Alesi Teokrasi Subɔsubɔ Sukua Ðea Vi na Míi
1 Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe su Yehowa ƒe amewo si be woaxɔ hehe si tso eyama gbɔ. (Yes. 54:13; Yoh. 6:45) Gake viɖe si míakpɔ tso hehexɔxɔ sia me la nɔ te ɖe agbagba si gbegbe míadze dzi. Àte ŋu ade dzesi vi siwo ɖem Teokrasi Subɔsubɔ Sukua le na wò le gbɔgbɔ mea?
2 Nya Nyui Siwo Amewo Gblɔ: Sukudzikpɔla geɖe de dzesii be nuƒoƒo ƒe nudidiwo me dzodzro nyuie na woƒe hamea ƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa nyo ɖe edzi wu. Hekpe ɖe eŋu la, sukudzikpɔla aɖe kpɔe be esi nyaselawo kpɔa gome fifia le Biblia me dzodzro me ta la, ame geɖe le Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖi si li la dzi wɔm. Nɔviŋutsu geɖe gblɔe be esi ŋgɔdonya kple nyataƒonya megale Dɔdasi 2 lia ŋu o ta la, ena yewozã ɣeyiɣia nyuie wu ɖe nusi woaxlẽ la ŋu wòle vi ɖem geɖe. Amesiwo wodea dɔ sia asi na la le ŋku lém ɖe alesi woana woƒe nuxexlẽ nanyo ɖe edzi wu la ŋu.—Tim. I, 4:13.
3 Ate Ŋu Aɖe Vi na Amesiame: Nyaŋuɖoɖo le kpekpewo me te ŋu doa dzidzɔ na ame ŋutɔ. (Lod. 15:23) Numetotobiabiawo xɔxɔ do ŋgɔ na míedzrana ɖo ɖe numetotoa ŋu hekpɔa gome le eme bɔbɔe. Gakpe ɖe eŋu la, tso Gbetakpɔxɔ, January 1, 2004 ƒe tata dzi la, nya vevi siwo tso Biblia ƒe agbalẽwo me dzena wòsɔna ɖe akpa siwo wode asi be míaxlẽ le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me la nu. Nyati siawo kpe ɖe ame geɖe ŋu wona ŋuɖoɖo tuameɖowo le Biblia me dzodzro me.
4 Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ le amesiame si ŋlɔ ŋkɔ ɖe sukua me si be wòadzra dɔdasiwo ɖo ahawɔ wo. Nya tuameɖo siwo sukudzikpɔlaa gblɔna le nuƒolanɔƒea ate ŋu aɖe vi na mí katã. Aɖaŋu tɔxɛ siwo wòaɖo na sukuvi le adzame le kpakpã megbe hã gaɖea vi na sukuviawo. Nuƒoƒo ƒe nudidi me dɔdasi siwo dze le ta ɖesiaɖe ƒe nuwuwu le Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò ƒe agbalẽ me la gakpena ɖe mía ŋu le mɔ bubuwo nu.
5 Ne woɖo aɖaŋu nyui aɖewo na wò tso Ŋɔŋlɔawo me le sukua wɔɣi alo le kpakpã megbe la, de dzesi wo ɖe wò Subɔsubɔ Suku nusrɔ̃gbalẽa me. De ŋugble le nusiwo srɔ̃m nèle ŋu, eye kpɔe ɖa be aleke hehe sia si nam Mawu le la le kpekpem ɖe ye ŋu le gbɔgbɔ me ŋgɔyiyi wɔwɔ mee hã.