Wɔ Mawu ƒe Nya la Ŋudɔ Nyuie
1 Esi wònɔ ɖase ɖim na dziɖuɖumegã aɖe la, “Filipo ke nu, eye wòdze gɔme tso Ŋɔŋlɔ [aɖe] dzi hegblɔ Yesu ŋu nyanyui la fiae.” (Dɔw. 8:35) Filipo nɔ ‘nyateƒenya la ŋudɔ wɔm nyuie.’ (Tim. II, 2:15) Gake egbea la, dzikpɔla mɔzɔlawo va de dzesii be gbeƒãɖela geɖe mezãa Biblia la edziedzi ne wole ɖase ɖim o. Ðe nèzãa Biblia la le wò subɔsubɔdɔa mea?
2 Mawu ƒe Nya la mee nusianu si míexɔ se eye míefiana la tso. (Tim. II, 3:16, 17) Eyae nye nusi hea amewo vaa Yehowa gbɔ eye wòfiaa nu wo hena agbekpɔkpɔ. Eyata ele vevie be míazã Biblia la le míaƒe subɔsubɔdɔa me tsɔ wu be míaɖo dze tso nyati siwo vivia mía nu ŋu gbadzaa ko. (Heb. 4:12) Esi wònye be ame akpa gãtɔ menya nu boo aɖeke tso Biblia me o ta la, ele vevie be míaxlẽe tẽ atsɔ afia wo mɔfiame ŋutɔŋutɔ si wònana kple etsɔmemɔkpɔkpɔ si le eme na amegbetɔƒomea.
3 Xlẽ Nya tso Biblia Me Tẽ: Ðewohĩ èdi be yeaɖi ɖase esi mèlé gbeadzidekplo ɖe asi o. Àte ŋu atsɔ agbalẽ si nèdi be yèana la ade agbalẽkplo gbadzɛ aɖe me, ahalé Biblia la ɖe asi alo adee wò kotoku me. Ekema ne èle dze ɖom kple ame aɖe la, àte ŋu aɖe Biblia la ɖe go bɔbɔe si mana amea nase le eɖokui me be ɖe nèdi be yeagblɔ mawunya na ye o. Trɔ ɖe eŋu alesi dze be wò nyasela nate ŋu anɔ Biblia me kpɔm ne èle exlẽm. Ðewohĩ àte ŋu ana wòaxlẽ kpukpui aɖe. Ne eya ŋutɔ kpɔ nusi Biblia la gblɔ kple ŋku la, ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe edzi tsɔ wu be wòasee tso gbɔwò ko. Ke hã be nàkpe ɖe eŋu wòase mawunyakpukpuia gɔme la, te gbe ɖe nya siwo ahe gɔmesesea ɖe go la dzi.
4 Dzeɖoɖoa Tutu Ðe Mawunyakpukpui Ðeka Dzi: Ne èɖe ɖokuiwò nu vɔ la, àte ŋu agblɔ be: “Ame geɖe ɖoa ŋu ɖe mɔfiame xɔxɔ tso teƒe vovovo le woƒe agbenɔnɔ me ŋu. Afikae nèbu be eyae nye teƒe nyuitɔ kekeake si mɔfiame vavãtɔ atso? [Na wòaɖo eŋu.] Nukae nèsusu tso nya si wogblɔ le afisia ŋu? [Xlẽ Lododowo 2:6, 7, eye na wòagblɔ eƒe susu.] Amegbetɔ ƒe nunya ƒe blibomademade dze ƒã nublanuitɔe, eye wòna mɔkpɔkpɔ bu ɖe ame geɖe. Gake Mawu ƒe nunya nye esi ŋu kakaɖedzi kple viɖe nɔna ɣeawokatãɣi.” Ekema tsɔ agbalẽ si nam nèle la fiae, eye nàfiae Mawu ƒe nunya si ɖea vi ƒe kpɔɖeŋu ɖeka tso eme.
5 Yesu zã Ŋɔŋlɔawo tsɔ kpe ɖe dzianukwaretɔwo ŋu. (Luka 24:32) Paulo tsɔ Ŋɔŋlɔawo ɖo kpe nusiwo wòfia dzi. (Dɔw. 17:2, 3) Míaƒe kakaɖedzi kple dzidzɔ le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me adzi ɖe edzi ne míeva bi ɖe edzi wu le Mawu ƒe Nya la ŋudɔwɔwɔ nyuie me.