‘Mikeke Mia Ðokui’
1. Agba kae le mía dometɔ ɖesiaɖe dzi?
1 Le Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me la, agba le mía dometɔ ɖesiaɖe dzi be míana dzidzɔ nanɔ hamea me. (Pet. I, 1:22; 2:17) Dzidzɔ sia vana ne ‘míekeke mía ɖokui’ le lɔlɔ̃ ɖeɖefia mía nɔewo me. (Kor. II, 6:12, 13) Nukatae wòle vevie be míanya mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo nyuie?
2. Nukatae wòle vevie be míadze xɔlɔ̃ haxɔsetɔwo?
2 Enaa Xɔlɔ̃dzedze me Sẽna ɖe Edzi: Ne míenya haxɔsetɔwo nyuie wu la, míeva dea asixɔxɔ woƒe xɔse, dzidodo, kple nɔnɔme nyui bubuwo ŋu bliboe wu. Woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo megaɖia naneke na mí o, eye esia nana xɔlɔ̃dzedzea me sẽna ɖe edzi. Ne míenya mía nɔewo nyuie la, enana míetua mía nɔewo ɖo hefaa akɔ na mía nɔewo nyuie wu. (Tes. I, 5:11) Míate ŋu ava zu ‘ŋusẽdoamelawo’ na mía nɔewo be míatsi tre ɖe Satana ƒe xexea ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo ŋu. (Kol. 4:11) Le ŋkeke mamlɛ siawo siwo me xaxa geɖe le alea la, aleke gbegbe míedaa akpee nye esi be xɔlɔ̃ nyuiwo le mía si le Yehowa ƒe amewo dome!—Lod. 18:24.
3. Aleke míawɔ ado ŋusẽ ame bubuwo?
3 Xɔlɔ̃ siwo mía kpli wo dome le kplikplikpli la ate ŋu ado ŋusẽ mí ahafa kɔ na mí ne míedze ŋgɔ dodokpɔ sesẽwo. (Lod. 17:17) Kristotɔ aɖe si sena le eɖokui me be viɖe aɖeke mele ye ŋu o gblɔ be: “Xɔlɔ̃wo nɔ anyi siwo gblɔ dzideƒonyawo tso ŋunye eye esia kpe ɖe ŋunye menɔ te ɖe nukpɔsusu gbegblẽ siwo nɔ asinye la nu.” Xɔlɔ̃ siawo tɔgbe nye yayra tso Yehowa gbɔ.—Lod. 27:9.
4. Aleke míawɔ anya amewo le hamea me nyuie wu?
4 Tsɔ Ðe Le Amewo Me: Aleke míawɔ akeke mía ɖokui le lɔlɔ̃ ɖeɖefia haxɔsetɔwo me? Tsɔ kpe ɖe gbedodo na amewo le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me ŋu la, dze agbagba nàɖo dze tuameɖo kpli wo. Togbɔ be màdi be yeade nu ameawo ŋutɔ ƒe nya siwo meka wò o me o hã la, tsɔ ɖe le wo me. (Fil. 2:4; Pet. I, 4:15) Mɔ bubu si dzi nàɖe ɖetsɔtsɔ le amewo me afia lee nye be nàkpe wo be woava ɖu nu kpli ye. (Luka 14:12-14) Alo ɖewohĩ àwɔ ɖoɖo be yeawɔ dɔ kpli wo le gbeadzi. (Luka 10:1) Ne míedze agbagba le mía ɖokui si be míanya mía nɔviwo la, ekema míele ɖekawɔwɔ dom ɖe ŋgɔ le hamea me.—Kol. 3:14.
5. Mɔ siwo dzi míato akeke mía ɖokui le xɔlɔ̃dzedze me dometɔ ɖekae nye ka?
5 Ðe míetiaa amesiwo mía kpli wo míenye hati alo amesiwo kpɔa dzidzɔ ɖe nusiwo míawo hã míelɔ̃na ŋu ko be woanye míaƒe zɔhɛ kplikplikpliwoa? Mele be míana nusiawo naxe mɔ ɖe xɔlɔ̃dzedze si míatu ɖo le hamea me la nu o. Dawid kple Yonatan kpakple Rut kple Naomi tu xɔlɔ̃wɔwɔ kplikplikpli ɖo togbɔ be womexɔ ƒe ɖeka tɔgbe o eye teƒe vovovoe wotso hã. (Rut 4:15; Sam. I, 18:1) Ðe nàte ŋu akeke wò xɔlɔ̃dzedzea ɖe enua? Esia wɔwɔ ahe yayra siwo míele mɔ kpɔm na o vɛ na mí.
6. Viɖe siwo dona tso mía ɖokui keke le lɔlɔ̃ ɖeɖefia mía nɔviwo me dometɔ aɖewo ɖe?
6 Ne míekeke mía ɖokui le lɔlɔ̃ ɖeɖefia amewo me la, ekema míele ŋusẽ dom mía nɔewo eye míele ŋutifafa dom ɖe ŋgɔ le hamea me. Gawu la, Yehowa ŋutɔ yraa mí le lɔlɔ̃ si míeɖena fiana amewo ta. (Ps. 41:2, 3; Heb. 6:10) Nukatae màɖoe wò taɖodzinui be yeanya ame geɖe alesinu nàte ŋui o?