INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/02 axa 4
  • Mina Mí Katã Míawɔ Nu Aduadu Ðekae

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mina Mí Katã Míawɔ Nu Aduadu Ðekae
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kristotɔwo Ƒe Ðekawɔwɔ Hea Ŋutikɔkɔe Vanɛ Na Mawu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Kristotɔwo ƒe Ðekawɔwɔ Vavã—To Mɔ Ka Nu?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Yehowa Le Eƒe Ƒomea Nu Ƒom Ƒu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Ðekawɔwɔ Xɔasi Le Yehowa Ƒe Ƒomea Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
km 7/02 axa 4

Mina Mí Katã Míawɔ Nu Aduadu Ðekae

1 Ðe alesi wowɔ wò ametia nyuie aɖaŋutɔe la mewɔa nuku na wò zi geɖe oa? (Ps. 139:14) Ametia ƒe ŋutinu ɖesiaɖe wɔa dɔ aduadu kple bubuawo nyuie. Mawu ƒe Nya la tsɔ Kristo-hamea sɔ kple alesi ametia ƒe akpa vovovoawo wɔa dɔ kple wo nɔewo ɖekae. Le Kristo si nye hamea ƒe Ta ƒe kpɔkplɔ te la, ‘wobla’ hamea me tɔ ɖesiaɖe ‘abe ŋutinu ene ɖekae, eye wokpe ƒunukpeƒewo katã ɖe wo nɔewo nu, be ɖesiaɖe nawɔ dɔ alesi hiã.’ (Ef. 4:16a) Le esia ta Yehowa te ŋu zãa eƒe ame siwo wɔ ɖeka la le nu wɔnukuwo wɔwɔ me.

2 Ƒe alafa gbãtɔ me hamea me tɔwo katã wɔ nu “kple tame ɖeka” le wo nɔewo ƒe gbɔgbɔ me kple ŋutilã me nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ me. (Dɔw. 2:44-47) Esi Yehowa le megbe na wo ta la, wowɔ ɖeka nɔ te ɖe tsitretsiɖeŋu sesẽwo nu dzidzedzetɔe. (Dɔw. 4:24-31) Afisiafi si woyi la, wogblɔ Fiaɖuƒegbedasia eye wotsɔ nyanyuia kpe xexe si wonya nyuie ɣemaɣi la ɖo. (Kol. 1:23) Le míaƒe ɣeyiɣiawo me la, Kristo-hamea wɔ ɖeka le gome kpɔm le dɔ mawo ke wɔwɔ me le mɔ si lolo wu kura nu. Nukawoe na ɖekawɔwɔ sia le wo me?

3 Mawu ƒe Nufiafia Te Mí Ƒo Ƒu Ðekae: Míewɔ ɖeka le xexeame godoo le míaƒe tadedeagu me. Aleke esia na míewɔ ɖekae? Míeda asi ɖe mɔ si dzi tom Yehowa le le gbɔgbɔ me ‘nuɖuɖu nam mí le ɣeyiɣi nyui dzi’ la dzi. (Mat. 24:45) Míedea asixɔxɔ ‘nunana siwo nye amewo’ si wòna be woanye nufialawo le hamea me hã ŋu. Esi míelɔ̃ ɖe nunana siwo Yehowa tsɔ le mía nyim le gbɔgbɔ me dzi ɖokuibɔbɔtɔe ta la, míele Mawu ƒe Nya la gɔme sem ɖe edzi wu eye wòʋãa mí katã be míasrɔ̃ Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo. Ele be míayi Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ dzi, eye míadze agbagba vevie ‘aɖo xɔse ƒe ɖekanyenye gbɔ.’ (Efe. 4:8, 11-13) Ðe nèle Biblia la xlẽm gbesiagbe, be wò hã nàkpɔ gome le míaƒe gbɔgbɔ me ɖekawɔwɔa mea?

4 Kristotɔwo ƒe Hadedewo Naa Míewɔa Ðeka: Lɔlɔ̃ tea mí ƒoa ƒu ɖekae le hadede kplikplikpli me le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me. ‘Míeléa ŋku ɖe mía nɔewo ŋu’ le kpekpe siawo me. (Heb. 10:24, 25) Esia bia be míakpɔ nu ayi ŋgɔe wu mía nɔviwo ƒe gotagome dzedzeme ko, ebia be míadze si wo nyuie ŋutɔŋutɔ, eye míakpɔ wo abe alesi Yehowa kpɔa woe ene be wonye amesiwo ŋu asixɔxɔ le na mí. (Xag. 2:7, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ.) Ne míeɖoa to alesi woʋua woƒe xɔse mee la, lɔlɔ̃ si le mía me na wo tsina ɖe edzi eye míaƒe ɖekawɔwɔa me gasẽna ɖe edzi. Ðe wodze si wò be nènye amesi dea hamea ƒe kpekpewo ɣesiaɣia?

5 Hatidɔwɔlawo le Gbeadzi: Ðekawɔwɔ kple mía hati xɔsetɔwo le nyanyuia gbɔgblɔ me na míewɔa ɖeka le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me. Apostolo Paulo de asixɔxɔ amesiwo nye eƒe ‘hadɔwɔlawo na Mawu ƒe fiaɖuƒea’ ŋu vevie. (Kol. 4:11) Nuteƒekpɔkpɔwo gbɔgblɔ na mía nɔewo kple kpekpe ɖe mía nɔewo ŋu le gbeadzi kpena ɖe mía ŋu be míewɔa Kristotɔwo ƒe dɔ si wode asi na mí eye wògadoa ŋusẽ míaƒe ɖekawɔwɔ ƒe nublanu la.—Kol. 3:14.

6 Gbɔgbɔ Kɔkɔea Naa Míewɔa Ðeka: Esi míeyi edzi le Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la, ekɔa eƒe gbɔgbɔ ɖe mía dzi. Esia kpena ɖe mía ŋu míeɖɔa masɔmasɔwo ɖo eye míenɔa anyi kple mía nɔewo ɖekae le ŋutifafa me. (Ps. 133:1) Esia ʋãa mí be “míadzra gbɔgbɔ ƒe ɖekanyenye la ɖo le ŋutifafa ƒe nublanu la me!” (Ef. 4:3) Mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu akpe asi ɖe ɖekawɔwɔ si le Mawu ƒe amewo dome ŋu to gbɔgbɔa ƒe kutsetsewo ɖeɖe fia le nuwɔwɔ kple mía nɔewo me.—Gal. 5:22, 23.

7 Subɔsubɔ aduadu ɖekae le Kristo ƒe tanyenye te ‘naa ŋutilã la tsina eye wòtua eɖokui ɖo le lɔlɔ̃ me.’ (Ef. 4:16b) Gawu la, enyea bubu kple kafukafu na Yehowa, “ŋutifafa Mawu la.”—Rom. 16:20.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe