INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/05 axa 3
  • Fifiae Nye Ɣeyiɣi si Wòle Be Woaɖe Gbeƒã!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fifiae Nye Ɣeyiɣi si Wòle Be Woaɖe Gbeƒã!
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mɔɖelawo Kpena Ðe Ame Bubuwo Ŋu Eye Wokpɔa Yayra
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Yayra Siwo Le Mɔɖeɖedɔa Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • “Àte Ŋu Awɔ Mɔɖeɖedɔa Nyuie Ŋutɔ!”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Àte Ŋu Age Ðe “Ʋɔtru Gã, Si Na Dɔ Geɖe La” Mea?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
km 8/05 axa 3

Fifiae Nye Ɣeyiɣi si Wòle Be Woaɖe Gbeƒã!

1. Nukatae wònye fifiae nye ɣeyiɣi si wòle be woaɖe gbeƒã?

1 “Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ.” Le mawudɔlawo ƒe mɔfiafia te la, wole gbedasi sia gblɔm na amewo le “to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ” me. Ðe susu ka ta? Eyae nye be, ‘Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo.’ “Ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo” la mee míele egbea, eye awu enu kple nuɖoanyi sia ƒe tsɔtsrɔ̃. Eyata ele vevie be amewo nade “ta agu na amesi wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsi dzidziwo.” Dɔ bubu aɖeke megali egbea si le vevie alo hiã kpata wu gbeƒãɖeɖe “nyanyui mavɔ” ƒe dɔ la o. Ẽ, fifiae nye ɣeyiɣi si wòle be woaɖe gbeƒã!—Nyaɖ. 14:6, 7.

2. Aleke Yehowa subɔlawo le eɖem fia be ɣeyiɣi si me míele fifia hiã na nuwɔwɔ kpata?

2 Le ƒe ewo siwo va yi me la, Yehowa subɔlawo zã gaƒoƒo si ade biliɔn 12 kloe ɖe gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa ŋu. Ame geɖe trɔ asi le woƒe agbenɔnɔ ŋu be yewoate ŋu akpɔ gome bliboe le gbɔgbɔmenuŋeŋedɔ sia me. (Mat. 9:37, 38) Le kpɔɖeŋu me, le ƒe si va yi me la, gbeƒãɖela siwo wu 850,000 ye wɔ mɔɖeɖedɔa ɣleti sia ɣleti le mama dedie nu. Le gbesiagbe mɔɖelawo gome la, esia bia be woazã gaƒoƒo 70, eye kpekpeɖeŋu mɔɖelawo nazã gaƒoƒo 50 le gbeƒãɖeɖedɔa me ɣleti sia ɣleti.

3. Asitɔtrɔ kawoe hiãna ɣeaɖewoɣi be gbeƒãɖelawo nawɔ le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ta?

3 Nusi Hiã Hafi Míate Ŋu Awɔ Mɔɖeɖedɔa: Esi mɔɖelawo de dzesii be ‘ɣeyiɣi si susɔ la le kpuie’ ta la, wodzea agbagba vevie be yewoanɔ agbe si le tsɛ. (Kor. I, 7:29, 31) Wodia mɔnu siwo akpe ɖe wo ŋu be woƒe gazazã dzi naɖe akpɔtɔ kple susu be yewoazã ɣeyiɣi ʋɛ aɖewo ko ɖe dɔwɔɖui ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo ʋu yi nɔƒe siwo le sue wu me. Bubuwo ɖe nunɔamesi siwo mehiã tututu o dzi kpɔtɔ. (Mat. 6:19-21) Ɣeaɖewoɣi la, eva hiãna hã be woaɖe asi le agbemetaɖodzinu aɖewo ŋu. Wowɔa esiawo katã be yewoakpɔ vovo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu eye yewoƒe susu nanɔ eŋu. (Ef. 5:15, 16) Tameɖoɖo kplikpaa, ɖokuitsɔtsɔsavɔgbɔgbɔ, kple ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa mee kpe ɖe gbeƒãɖela geɖe ŋu be wote ŋu wɔ ɖoɖo nyui siwo wɔe be wote ŋu le mɔɖeɖedɔa wɔm.

4. Afɔɖeɖe nyui kawoe akpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu aɖo mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe taɖodzinua gbɔ?

4 Ðe nàte ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa? Nukata màbia mɔɖela siwo le dzidzedze kpɔm la be aleke wote ŋu wɔ esiae hã o? Zɔ kpli wo le gbeadzi eye nàkpɔ alesi wole dzidzɔ kpɔmee ɖa. Dzro nyati siwo ƒo nu tso mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu me le míaƒe agbalẽwo me. Ðo taɖodzinu nyui siwo akpe ɖe ŋuwò le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me la na ɖokuiwò. Ne kuxi aɖewo li fifia siwo le mɔ xem na wò mɔɖeɖedɔa wɔwɔ la, tsɔ wo ɖo Yehowa ŋkume le gbedodoɖa me, eye nàbia kpekpeɖeŋui hena kuxiawo gbɔ kpɔkpɔ.—Lod. 16:3.

5. Aleke mɔɖeɖedɔa kpena ɖe mía ŋu be míabi le subɔsubɔdɔa me?

5 Yayrawo Kple Dzidzɔwo: Mɔɖeɖedɔa wɔwɔ dzia Mawu ƒe Nya la zazã le mɔ nyuitɔ nu ƒe ŋutete ɖe edzi, eye esia hea dzidzɔ geɖe vɛ na ame. Nɔvinyɔnu sɔhɛ aɖe si nye mɔɖela gblɔ be: “Be ame nasu te ama nyateƒenya la me pɛpɛpɛ nyea yayra gã aɖe ŋutɔ. Ne èle mɔɖeɖedɔa wɔm la, àzã Biblia edziedzi. Fifia ne mele ɖase ɖim tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu la, mete ŋu ɖoa ŋku mawunyakpukpui siwo sɔ na aƒemenɔla ɖesiaɖe la dzi.”—Tim. II, 2:15.

6. Hehe kae mɔɖeɖedɔa nana ame?

6 Míesrɔ̃a aɖaŋu siwo ŋudɔ wɔwɔ aɖe vi na mí le agbe me la tsoa mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me. Ate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo ŋu woasrɔ̃ alesi woazã woƒe ɣeyiɣiwo le nunya me, alesi woazã ga le mɔ nyuitɔ nu, kple alesi woanɔ anyi kple amewo le ŋutifafa me. Gbɔgbɔmenukpɔsusuwo va su ame geɖe si le agbe me le esi wole mɔɖeɖedɔa wɔm ta. (Ef. 4:13) Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu kple eƒe yayra sua mɔɖelawo si etɔxɛe.—Dɔw. 11:21; Fil. 4:11-13.

7. Aleke mɔɖeɖedɔa kpena ɖe mía ŋu be míetena ɖe Yehowa ŋui?

7 Míate ŋu agblɔ be yayra gãtɔ kekeake siwo dona tsoa mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me dometɔ ɖeka enye be etea mí ɖe Yehowa ŋu. Esia ate ŋu alé mí ɖe te le tetekpɔwo me. Nɔvinyɔnu aɖe si do dzi le kuxi sesẽ geɖewo me la gblɔ be: “Ƒomedodo kplikplikpli si nɔ mía kple Yehowa domee kpe ɖe ŋunye be mete ŋu nɔ te ɖe nye kuxiawo katã nu.” Eyi edzi be: “Dzi dzɔam ŋutɔ be mezã nye agbe tsɔ wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔ na Yehowa. Esia wɔe be metsɔ ɖokuinye na le mɔ siwo nyemebu kpɔ gbeɖe be mate ŋui o la nu.” (Dɔw. 20:35) Yayra geɖewo ado tso eme na mí ne eva eme be míawo hã míewɔ míaƒe ŋutete ɖesiaɖe le dɔ vevitɔ kekeake sia si nye gbeƒãɖeɖedɔa me.—Lod. 10:22.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe