INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/01 axa 1
  • Ðe Nèle Wò Subɔsubɔdɔa Wɔm Tsitotsitoa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nèle Wò Subɔsubɔdɔa Wɔm Tsitotsitoa?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Nàdzra Ðo ɖe Magazine Nana Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Na Magazine Siwo Ðia Ðase Na Nyateƒe La
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Wò Ŋutɔ Dzra Wò Magazinenana Ƒe Dzeɖonya Ðo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Alesi Míawɔ Kpɔɖeŋu Dzeɖonyawo Ŋudɔe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
km 9/01 axa 1

Ðe Nèle Wò Subɔsubɔdɔa Wɔm Tsitotsitoa?

1 Wogblɔ na mí le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo wɔ woƒe subɔsubɔdɔa bliboe esi ‘woɖi ɖase tsitotsito’ na amewo. (Dɔw. 2:40; 8:25; 28:23) Ðikekemanɔmee la, emae nye apostolo Paulo ƒe taɖodzinu. (Dɔw. 20:24) Wò amesi nye nyanyuigbeƒãɖela, ɖe menye emae nye wò hã wò taɖodzinu oa? Aleke nàte ŋu awɔ esia ade goe?

2 Dzra Wò Dzeɖonya la Ðo: Be nàte ŋu aɖi ɖase nyuie le gbeadzi la, dzadzraɖo do ŋgɔ hiã. Esia le alea vevietɔ ne èle magazine nam, elabena woƒe nyatiwo trɔna ɣesiaɣi. Be woakpe ɖe mía ŋu míadzra ɖo nyuie la, wole ɖoɖo yeye aɖe gɔme dzem tso Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe tata sia dzi—eyae nye be woŋlɔ kpɔɖeŋu dzeɖonya siwo míate ŋu azã le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazine yeyewo nana me la ɖe aɖaka si le miame la me. Woaƒo nu tso nyati aɖe si sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi si ado dzidzɔ na ame geɖe ŋu le tata ɖesiaɖe me. Aleke nàte ŋu atrɔ asi le dzeɖonya kpui siawo ŋui?

3 Tia nyagbɔgblɔ si nèkpɔ be awɔ dɔ wu le wò anyigbamama me. Xlẽ nyati si ŋu woƒo nu tsoe nyuie, eye nàde dzesi nyati siwo tututu ate ŋu anyɔ amewo ƒe ɖetsɔleme. Di mawunyakpukpui aɖe le magazinea me si sɔ ɖe numedzodzroa nu si nàte ŋu axlẽ na aƒemenɔlaa. Gblɔ nyataƒonya kpui aɖe tsɔ de dzi ƒoe na wò nyasela be wòaxlẽ magazinea kple nya kpui aɖe be aƒemenɔlaa ate ŋu adzɔ nu hena Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔa dodo ɖe ŋgɔ. Azɔ gato wò dzeɖonyaa me ake.

4 Dzra Ðo Ðe Biblia Zazã Ŋu: Zi geɖe ne èdzra ɖo nyuie do ŋgɔ la, àte ŋu ade mawunyakpukpui aɖe nya si nàgblɔ me. Le kpɔɖeŋu me, le teƒe geɖe la, gbeƒãɖela siwo kpɔ nuteƒe le dzidzedze kpɔm ne wotsɔ Biblia ɖe asi yi ʋɔtrua nu, wodo gbe na aƒemenɔla, eye wogblɔ be:

◼ “Míele amewo biam nenye be woxɔ nya sia dzi se . . .” Xlẽ Mose I, 1:1, eye nàbia be: “Èlɔ̃ ɖe edzi be nya ma le emea?” Ne amea lɔ̃ ɖe edzi la, ekema gblɔ be: “Nye hã melɔ̃ ɖe edzi. Gake ɖe nèsusu be ne Mawue wɔ nuwo katã la, ekema eya ke gbɔe vɔ̃ɖinyenye hã tsoa?” Ne èse amea ƒe ŋuɖoɖoa vɔ la, xlẽ Nyagblɔla 7:29. Ʋu Sidzedze-gbalẽa ƒe axa 71, eye nàxlẽ memama 2 lia. De dzi ƒo na amea be wòaxlẽ agbalẽa. Ne aƒemenɔla melɔ̃ ɖe Mose I, 1:1 me nyawo ƒe nyateƒenyenye dzi o la, de dzi ƒo nɛ be wòaxlẽ Creation-gbalẽa.

5 Gatrɔ Yi Afisiwo Katã Woɖe Ðetsɔleme Fia Le: Màte ŋu awɔ wò subɔsubɔdɔa bliboe ne mètrɔ yi afisiwo woɖe ɖetsɔleme fia le o. Ne amea do vivi ɖe dzeɖoɖoa ŋu la, eɖa xɔ magazine alo agbalẽ bubu aɖe o, ŋlɔ amea ƒe ŋkɔ kple adrɛs da ɖi. Dze agbagba vevie nàtrɔ ayi amea gbɔ kaba be nàtu eƒe ɖetsɔleme ɖo. Dze agbagba ɖesiaɖe nàdo Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ɖe egbɔ.

6 Ƒe alafa gbãtɔ me nusrɔ̃lawo nyae be Yesu de se na yewo be ‘yewoaɖi ɖase tsitotsito.’ (Dɔw. 10:42) Se ma ke wode na míawo hã, elabena ema koe nye mɔ si dzi míate ŋu ato awɔ nusrɔ̃lawo. (Mat. 28:19, 20) Mina míawɔ míaƒe ŋutete ɖesiaɖe be míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa tsitotsito.—Tim. II, 4:5.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe