɖeameŋu kple ɖekematsɔleme ƒe xexe sia me.

3 Nɔvinyɔnu aɖe si nɔ tɔdziʋu aɖe me kpɔe be ƒudzimɔzɔzɔ na be ɖetugbi aɖe dze dɔ ale gbegbe be mete ŋu nɔ eƒe vi sue la gbɔ kpɔm o. Nɔvinyɔnua kpɔ ɖevia gbɔ nɛ. Esi nyɔnua bia nusi yeawɔ atsɔ ada akpe nɛ la, nɔvinyɔnua gblɔ be: ‘Ne Yehowa Ðasefowo va gbɔwò la, dze agbagba nàɖo to wo.’ Nyɔnua wɔ nenema, eye fifia woa kple srɔ̃a wonye Ðasefowo. Dɔ nyui wɔwɔwoe na woxɔ Fiaɖuƒegbedasia.

4 Eku Ðe Míaƒe Agbenɔnɔ Katã Ŋu: Míaƒe agbenɔnɔ le afisi míele, le dɔwɔƒe alo le suku, kple le modzakaɖeɣiwo naa mía kple míaƒe mawusubɔsubɔ ŋuti nukpɔsusu aɖe va sua ame bubuwo si. Eyata anyo be míabia mía ɖokui be: ‘Aleke amewo bua mía kple nye ƒomeae? Ðe aƒelikawo bua míaƒe aƒea kple aƒea me be ele dzadzɛ hedze ŋkua? Ðe míaƒe dɔwɔhatiwo kple sukuhatiwo kpɔnɛ be míevana kaba eye míedoa vevie nua? Ðe ame bubuwo kpɔnɛ be míaƒe dzedzeme sɔ heɖea bubu fianaa?’ Míaƒe dɔ nyui wɔwɔwo ate ŋu ana Yehowa ƒe tadedeagu nadzro ame bubuwo ŋutɔ.

5 Petro xlɔ̃ nu be amewo aɖu fewu le Kristotɔwo ŋu. (Pet. I, 4:4) Ele be míakpɔ egbɔ be menye míaƒe agbenɔnɔ tae woaƒo nu gbegblẽ le mía ŋu o. (Pet. I, 2:12) Ne míaƒe gbesiagbenuwɔnawo kafu Mawu si míedea ta agu na la, míazu akaɖi siwo le kɔkɔƒe, si afia mɔ ame bubuwo ava dedienɔƒe si Yehowa na.—Mat. 5:14-16.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe