Ðe Nèwɔa Wò Akpa Dzi le Gbeadzikɔntabubu si De Pɛpɛpɛ Nuƒoƒoƒu Mea?
1 Biblia me nuŋlɔɖi geɖewo ƒo nu tso xexlẽdzesiwo ŋu ŋutɔŋutɔ, si kpe ɖe mía ŋu míenya nusi tututu dzɔ. Le kpɔɖeŋu me, Gideon tsɔ ŋutsu 300 pɛ ko tsɔ ɖu Midiantɔwo ƒe asaɖa dzi. (Ʋɔn. 7:7) Yehowa ƒe dɔla wu Asurtɔwo ƒe asrafo 185,000. (Fia. II, 19:35) Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi la, wona nyɔnyrɔ amesiwo anɔ 3,000, eye ema megbe kpuie la, xɔsetɔwo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi va ɖo ame 5,000. (Dɔw. 2:41; 4:4) Nuŋlɔɖi siawo na wòdze ƒã be Mawu subɔla siwo nɔ anyi le blema dze agbagba vevie le nuŋlɔɖi siwo de pɛpɛpɛ nuƒoƒoƒu me.
2 Yehowa ƒe habɔbɔa bia tso mía si egbea be míabu míaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa ƒe akɔnta ɣleti sia ɣleti. Alesi míawɔ nu aduadu ɖe ɖoɖo sia ŋu nuteƒewɔwɔtɔe ana gbeƒãɖeɖedɔa dzikpɔkpɔ nyuie nanɔ bɔbɔe. Akɔntabubuwo ate ŋu ana woanya subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖe si hiã be woawɔ asitɔtrɔ le alo teƒe siwo dɔwɔla geɖe wu hiã le. Le hamea me la, gbeadzikɔntawo kpena ɖe hamemegãwo ŋu wodea dzesi amesiwo ŋu ŋutete le be woate ŋu agawɔ geɖe le woƒe subɔsubɔdɔa me kple amesiwo ɖewohĩ hiã na kpekpeɖeŋu. Eye akɔntabubu siwo ku ɖe ŋgɔyiyi si le edzi yim le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ŋu dea dzi ƒo na Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa katã. Ðe nèle wò akpa dzi wɔm be akɔntabubuawo nade pɛpɛpɛa?
3 Agbanɔamedzi si Le Dziwò: Ne ɣletia ku la, ɖe wòsesẽna na wò be nàɖo ŋku subɔsubɔdɔ si nèwɔ dzia? Ne nenemae la, ke nukatae màŋlɔ dɔ si nèwɔ ɖi le gbeadzisubɔsubɔdɔ ɖesiaɖe ƒe nuwuwu teti o? Ame aɖewo zãna ɣletigbalẽ alo nuŋlɔɖigbalẽ na esia wɔwɔ. Ame aɖewo hã tsɔa gbeadzikɔntabubu gbalẽvi si dzi womeŋlɔ naneke ɖo o la ɖe asi. Ne ɣletia ku ko la, tsɔ wò akɔntabubua na wò agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla kaba. Alo ne èlɔ̃ la, àte ŋu atsɔ wò akɔntabubua de aɖaka si me wodaa akɔntabubuwo ɖo le Fiaɖuƒe Akpata me. Ne èŋlɔ be eye metsɔ wò gbeadzikɔntabubu na o la, ke tsɔe na wò agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla enumake tsɔ wu be nàlala be eya nabia ye hafi. Wò gbeadzikɔnta bubu si sɔ nyuie nana ɖe game dzi ɖenɛ fiana be èdea bubu Yehowa ƒe ɖoɖowo ŋu eye wònye lɔlɔ̃ ɖeɖe fia nɔviŋutsu siwo wodee asi na be woaxɔ akɔntabubuawo ahawɔ wo ŋuti nuŋlɔɖiwo.—Luka 16:10.
4 Akpa si Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ Dzikpɔla Wɔna: Abe alẽkplɔla si le klalo hetsɔa ɖe le eme ene la, agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla la tsɔa ɖe le ƒuƒoƒoa ƒe dɔwɔna le ɣleti bliboa me la me. (Lod. 27:23) Enyana nenye be gbeƒãɖela ɖesiaɖe kpɔa gome ŋutɔŋutɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me edziedzi kple dzidzɔ, eye wònaa kpekpeɖeŋu nɔvi aɖe enumake ne ede dzesi be mete ŋu kpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me le ɣleti bliboa me o. Zi geɖe la, nusi hiã koe nye dzideƒonya, aɖaŋuɖoɖo si le tẽ, alo wòakpee be wòawɔ dɔ kpli ye le gbeadzisubɔsubɔdɔa me.
5 Le ɣletia ƒe nuwuwu la, agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla kpɔa egbɔ be ƒuƒoƒoa me tɔ ɖesiaɖe tsɔ eƒe gbeadzikɔntabubu na ale be agbalẽŋlɔla la nate ŋu aɖo hamea ƒe akɔntabubu si de pɛpɛpɛ ɖe alɔdzedɔwɔƒea le ɣleti si akplɔe ɖo ƒe ŋkeke adelia dzi. Ne ɣletia ƒe nuwuwu le ɖoɖom la, anyo be wòaɖo ŋku gbeadzikɔntabubu tsɔtsɔ na dzi na ƒuƒoƒoa me tɔwo eye wòakpɔ egbɔ be gbeadzikɔntabubu ƒe agbalẽviawo le agbalẽ me nusɔsrɔ̃a wɔƒea. Ne ame aɖewo ŋlɔa woƒe akɔntabubuwo be la, ate ŋu anɔ ŋkuɖodzi siwo sɔ la nam wo ahanɔ dzi dem ƒo na wo.
6 Míaƒe gbeadzikɔntawo nana kaba wɔnɛ be wote ŋu ƒoa ƒu dɔ siwo katã míewɔ le gbeadzi wòdena pɛpɛpɛ. Ðe nàwɔ wò akpa dzi to wò gbeadzikɔntabubu nana kaba le ɣleti ɖesiaɖe ƒe nuwuwua?