INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/05 axa 3-5
  • Ŋkuɖodziɖuɣia—Dɔ Geɖe Wu Wɔɣie

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋkuɖodziɖuɣia—Dɔ Geɖe Wu Wɔɣie
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Míagate Ŋu Awɔea?—Míegale Kpekpeɖeŋu Mɔɖelawo Dim
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • ‘Ði Ðase Tso Nya Nyui La Ŋu Tsitotsito’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Míehiã—Kpekpeɖeŋu Mɔɖela 5,000
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • “Ðe Gbeƒã Mawu ƒe Nya la Bliboe”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
km 2/05 axa 3-5

Ŋkuɖodziɖuɣia—Dɔ Geɖe Wu Wɔɣie

1. Dɔ kae “ŋkekenyuiwo” ɖuɖu wɔ ɖe Israel-vi mawuvɔ̃lawo dzi?

1 Le ɣeyiɣi ɖoɖi aɖewo dzi le ƒea me la, blema Israel-viwo ɖua ‘Yehowa ƒe ŋkekenyuiwo.’ (Mose III, 23:2) Esi wodia ɣeyiɣi tsɔ dea ŋugble le nu nyui siwo woƒe Mawu wɔ na wo ŋu ta la, wokpɔa dzidzɔ ŋutɔ eye dzo ɖoa wo me ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu.—Kron. II, 30:21–31:2.

2, 3. Nukatae wòsɔ be míadzi míaƒe gbɔgbɔmedɔwɔnawo ɖe edzi le Ŋkuɖodzia ɖuɣi, eye ɣekaɣie míele Ŋkuɖodzia ɖu ge?

2 Le egbeŋkekeawo me la, míaƒe teokrasi dɔwɔnawo dzina ɖe edzi ƒe sia ƒe le Ŋkuɖodzia ɖuɣi. Enye ɣeyiɣi si me míedea ŋugble vevie tso nunana xɔasitɔ kekeake si Yehowa na ɖe mía ta—ye ŋutɔ ƒe Tenuvi—la ŋu. (Yoh. 3:16; Pet. I, 1:18, 19) Esi míedea ŋugble tso lɔlɔ̃ si Mawu kple Via ɖe fia mí ŋu ta la, eʋãa mí be míakafu Yehowa eye míado vevie nu le eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me.—Kor. II, 5:14, 15.

3 Le ƒe sia me la, míaɖu Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua le Yawoɖa, March 24, le ɣeɖoto megbe. Aleke míawɔ adzi míaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa ɖe edzi le March, April, kple May ƒe ɣletiwo mee?

4, 5. (a) Nukae kpe ɖe nɔvi aɖewo ŋu woɖo ame geɖe gbɔ kple nyanyuia? (b) Gbeƒãɖeɖe mɔnu kae nèkpɔ be ewɔa dɔ nyuie le mia gbɔ?

4 Ame Geɖe Wu Gbɔ Ðoɖo: Ne èle gbeadzi la, dze agbagba nàɖe gbeƒã na ame geɖe alesinu nàte ŋui. Ðe nàte ŋu awɔ ɖoɖo awɔ dɔ tso aƒeme yi aƒeme le ɣeyiɣi si me ame akpa gãtɔ nɔa aƒeme, le ɣetrɔ alo fiẽ mea? Ne miaƒe agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒuƒoƒoa me tɔ aɖewo adi be yewoayi gbeadzi vie hafi ava nusrɔ̃ƒea la, anyo be agbalẽ me nusɔsrɔ̃a dzikpɔlaa nawɔ kpekpe kpui aɖe hena gbeadziyiyi be woate ŋu awɔ dɔ le anyigbamama si te ɖe afima ŋu me.

5 Mɔ bubu si dzi míato ake ɖe ame geɖe ŋue nye gbeƒãɖeɖe le gaglãgbe. Togbɔ be nɔvinyɔnu aɖe si le Japan wɔa dɔ le ŋkekea me katã hã la, edi be yeawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Hamemegã aɖe ɖo aɖaŋu nɛ be ate ŋu awɔ ablɔdziɖaseɖiɖidɔ le ketekedzeƒe aɖe si te ɖe eŋu gbesiagbe hafi ayi dɔ me. Esi wòɖu eya ŋutɔ ƒe vɔvɔ̃ kple dɔwɔla siwo le lalam be yewoaɖo ʋu ayi dɔ me dometɔ aɖewo ƒe fewuɖuɖu dzi vɔ la, ame 40 siwo dometɔ aɖewo nye mɔzɔlawo, dɔwɔla siwo le ketekedzeƒea, kple fiasetɔ siwo te ɖe afima ŋu va zu eƒe magazine ƒe ademɔwo. Enaa magazine 235 le mama dedie nu ɣleti ɖesiaɖe. Nuƒoƒo tso Ŋɔŋlɔa me nyawo ŋu ɣeyiɣi kpui aɖe gbesiagbe na amewo wɔe be nɔvinyɔnua te ŋu dze Biblia-nusɔsrɔ̃ ade wɔwɔ gɔme.

6. Mɔ kawo dzie sɔhɛwo ate ŋu ato adzi woƒe gbɔgbɔme dɔwɔna ɖe edzi?

6 Ðaseɖiɖi ƒe Mɔnukpɔkpɔwo: Sukuvi gbeƒãɖela geɖe xɔa mɔkeke le ƒea me. Ɣeyiɣi siawo ate ŋu anye mɔnukpɔkpɔ na wo be woawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔ. Hekpe ɖe eŋu la, sɔhɛ Kristotɔwo ate ŋu adzi woƒe dɔwɔna ɖe edzi ne woɖea gbeƒã le suku. Awɔ moyaa na wò be miaƒe sukuhatiwo adi vevie be nàƒo nu tso wò dzixɔse ŋu na yewo. Ðe manyo be nàzã ɣeyiɣi siwo mietsɔ ɖoa dze le sukuxɔ me alo nuŋɔŋlɔdɔdasiwo atsɔ ɖe gbeƒãe oa? Sɔhɛ aɖewo zãa míaƒe videowo tsɔ ɖea gbeƒãe. Ame aɖewo dze Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme kple sukuxɔmehatiwo eye wokpe ɖe wo ŋu wova ɖe adzɔgbe hexɔ nyɔnyrɔ. Mɔ nyui siwo dzi míato ‘akafu Yehowa ƒe ŋkɔ’ ƒe ɖewo nye esiawo.—Ps. 148:12, 13.

7. (a) Aleke nɔviŋutsu aɖe wɔ mɔnukpɔkpɔwo ŋudɔ tsɔ ɖe gbeƒã na amewoe? (b) Nuteƒekpɔkpɔ sia tɔgbe aɖe le asiwòa?

7 Le wò gbesiagbegbenɔnɔ me la, di mɔ siwo dzi nàto aƒo nu tso míaƒe Mawu wɔnuku la kple eƒe ŋugbedodo nyuiawo ŋu na amewo. Nɔvi aɖe si ɖoa keteke gbesiagbe yia dɔme la ɖea gbeƒã na mɔzɔla bubuwo ne mɔnukpɔkpɔa ʋu nɛ. Le kpɔɖeŋu me, ne ele keteke bubu lalam hena eƒe mɔzɔzɔa dzi yiyi le ketekedzeƒe aɖe la, eɖea gbeƒã na ɖekakpui aɖe abe miniti atɔ̃ ene gbesiagbe. Esia na be ɖekakpuia kple eƒe dɔwɔhati aɖe va lɔ̃ faa be yewoasrɔ̃ Biblia. Ne wole mɔzɔzɔa dzi yina la, wowɔa Biblia-nusɔsrɔ̃a le ketekea me. Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, nyɔnu tsitsi aɖe si nɔa to ɖom woƒe dzeɖoɖoawo la te ɖe nɔviŋutsua ŋu hegblɔnɛ be wòasrɔ̃ Biblia kpli ye. Eya hã le nu srɔ̃m dzidzɔtɔe le ŋkeke siwo dzi wòɖoa ketekea. To mɔ sia dzi la, nɔviŋutsua srɔ̃ nu kple ame vovovo ewo sɔŋ le ketekea me.

8. Gbeƒãɖeɖe mɔnu kae amesiwo tsitsi alo lãmesẽkuxiwo le fu ɖem na ate azã atsɔ adzi woƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa ɖe edzi?

8 Ke ne tsitsi alo lãmesẽkuxiwo wɔe be màte ŋu awɔ geɖe o ɖe? Mɔ aɖewo anɔ anyi godoo siwo dzi nàto adzi wò kafukafu na Yehowa ɖe edzi. Ète gbeƒãɖeɖe le telefon dzi kpɔa? Ne mènya alesi nàwɔe o la, gblɔe na wò agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla. Ate ŋu awɔ ɖoɖo be gbeƒãɖela siwo zãa mɔnu sia nawɔ dɔ kpli wò. Dɔ wɔwɔ kpli wo ana be miasrɔ̃ nu tso mia nɔewo gbɔ ahakpe ɖe mia nɔeawo ŋu be miaɖe gbeƒã nyuie. Telefon dzi gbeƒãɖeɖe ŋuti aɖaŋuɖoɖo nyui aɖewo dze le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, February 2001, axa 5-6.

9. Aleke míate ŋu akpe ɖe Biblia-nusrɔ̃viwo ŋu be woadze akpɔ gome le gbeadzi yiyi me kple hamea?

9 Ne ame yeyewo yi Ŋkuɖodzia la, ate ŋu aʋã wo woadzi woƒe kafukafu na Yehowa ɖe edzi. Àte ŋu akpe ɖe wo ŋu woaɖu vɔvɔ̃ na gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ le gaglãgbe dzi to gbeadzi nuteƒekpɔkpɔ siwo dea dzi ƒo na ame gbɔgblɔ na wo dzi, kple to hehe nana wo vivivi be woate ŋu aɖe Biblia ƒe nufiafiawo me ahaʋli woƒe dzixɔse tae dzi. (Pet. I, 3:15) Ne Biblia-nusrɔ̃vi aɖe di be yeadze gbeadzi yiyi gɔme la, gblɔe na zimenɔla. Awɔ ɖoɖo be woakpe kple nusrɔ̃via ato nu me kplii ahakpɔ be edze na gbeadzi yiyi mahã. Aleke gbegbe wòahado dzidzɔ na Yehowae enye si be wòakpɔ ame yeyewo woatiae be yewoanɔ eƒe akpa dzi le xexeame katã ƒe nya si fɔ ɖe te la me!—Lod. 27:11.

10. (a) Aleke ɖoɖowɔɖi nyui ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa? (b) Le ƒe si va yi me la, ɖe nète ŋu wɔ ɖoɖo wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le Ŋkuɖodziɖuɣia? Aleke nèwɔe?

10 Àte Ŋu Awɔ Kpekpeɖeŋu Mɔɖeɖedɔa? Ele be míabu kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ƒe gaƒoƒo nudidi si nye 50 la nu vevii. (Mat. 5:37) Esia fia be ahiã be nàkpɔ gaƒoƒo 12 le gbeadzi kwasiɖa ɖesiaɖe le mama dedie nu. Ðe kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ƒe ɖoɖowɔɖi ƒe kpɔɖeŋu siwo le axa 5 lia dometɔ aɖe asɔ na wòa? Ne ɖeke masɔ na wò o la, ɖe nàte ŋu awɔ ɖoɖo bubu si ana be nàwɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le March, April, alo May mea? Bia Yehowa be wòayra yeƒe agbagbadzedze be yeawɔ geɖe le gbeadzi subɔsubɔdɔa me.—Lod. 16:3.

11. Aleke hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo ate ŋu akpe ɖe amesiwo le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔ ge ŋui?

11 Hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo ado alɔ wò bliboe le wò agbagbadzedze be Ŋkuɖodziɖuɣi sia nanye kafukafu tɔxɛ na Yehowa la me. Ðewohĩ wo dometɔ geɖe awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Hamemegãwo awɔ ɖoɖo ɖe kpekpe hena gbeadziyiyi ŋu le ɣetrɔ me, fiẽ me, kple kwasiɖanuwuwuwo le mia gbɔ hiahiãwo nu atsɔ akpe ɖoɖo siwo le hamea si tsã. Be hamemegãwo nanya teƒe kple ɣeyiɣi siwo me woawɔ kpekpe siawo le kple amesiwo axɔ ŋgɔ le wo dzi kpɔkpɔ me la, ahiã be woaƒo nu kple amesiwo wɔ ɖoɖo koŋ be yewoawɔ mɔɖeɖedɔa kpakple amesiwo le eŋu bum. Hamemegãwo adze agbagba awɔ ɖoɖoawo ale be nàte ŋu akpɔ gbeƒãɖela bubuwo awɔ dɔ kplii le ŋkeke kple ɣeyiɣi siwo nèɖo ɖi dzi. Ewɔwɔ alea ana be tameɖoɖowo nadze edzi eye yayra geɖe ado tso eme.—Lod. 20:18.

12. Nukae ʋãna mí be míakafu Yehowa ɣeawokatãɣi?

12 Wɔ Wò Ŋutete Ðesiaɖe: Ne wò nɔnɔmewo meɖe mɔ be nàwɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa o hã la, ɖo ŋku edzi be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe agbagbadzedzewo kple nusiwo ‘le mía si ŋu, eye menye le nusiwo mele mía si o la’ ŋu o. (Kor. II, 8:12) Nu geɖe le mía si siwo ta wòle be míada akpe na Yehowa. Esɔ be Dawid ŋlɔ be: “Makafu Yehowa ɣeawokatãɣi, eye eƒe kafukafu anɔ nunye me ɖaa.” (Ps. 34:2) Mina míawo hã míaɖoe kplikpaa alea le Ŋkuɖodziɖuɣi sia.

[Aɖaka si le axa 3]

Aleke Nàdzi Wò Dɔwɔna Ðe Edzii?

◼ Ðe gbeƒã le ɣeyiɣi si me amewo le aƒeme

◼ Ðe gbeƒã le gaglãgbe

◼ Ðe gbeƒã le dɔme alo suku

◼ Ðe gbeƒã le telefon dzi

◼ Wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa

[Nyaɖoɖo si le 5]

Kpekpeɖeŋu Mɔɖeɖedɔ ƒe Kpɔɖeŋu Ðoɖowɔɖi Mɔ Siwo dzi Nàto Akpɔ Gaƒoƒo 12 le Gbeadzi Kwasiɖa Ðesiaɖe

Ŋdi—Dzoɖa Vaseɖe Memleɖa

Àte ŋu atsɔ Kwasiɖa aɖɔ li ŋkeke ɖesiaɖe.

Ŋkeke Ɣeyiɣi Gaƒoƒo

Dzoɖa Ŋdi 2

Braɖa Ŋdi 2

Kuɖa Ŋdi 2

Yawoɖa Ŋdi 2

Fiɖa Ŋdi 2

Memleɖa Ŋdi 2

Ye Katã Gaƒoƒo: 12

Ŋkeke Eve Blibo

Àte ŋu atia ŋkeke eve si nèdi le kwasiɖaa me. (Le ŋkeke siwo nètia nu la, ɖewohĩ gaƒoƒo 48 koe nàkpɔ le ɣletia me.)

Ŋkeke Ɣeyiɣi Gaƒoƒo

Kuɖa Ŋkekea Katã 6

Memleɖa Ŋkekea Katã 6

Ye Katã Gaƒoƒo: 12

Fiẽ Eve Kple Kwasiɖanuwuwu

Àte ŋu atia kwasiɖa me ŋkeke eve si nèdi.

Ŋkeke Ɣeyiɣi Gaƒoƒo

Dzoɖa Fiẽ 1 1⁄2

Kuɖa Fiẽ 1 1⁄2

Memleɖa Ŋkekea Katã 6

Kwasiɖa Ŋkeke afã 3

Ye Katã Gaƒoƒo: 12

Ɣetrɔ Etɔ̃ Kple Memleɖa

Àte ŋu atsɔ Kwasiɖa aɖɔ li ŋkeke ɖesiaɖe.

Ŋkeke Ɣeyiɣi Gaƒoƒo

Dzoɖa Ɣetrɔ 2

Kuɖa Ɣetrɔ 2

Fiɖa Ɣetrɔ 2

Memleɖa Ŋkekea Katã 6

Ye Katã Gaƒoƒo: 12

Nye Ŋutɔ Nye Gbeadzi ƒe Ðoɖowɔɖi

Tia gaƒoƒo neni si nàwɔ dɔ ɣeyiɣi ɖesiaɖe.

Ŋkeke Ɣeyiɣi Gaƒoƒo

Dzoɖa

Braɖa

Kuɖa

Yawoɖa

Fiɖa

Memleɖa

Kwasiɖa

Ye Katã Gaƒoƒo: 12

[Aɖaka si le axa 4]

Ŋkuɖodzia ƒe Ŋkuɖodzinyawo

Míaɖu ƒe sia ƒe Ŋkuɖodzia le Yawoɖagbe, March 24. Hamemegãwo nelé ŋku ɖe nya siwo gbɔna ŋu:

◼ Ne miele ɣeyiɣi ɖom na kpekpea la, mikpɔ egbɔ be womatsɔ kpɔɖeŋunuawo atsae do ŋgɔ na ɣeɖoto o.

◼ Ele be miana amesiame, nuƒolaa hã, nanya ɣeyiɣia kple teƒe si tututu wɔnaa ayi edzi le.

◼ Midi abolo kple wein si sɔ eye mitsɔ wo va teƒea do ŋgɔ.—Mikpɔ Gbetakpɔxɔ, February 15, 2003, axa 14-15.

◼ Mitsɔ agba gbadzɛwo, kpluwo, kple kplɔ̃ kpakple kplɔ̃dzivɔ siwo sɔ va akpata la me eye miɖo wo ɖe wo nɔƒe do ŋgɔ. Hafi nuƒoa nadze egɔme la, ele be woaɖe avɔ si wotsɔ tsyɔ kpɔɖeŋunuawo dzi la ɖa.

◼ Ele be miadzra Fiaɖuƒe Akpataa alo teƒe bubu ɖesiaɖe si miakpe ta le la ɖo nyuie do ŋgɔ.

◼ Mitia anyinɔƒegbɔkpɔlawo kple amesiwo atsɔ nuawo atsae la do ŋgɔ eye miafia wo alesi woawɔ woƒe dɔwoe kple ɖoɖo nyuitɔ si nu woawɔe ɖo, kpakple alesi wòhiã be woƒe awudodo nasɔ nyuie.

◼ Miwɔ ɖoɖo miatsɔ nuawo ayi na amesiamina ɖesiaɖe si megale lãmesẽ me o eye mate ŋu ava o la hã.

◼ Ne miewɔ ɖoɖo be hame geɖe nazã Fiaɖuƒe Akpata ɖeka la, ele be hameawo nawɔ nu aduadu ale be amewo nagava sɔ gbɔ ɖe teƒea fũ dzodzro o. Be esia nanya wɔ la, ele be miadze ŋkuɖodzia gɔme ahawu enu ɖe game dzi!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe