Viɖekpɔkpɔ tso Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me Bliboe
1 Teokrasi Subɔsubɔ Sukua le akpa vevi aɖe wɔm le ‘nufiafiaɖaŋu’ ƒe hehenana mí me bene míate ŋu agblɔ Biblia me nyateƒea na ame bubuwo nyuie wu. (Tim. II, 4:2) Gɔmesese xɔasiwo sua mía si le Biblia me nyati vovovowo ŋu kwasiɖa sia kwasiɖa. Aleke míakpɔ egbɔ be nufiame vevi siwo suku sia naa mí la naɖe vi na mí bliboe?
2 Lé to ɖe sukudzikpɔla la ƒe kpekpenuʋunyawo ŋu vevie ne ele nu nyui siwo nàsrɔ̃ le kpekpea me ƒe nya vevi aɖewo gblɔm. De ŋugble le nya sia nya si wòabia kple alesi nàwɔ wo ŋudɔ le wò subɔsubɔdɔa mee la ŋu.
3 Menye agbalẽ me numedzodzro koe nufiamenuƒoa nye o. Etea gbe ɖe nya la ƒe vevienyenye kple alesi wòaɖe vi na wò ŋutɔe la dzi. Dzadzraɖo do ŋgɔ akpe ɖe ŋuwò be wò susu nanɔ nya veviawo dzi wu eye wò hã nàɖo nya ŋu ne wobia nya.
4 Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ edziedzi ana nàse Mawu ƒe Nya la gɔme ɖe edzi. Numekuku siwo nàgawɔ ana nàke ɖe nu yeye kple nya goglo siwo adzi wò nyateƒea gɔmesese ɖe edzi wu la ŋu. Biblia me nya veviwo gbɔgblɔ menye Biblia me nyawo gbugbɔgagblɔ ko o. Ne nuƒola la to nusi ŋu ŋɔŋlɔawo ku ɖo me kpuie vɔ la, ate gbe ɖe nyati vevi siwo le akpa si wode esi la dzi eye wòagblɔ alesi woku ɖe míaƒe agbenɔnɔ kple tadedeagu ŋui. Ðo to nyuie bena nàte ŋu asrɔ̃ alesi nàwɔ Biblia me nufiame ŋudɔ nyuie wu—Ps. 119:105.
5 Ne wode sukuvi ƒe dɔdasi asi na wò la, lé ŋku ɖe akpa si dzi nèɖo si ŋuti woaɖo aɖaŋu na wò le la ŋuti. Xlẽ aɖaŋu siwo woɖo le School Guidebook me le nuƒo ƒe nɔnɔme ŋu la ŋuti, eye nàdze agbagba awɔ wo ŋudɔ. Ne èle wò nuƒoa dzram ɖo la, dze agbagba nàte gbe ɖe nya vevi siwo ŋudɔ anya wɔ le gbeadzi la dzi.—sg axa 96-9.
6 Ne ènye nɔvinyɔnu si si wode Nuƒo 3 alo 4 lia asi na la, dze agbagba nàwɔe wòasɔ ɖe alesi nɔnɔmeawo le nu. Ðewohĩ aƒemenɔlaa alɔ̃ ɖe nya sia nya si nègblɔ la dzi alo malɔ̃ ɖe edzi o; dze agbagba nàfia alesi nàkpe ɖe amea ŋu be wòade ŋugble le Biblia me gɔmeɖose veviwo ŋuti. (sg axa 153-8) Esia akpe ɖe nyaselawo ŋu be woakpɔ alesi woaɖo tsitretsiɖeŋunya siwo woado goe le gbeadzi la ŋu. Dzra ɖo nyuie do ŋgɔ, eye mia kple wò aƒemenɔla miato eme do ŋgɔ. Magahiã be miato eme ne kpekpea dze egɔme o.
7 Wode dzi ƒo na sukuvi siwo si dɔ le la be woanɔ anyi ɖe ŋgɔgbezikpuiwo dzi. Esia megblẽa ɣeyiɣi o eye sukudzikpɔla te ŋu ɖoa aɖaŋu na amea tẽ wu. Aɖaŋu siwo wòaɖo tso School Guidebook me tufafatɔe la ate ŋu aɖe vi na amesiame. Mahiã kokoko be wòabia nuƒo ŋuti nudidiawo ɖe alesi woɖo wo ɖe Nuƒo Ŋuti Aɖaŋuɖogbalẽvia dzii la nu o; atia nusi ŋu wòaɖo aɖaŋu tsoe na wò le nusi hiã wò fifia la nu bena nàte ŋu awɔ ŋgɔyiyi nyuitɔ.
8 Susu nyui siawo katã tae wòle be míadzra ɖo ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua ŋu ahade ɖo. Nusiwo wofiaa mí la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míadze nunya eye míabi le subɔsubɔdɔa me.—Lododowo 1:5.