INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/01 axa 1
  • Kpɔ Gome le Nuŋeŋedɔa me Bliboe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔ Gome le Nuŋeŋedɔa me Bliboe
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Agbleawo Ƒu Hena Ŋeŋe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Minye Nuŋela Kpɔdzidzɔwo!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Miyi Nuŋeŋedɔa Dzi!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Wɔ Wò Ŋutete Katã Le Gbɔgbɔmenuŋeŋedɔ Gã La Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
km 5/01 axa 1

Kpɔ Gome le Nuŋeŋedɔa me Bliboe

1 Yehowa ƒe blema nyagblɔɖilawo kpakple Yesu Kristo ŋutɔ ƒo nu tso amewo nuƒoƒoƒudɔ aɖe ŋu. (Yes. 56:8; Xez. 34:11; Yoh. 10:16) Wole dɔ sia si nye gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui sia wɔm fifia le xexeame godoo. (Mat. 24:14) Esia na vovototo si le amesiwo subɔa Mawu kple amesiwo mesubɔnɛ o dome la va le dzedzem ƒã. (Mal. 3:18) Nukae nusia fia na mí?

2 Ame Ŋutɔ ƒe Agbanɔamedzi: Míate ŋu asrɔ̃ nu tso kpɔɖeŋu si Paulo, amesi xɔ ŋgɔ bliboe le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me, ɖo me. Ekpɔe dze sii be enye agbanɔamedzi na ye be yeaɖe gbeƒã ale be mɔnukpɔkpɔ nasu ame geɖewo si be woawo hã nate ŋu ase nyanyuia ne woaxɔ wo ɖe agbe. Esia ʋãe be wòwɔ dɔ kutrikukutɔe be yeaɖe wo. (Rom. 1:14-17) Ðe ɣeyiɣi vɔ̃ siwo dze ŋgɔ ameƒomea egbea meda agba gã ɖe mía dzi be míaɖe gbeƒã na amesiwo le míaƒe anyigbamama me oa?—Kor. I, 9:16.

3 Ɣeyiɣi si Bia Nuwɔwɔ Kpata: Woate ŋu atsɔ gbeƒãɖeɖedɔa asɔ kple amewo didi le afɔku teƒe aɖe. Ele be woadi amewo eye woakplɔ wo yi dedienɔƒe hafi wòatsi megbe fũ akpa. Ɣeyiɣi si susɔ la le kpuie. Amewo ƒe agbe ɖo afɔku me! Mewɔ nuku o be Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo be woaɖe “kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.”—Mat. 9:38.

4 Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖewo va dzi woƒe agbeɖeɖedɔa ɖe edzi, esi wova kpɔ hiahiã kpata si le dɔa ŋu egbea ta. Ƒewuivi aɖe si ŋkɔe nye Hirohisa le dzilaɖekɛƒome aɖe si me eyomevi ene le la me. Efɔna ŋdi ga etɔ̃ ɖadzraa nyadzɔdzɔgbalẽ tsɔ doa alɔ eƒe ƒomea. Le esiawo katã me hã la, Hirohisa di be yeawɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me, eyata edze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme. Ðe mɔ aɖewo li si dzi nàte ŋu ato awɔ geɖe le subɔsubɔdɔ si womagawɔ ake o la mea?

5 ‘Ɣeyiɣi si susɔ la le kpuie.’ (Kor. I, 7:29) Eyata mina míawɔ míatɔ sinua le dɔ vevi si wɔm wole le anyigba dzi egbea me—si nye gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ. Yesu tsɔ subɔsubɔdɔa sɔ kple nuŋeŋedɔ aɖe. (Mat. 9:35-38) Ne míete ŋu wɔ geɖe le nuŋeŋedɔa me la, ku siwo míaƒe agbagbadzedze atse la dometɔ aɖe anye kpekpe ɖe ame aɖe ŋu be woava zu subɔla ameha gã siwo ŋu nya wogblɔ le Nyaɖeɖefia 7:9, 10 me tɔ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe